Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒewuiviwo Dzadzraɖo Hena Ame Tsitsiwo Zuzu

Ƒewuiviwo Dzadzraɖo Hena Ame Tsitsiwo Zuzu

Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Ƒewuiviwo Dzadzraɖo Hena Ame Tsitsiwo Zuzu

“Tsã la, dzeɖoɖo kple vinye ŋutsuviwo vivia nunye ŋutɔ. Woɖoa to sea nye nyawo hewɔa wo dzi enumake. Gake fifia si wozu ƒewuiviwo la, míehea glãka le nu sia nu ŋu. Wohea nya le míaƒe Mawu subɔsubɔ ŋuti ɖoɖowo gɔ̃ hã ŋu. Wobiana be: ‘Ðe wògahiã kokoko be míaƒo nu tso Biblia ŋua?’ Hafi vinyewo nage ɖe ƒewuiwo me la, nyemesusui kpɔ be nu sia adzɔ le nye ƒomea me o—togbɔ be mekpɔnɛ wòdzɔna le ƒome bubuwo me hã.”—Reggie. *

ÐE NÈLE ƒewuivi aɖe nyima? Ne nenemae la, ke viwò ƒe tsitsi ƒe ɣeyiɣi siwo ɖe dzesi wu la dometɔ ɖeka teƒee nye ema kpɔm nèle. Ate ŋu anye ɣeyiɣi ɖefunametɔwo kekeake dometɔ ɖeka. Ðe kpɔɖeŋu siwo gbɔna la dometɔ aɖe sɔ kple nu siwo me tom nèlea?

Esime viwòŋutsuvia metsi haɖe o la, enɔa ŋuwò kplikplikpli ɣesiaɣi. Fifia esi wòzu ƒewuivi la, eya ŋutɔ dina be yeawɔ nu le ye ɖokui si wò manɔmee.

Esime viwònyɔnuvia kpɔtɔ nye ɖevi la, egblɔa nya sia nya na wò. Gake esi wòzu ƒewuivi la, exɔlɔ̃wo koe wògblɔa eƒe nyawo na, ke meganye wò o.

Ne nu sia tɔgbi le dzɔdzɔm le wò ƒomea me la, mègaƒo nya ta dzitsitsitɔe be ye via le aglãdzela si ŋu womagate ŋu awɔ naneke le o la zum o. Ke nu kae le dzɔdzɔm? Be míaɖo biabia ma ŋu la, na míadzro akpa vevi si ƒewuimenɔɣi wɔna le viwòa ƒe tsitsi me la me akpɔ.

Ƒewuimenɔɣi—Ɣeyiɣi Vevi Aɖee

Tso viwòa dzigbe heyina la, tɔtrɔ geɖe siwo va eƒe agbe me la nyea nu yeyewo—gbe si gbe wòte zɔzɔ, gbe si gbe wòte nuƒoƒo, gbe si gbe wòte sukudede, kple bubuawo. Enyea dzidzɔ na dzilawo ne tɔtrɔ ɖedzesi siawo va wo viwo ƒe agbe me. Enyea kpeɖodzi be nane si wole mɔ kpɔm na la le eme vam—si nye ɖeviawo ƒe tsitsi.

Tɔtrɔ ɖedzesi ƒe ɣeyiɣi aɖee ƒewuimenɔɣi hã nye—togbɔ be esia ate ŋu anye ɣeyiɣi ɖefuname na dzila aɖewo hã. Gake gɔmesese le woƒe sese le wo ɖokui me nenema ŋu. Ne èbu eŋu kpɔ la, vifofo alo vidada kae wòadzɔ dzi na ne via si ɖoa toe tsã la va te dzikudodo ɖe eŋu le esi wòɖo ƒewuime ta? Ke hã, ƒewuimenɔɣi nyea tsitsi ƒe ɣeyiɣi vevi aɖe. Le mɔ ka nu?

Biblia gblɔ be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, “ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi.” (1 Mose 2:24) Akpa vevi aɖe si ƒewuimenɔɣi wɔnae nye be wòadzra viwòŋutsua alo viwònyɔnua ɖo ɖe dzidzɔ kple vevesese ƒe ŋkeke ma ŋu. Ɣemaɣi la, ele be viwòa nate ŋu agblɔ abe apostolo Paulo ene be: “Esime menye vidzĩ la, meƒoa nu abe vidzĩ ene, mebua tame abe vidzĩ ene, mesea nu gɔme abe vidzĩ ene; gake fifia si mezu ame tsitsi la, meɖe asi le vidzĩ me nuwɔnawo ŋu.”—1 Korintotɔwo 13:11.

Le nyateƒe me la, nu ma tututu wɔmee viwòa le le eƒe ƒewuiwo me—ele asi ɖem le ɖevimenuwo ŋu hele ale si wòazu ame tsitsi si dzi woate ŋu aka ɖo, si su te ate ŋu aʋu adzo le aƒe me aɖanɔ eɖokui si la srɔ̃m. Numekugbalẽ aɖe ɖɔ ƒewuimenɔɣi be enye “kaklã si menya klãna o ƒe babayi legbee aɖe dodo.”

Nyateƒee, fifia la, eŋububu be viwòa ava zu ɖokuisinɔla ate ŋu ana ɖikeke aɖewo naɖo mewò. Ðewohĩ àbia be:

“Ne vinyea mete ŋu le be lém na eƒe xɔme o la, aleke wòate ŋu ava lé be na aƒe bliboe?”

“Ne vinyenyɔnua mete ŋu gbɔna vaa aƒe me ɖe game dzi o la, aleke wòate ŋu ava lé fɔ ɖe dɔwɔɖui ŋu awɔ?”

Ne ele alea le aƒewò me la, ɖo ŋku edzi be: Ðokuisinɔnɔ mele abe ʋɔtru aɖe si viwò aʋu age ɖe eme ene o, ke boŋ enye mɔ didi aɖe zɔzɔ si xɔa ƒe geɖe hafi wua enu. Fifia la, ède dzesii be “bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi [alo nyɔnuvi] ƒe dzi ŋu.”—Lododowo 22:15.

Gake to mɔfiame nyuitɔ ŋu dɔ wɔwɔ me la, viwòa ate ŋu ato ƒewuimenɔɣia me dzidzedzetɔe ahazu ame tsitsi si dzi woate ŋu aka ɖo, ‘si na hehe eƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo to wo zazã me, bene woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.’—Hebritɔwo 5:14.

Nu Siwo Nana Wokpɔa Dzidzedze

Be nàdzra viwò ƒewuivi ɖo hena ame tsitsi zuzu la, ehiã be nàkpe ɖe eŋu wòatu eƒe “tamebubu ŋutete” ɖo bene wòate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo le eɖokui si. (Romatɔwo 12:1, 2) Biblia me gɔmeɖose siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò nawɔ nenema.

Filipitɔwo 4:5: “Mina amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.” Tsɔe be viwòa bia nane wò, ɖewohĩ be nàhe ɣeyiɣi si nèɖo be wòanɔ gbɔgbɔm va aƒe me la ayi ŋgɔ vie. Gake nègbe enumake. Viwò ƒewuivia do dziku gblɔ be, “Nu ka tae nèwɔa nu ɖe ŋunye abe ɖevi ene?” Hafi nàɖo eŋu agblɔ be, “Ɛ̃! èle nu wɔm abe ɖevi enee” la, de ŋugble tso nya si gbɔna la ŋu: Zi geɖe la, ƒewuiviwo dina be woana ablɔɖe geɖe wu esi dze la yewo, eye dzilawo hã doa kpo ablɔɖe ale si nu hiã la nana ƒewuiviwo. Ðe manyo be nànɔ asitɔtrɔ siwo ana nàda asɔ la wɔm edziedzi oa? Ðe mèkpɔe be asɔ be yeabu ɖevia ƒe nukpɔsusu ŋu teti oa?

TE MƆNU SIA KPƆ: Ŋlɔ nu ɖeka alo eve aɖewo siwo me nàte ŋu ana ablɔɖe geɖe wu viwò ƒewuivia le. Na eme nakɔ nɛ be ɖe yele ablɔɖe ma namee be yeakpɔ ale si wòazãe ɖa. Eye be ne ezãe nyuie la, yeanae ablɔɖe geɖe wu. Gake ne mezãe nyuie o la, yeaxɔ ablɔɖe si yenae kpee la le esi.—Mateo 25:21.

Kolosetɔwo 3:21: “Mi vifofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, bene dzi nagaɖe le wo ƒo o.” Dzila aɖewo dina be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe nu sia nu si yewo viwo wɔna la dzi. Woƒe ŋku nɔa wo ŋu ɣesiaɣi be yewoanya ame si wole ha dem kplii kple nu si wɔm wole. Wotiaa xɔlɔ̃ na wo, eye wonɔa to ɖom woƒe telefondzidzeɖoɖowo le adzame. Gake ɖeko mɔnu siawo zazã gagblẽna nyaa ɖe edzi kura. Ðeko ŋudzɔnɔnɔ ɖe wo ŋu akpa alea ana woadi be yewoanɔ kpɔ ɖɔlim na mi; nyahehe ɖe wo xɔlɔ̃wo ŋu edziedzi agagblẽ nyaa ɖe edzi boŋ; toɖoɖo woƒe dzeɖoɖowo le adzame ana woato mɔ bubuwo dzi anɔ dzeɖom kple wo xɔlɔ̃wo le miaƒe manyamanya me. Agbagbadzedze be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nu sia nu dzi ana be miagava kpɔ ŋusẽ boo aɖeke ɖe wo dzi o. Le nyateƒe me la, ne viwò ƒewuiviwo mete ŋu srɔ̃ ale si woawɔ nyametsotso le wo ɖokui si esime wokpɔtɔ le aƒea me o la, aleke woate ŋu awɔ nyametsotso le wo ɖokui si ne wova dzo le aƒe me?

TE MƆNU SIA KPƆ: Ɣebubuɣi si nàƒo nu tso nane ŋu na viwò ƒewuivi la, kpe ɖe eŋu wòakpɔ nu si ado tso eƒe nyametsotsowo me. Le kpɔɖeŋu me, le esi teƒe be nàƒo nu tsi tsitre ɖe exɔlɔ̃wo dometɔ aɖe ŋu la, biae boŋ be: “Ke ne edzɔ be wolé [asimasi] ɖe nu gbegblẽ aɖe wɔwɔ ta ɖe? Aleke amewo abu tso ŋuwò?” Kpe ɖe viwò ƒewuivia ŋu wòakpɔe be eƒe tiatiawo ana nukpɔsusu nyui nanɔ amewo si ɖe eŋu loo alo ana nukpɔsusu gbegblẽ nanɔ wo si ɖe eŋu.—Lododowo 11:17, 22; 20:11.

Efesotɔwo 6:4: “Mi vifofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.” Nyagbɔgblɔ “susua mamla” lɔ nu geɖe ɖe eme wu nyateƒenyawo ko gbɔgblɔ na ame. Efia be woakpe ɖe ɖevia ŋu wòakpɔ agbe nyui nɔnɔ ƒe vevienyenye adze sii, eye be esia nakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nuwɔnawo dzi. Esia hiã, vevietɔ ne viwòa ge ɖe eƒe ƒewuiwo me. Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Andre gblɔ be: “Zi ale si viwòa le tsitsim la, zi nenemae wòhiã be nànɔ asi trɔm le ale si nèwɔa nu kpli la ŋu ahade ŋugble kpli.”—2 Timoteo 3:14.

TE MƆNU SIA KPƆ: Ne nya aɖe do mo ɖa la, àte ŋu ana ɖevia nawɔ wò dzilaa ƒe teƒe eye wò hã nàwɔ ɖevia ƒe teƒe. Bia viwò ƒewuivia be aɖaŋu kae wòaɖo na ye ne viae yenye hã. Na wòawɔ numekuku bene wòake ɖe nu siwo ɖee fia be eƒe nuŋububua sɔ alo mesɔ o la ŋu. Migbugbɔ dzro nyaa me emegbe le kwasiɖaa me.

Galatiatɔwo 6:7: “Nu sia nu si ƒãm ame le la, nu sia kee wòaŋe.” Woate ŋu afia nu ɖevi to tohehe nɛ—abe enyanya ɖo ɖe xɔ me alo gbegbe be wòagakpɔ gome le nane si doa dzidzɔ nɛ la wɔwɔ me o—dzi. Gake le ƒewuivi ya gome la, anyo wu be nàna eya ŋutɔ natsɔ eƒe nuwɔnawo me tsonuwo ƒe agba.—Lododowo 6:27.

TE MƆNU SIA KPƆ: Mègaxe fe siwo wònyi la ɖe enu, alo anɔ taflatsɛdonyawo gblɔm na eƒe nufiala ne mewɔ dɔ le suku nyui o. Na eya ŋutɔ nakpe eƒe nuwɔnawo me tsonuwo ƒe fu, eye esia ana nu si wòasrɔ̃ tso eme la aɖe vi nɛ ɖaa.

Abe dzila ene la, anɔ eme be nèle mɔ kpɔm be ye via ƒe ƒewuimetoto ahazu ame tsitsi nanye esi me kuxi boo manɔ o. Gake ƒãa hafi wònɔna alea. Ke hã, viwòa ƒe ƒewuimenɔɣi nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na wò be ‘nàmlã ɖevi la ɖe mɔ si wòato la ŋu.’ (Lododowo 22:6) Biblia ƒe gɔmeɖosewo nye gɔmeɖokpe sẽŋu si dzi nàte ŋu atu ƒome kpɔdzidzɔ ɖo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔa.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . . 

Kaka vinye ƒewuivia nava ʋu adzo le aƒe me la, ɖe wòate ŋu asu te na nu siwo gbɔna la wɔwɔa?

▪ gbɔgbɔmenumame nyuiwo me léle ɖe asi

▪ tiatia kple nyametsotso nyuiwo wɔwɔ

▪ dzeɖoɖo nyuie kple ame bubuwo

▪ beléle na eɖokui le lãmesẽnyawo gome

▪ gazazã nyuie

▪ beléle na aƒe alo eme dzadzraɖo nyuie

▪ anye ame si ate ŋu atso le eɖokui si aɖe afɔ siwo hiã ɣesiaɣi

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ne viwò ƒewuivia wɔa nu siwo ɖee fia be woate ŋu aka ɖe ye dzi la, ɖe nàte ŋu anae ablɔɖe geɖe wua?