Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

“Ame Geɖe Melɔ̃ Nye Nya O”

“Ame Geɖe Melɔ̃ Nye Nya O”
  • ƑE SI ME WODZII: 1978

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: CHILE

  • AME SI TƆGBI WÒNYE TSÃ: AME WƆADÃ

AGBE SI MENƆ TSÃ:

Santiago, si nye Chile ƒe dugã la ƒe nuto si me atike vɔ̃ɖi zazã, gbevuhawo kple nu vlo wɔwɔ bɔ ɖo la mee menɔ tsi. Wowu fofonye esime mexɔ ƒe atɔ̃. Esia megbe la, danye va nɔ ŋutsu aɖe si sẽa ŋuta ŋutɔ la gbɔ. Eƒoa mía kple danye siaa zi geɖe. Eƒe ŋutasesẽa gblẽ nu le nye seselelãme ŋu va de asi na egbe.

Nu si me meto le ɖevime la wɔe be esime menɔ tsitsim la, meva nɔ nu wɔm adãtɔe. Mesea heavy-metal hadzidziwo, mezu aha tsu nola, eye menoa atike vɔ̃ɖiwo ɣeaɖewoɣi. Mía kple atike vɔ̃ɖi dzralawo míedaa kɔ le ablɔwo dzi zi geɖe, eye wotee kpɔ zi geɖe be yewoaɖe nye agbe ɖa. Gbe ɖeka la, gbevuha bubu aɖe me tɔwo xe fe na amewula vɔ̃ɖi aɖe be wòawum, gake medze agbagba si le enu, ke hã etɔ hɛm zi ɖeka ya teti. Ɣebubuɣi la, atike vɔ̃ɖi dzrala aɖewo tsɔ tu ɖo nye ta dzi henɔ agbagba dzem be yewoade ka ve nam.

Le ƒe 1996 me la, ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Carolina la ƒe nu lé dzi nam, eye míeɖe mía nɔewo le ƒe 1998 me. Esi míedzi mía viŋutsu gbãtɔ la, meva nɔ vɔvɔ̃m be le ale si mewɔa adã ta la, mava nɔ ŋuta sẽm le nye ƒomea ŋu abe ale si ŋutsu si gbɔ danye va nɔ la wɔnɛ ene. Eya ta medi kpekpeɖeŋu le teƒe si wotrɔa asi le amewo ƒe nɔnɔme gbegblẽwo ŋu le. Wowɔ atike nam eye wozã dɔdamɔnu vovovowo nam, gake gbeɖegbeɖea koe. Mekpɔtɔ nɔ dziku dom le nu suetɔ kekeake ta; nyemetea ŋu ɖua ɖokuinye dzi o. Esi nyemedi be makpɔtɔ anɔ vevesese dom na nye ƒomea o ta la, medze agbagba be mawu ɖokuinye. Gake dzidzɔtɔe la, medze edzi o.

Menye mawudzimaxɔsela ƒe geɖe, gake meva di be maxɔ Mawu dzi se. Eya ta mede evangelika sɔleme hena ɣeyiɣi aɖe. Ɣemaɣi la, Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple srɔ̃nye. Gake melé fu Yehowa Ðasefowo, eye medoa ɣli ɖe wo ta hedzua wo zi geɖe. Ke hã ewɔa nuku nam be wowɔa nu ɖe ŋunye tufafatɔe ɣeawokatãɣi.

Gbe ɖeka, Carolina bia tso asinye be maxlẽ Psalmo 83:19 le nye ŋutɔ nye Biblia me. Mawunyakpukpui ma ɖee fia eme kɔ ƒãa be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Ewɔ nuku nam be wofia num tso mawu aɖe ŋu le míaƒe sɔleme, gake menye tso  Yehowa ŋu o. Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kple nye hã le ƒe 2000 ƒe gɔmedzedze lɔƒo.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Esi meyi edzi nɔ Biblia srɔ̃m la, meva kpɔe be Yehowa nye Mawu si ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu eye wòtsɔa nu vɔ̃ kena; esia fa akɔ nam. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ɖɔ Yehowa le 2 Mose 34:6, 7 be enye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, ame si gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, ame si dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada, kple nu vɔ̃ kena.”

Meva kpɔe be Yehowa nye Mawu si ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu eye wòtsɔa nu vɔ̃ kena; esia fa akɔ nam

Ke hã menɔ bɔbɔe nam be mawɔ ɖe nu si srɔ̃m menɔ la dzi o. Mesusu be nyemate ŋu aɖu dzikudodo kple adãwɔwɔ dzi gbeɖe o. Ɣesiaɣi si nyemete ŋu ɖu ɖokuinye dzi o la, Carolina dea dzi ƒo nam lɔlɔ̃tɔe. Eɖoa ŋku edzi nam be Yehowa le agbagba siwo dzem mele la kpɔm. Eƒe dzideƒonyawo do ŋusẽm be mayi edzi anɔ agbagba dzem be madze Yehowa ŋu, togbɔ be mesena le ɖokuinye me zi geɖe be nyemate ŋu atrɔ gbeɖe o hã.

Gbe ɖeka, Alejandro, si nye ame si srɔ̃ Biblia kplim la bia tso asinye be maxlẽ Galatiatɔwo 5:22, 23. Mawunyakpukpui ma ƒo nu tso Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse si nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa [kple] ɖokuidziɖuɖu” ŋu. Alejandro ɖe eme be menye nye ŋutɔ nye ŋusẽ mee mate ŋu atu nɔnɔme nyui mawo ɖo le o, ke boŋ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe lae akpe ɖe ŋunye. Nyateƒenya ma na nye nukpɔsusu trɔ keŋkeŋ!

Emegbe mede Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gã aɖe. Nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu, dzadzɛnyenye kple nɔviwɔwɔ si teƒe mekpɔ la na meka ɖe edzi be meke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu. (Yohanes 13:34, 35) Mexɔ nyɔnyrɔ le February 2001 me.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Tsã la, mewɔa adã vevie, gake Yehowa kpe ɖe ŋunye meva zu ame fafa. Mese le ɖokuinye me be eɖem tso ba me. Ame geɖe melɔ̃ nye nya o, ke hã nyemebua fɔ wo o. Gake fifia, mía kple srɔ̃nye kple vinyeŋutsu eveawo míele Yehowa subɔm dzidzɔtɔe le ŋutifafa me.

Ewɔ mo yaa na ƒonyemetɔwo kple xɔ̃nyewo be mete ŋu wɔ tɔtrɔ ma gbegbe. Esia wɔe be wo dometɔ geɖe hã lɔ̃ be yewoasrɔ̃ Biblia me nyateƒea. Mɔnukpɔkpɔ su asinye hã be mekpe ɖe ame bubuwo ŋu wova nya Yehowa. Dzidzɔ gãe wònye nam be mekpɔ ale si Biblia trɔ ame mawo hã ƒe agbenɔnɔ!