Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Anyidi Ƒe Kɔ

Anyidi Ƒe Kɔ

ALE SI anyidi tea ŋu kɔa nu siwo kpena wu eya ŋutɔ zi geɖe la wɔa nuku na mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo ŋutɔ. Be woate ŋu ase anyidi ƒe ŋutete sia gɔme la, mɔ̃ɖaŋudɔwɔla siwo le Amerika le Ohio Nutoa ƒe yunivɛsiti tsɔ kɔmpiuta wɔ nane si ɖi anyidi be wòawɔ nu pɛpɛpɛ abe anyidi ene. X-ray fotoɖemɔ̃woe wozã tsɔ wɔ anyidi sia be woatsɔ akpɔ ŋusẽ si gbegbe anyidi zãna hafi tea ŋu kɔa agba kpekpewo.

Anyidi ƒe kɔe nye eƒe ametia ƒe akpa vevi si kpena ɖe eŋu wòtea ŋu kɔa agba kpekpe ɖe nu. Lã falɛfalɛ siwo le anyidi ƒe kɔ ŋu la miãna ɖe eƒe ametia ƒe sesẽƒe kple eƒe ta ŋu wònɔna abe ale si wodea asi asitɛ me ene. Numekulawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ale si kɔa va miãna ɖe taa kple eƒe ametia ƒe sesẽƒea ŋu hiã vevie ŋutɔ be kɔa nate ŋu awɔ eƒe dɔ. Ðewohĩ ale si eƒe ametia ƒe akpa si bɔbɔ va miãna ɖe sesẽƒea ŋu lae nana be ŋusẽ nɔna eŋu be wòtsɔa agba siwo lolo wu eya ŋutɔ.” Numekulawo le mɔ kpɔm be ne yewova se ale si anyidi ƒe kɔ wɔa dɔe gɔme nyuie la, akpe ɖe yewo ŋu be yewoawɔ robɔt siwo gade ŋgɔ wu.

Nu kae nèsusu? Ðe anyidi ƒe kɔ wɔnuku la kple ale si wòwɔa dɔe la dzɔ le eɖokui sia? Alo wɔla lae wɔea?