Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuɖuɖu Siwo Nana Ame Dzea Dɔ Kple Nuɖuɖu Siwo Ðea Fu Na Ame—Vovototo Kae Le Wo Dome?

Nuɖuɖu Siwo Nana Ame Dzea Dɔ Kple Nuɖuɖu Siwo Ðea Fu Na Ame—Vovototo Kae Le Wo Dome?

Emily: “Esi mekpɔe be nye lãme menɔ wɔwɔm nyuie o la, meda gafloa ɖi. Nu me tem fiefie eye nye aɖe nɔ tetem. Nye mo nɔ tɔtrɔm eye gbɔgbɔ zu dɔ nam. Nutsetsewo do ɖe nye abɔwo kple nye kɔ ŋu. Medi be malé ɖokuinye kpoo gake ele be mawɔ kaba ayi kɔdzi!”

LE AME akpa gãtɔ gome la dzidzɔe nuɖuɖu nye na wo. Gake le ame aɖewo hã gome la, enye dzizizi na wo be woabu nuɖuɖu aɖewo be wonye yewoƒe “futɔwo.” Le ame siawo gome la, nuɖuɖu aɖewo nana wodzea dɔ abe Emily si ƒe nya míegblɔ va yi ene. Le ale si Emily tɔa nu sẽe la ate ŋu ana wòaku gɔ̃ hã. Dzidzɔtɔe la, ame akpa gãtɔ tɔ nu mesẽ nenema gbegbe o.

Le ŋkeke siawo me la, ame siwo nuɖuɖu aɖewo nana wodzea dɔ kple ame siwo nuɖuɖu aɖewo ɖea fu na la le dzidzim ɖe edzi. Ke hã numekukuwo fia be togbɔ be ame geɖe gblɔna be nuɖuɖu aɖewo nana yewodzea dɔ hã la, wova de dzesii be wo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu koe kuxi sia le.

Nuɖuɖu Siwo Nana Ame Dzea Dɔ

Le dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo siwo aƒenɔ Jennifer J. Schneider Chafen nɔ ŋgɔ na ƒe nya siwo wota ɖe magazine aɖe me nu la, “ame sia ame kple nuɖuɖu siwo nana wòdzea dɔ.” (The Journal of the American Medical Association) Ke hã, eŋunyala geɖewo gblɔ be lãmenu siwo kpɔa míaƒe lãmesẽ ta koŋ gbɔe wòtsona be nuɖuɖu aɖewo nana míedzea dɔ.

Zi geɖe la, nunyiame si nye protein (protéine) si le nuɖuɖu aɖewo me ye nana ame aɖewo dzea dɔ. Lãmenu siwo kpɔa míaƒe lãmesẽ ta dea dzesi protein la vodadatɔe be enye nu si agblẽ nu le ame ŋu. Ne protein ƒomevi aɖe ge ɖe amea ƒe lãme la, lãmenu siwo kpɔa míaƒe lãmesẽ ta dzia dɔlékuiwunu si nye IgE be wòawɔ avu kplii. Nenye be amea gaɖu nuɖuɖu ma ke la dɔlékuiwunu (IgE) si le lãme na amea xoxo la gadzia lãmetsi bubuwo siwo dome histamine (l’histamine) hã le kpenɛ.

Le nyateƒe me la histamine wɔa akpa vevi aɖe be míenɔa lãmesẽ me. Gake ɖe susu aɖewo siwo mele nyanya o ta la, lãmetsi siwo nye IgE kple histamine dzidzi ɖe lãme na ame aɖewo siwo nuɖuɖu aɖewo menyo na o nana wodzea dɔ.

Esia tae ne èɖu nuɖuɖu aɖe si menyo na wò o zi gbãtɔ la, naneke madzɔ ɖe dziwò o, gake ne ègaɖui ɣebubuɣi la, àdze dɔ.

Nuɖuɖu Siwo Ðea Fu Na Ame

Abe nuɖuɖu siwo nana ame dzea dɔ ene la, nuɖuɖu siwo ɖea fu na ame hã li. Lãmenu siwo kpɔa míaƒe lãmesẽ ta gbɔe wòtsona be nuɖuɖu aɖewo nana ame dzea dɔ gake le nuɖuɖu aɖewo siwo ɖea fu na ame ya gome la lãmenu siwo tua nu siwo míeɖuna gbɔe wòtsona. Zi geɖe la, esesẽna na dɔgboa be wòatu nuɖuɖua le esi lãmetsi siwo wɔa dɔ sia mesɔ gbɔ o ta alo be esesẽna na dɔgboa be wòatu nunyiame aɖe si le nuɖuɖua me. Le kpɔɖeŋu me, lactose si nye sukli si le nyinotsi me la ɖea fu na ame ne amea ƒe dɔmenuwo medzi lãmetsi geɖe be woatu suklia ahawɔ eŋu dɔ o.

Le nuɖuɖu siwo ɖea fu na ame ya gome la, ne ame nya ɖu nua zi gbãtɔ ko la ade dzesi eƒe fuɖename enumake. Ðewohĩ nuɖuɖu siwo ɖea fu na ame la ƒe agbɔsɔsɔ si amea ɖu gbɔe wòatso be wòaɖe fu nɛ. Ne eɖu nuɖuɖu mawo ƒe ʋɛ aɖewo ko la ɖewohĩ maɖe fu nɛ o, gake ne eɖui wòsɔ gbɔ la aɖe fu nɛ. Le nuɖuɖu siwo nana ame dzea dɔ gome ya la ne ame ɖu sue aɖe gɔ̃ hã la ate ŋu ade eƒe agbe afɔku me.

Dzesiawo

Ne èɖu nane eye ŋuti te wò fiefie, klabi do ɖe ŋuwò, wò veme, ŋkuwo kple wò aɖe te, dzigbɔ le tsɔwòm, èle tutrum, èŋɔ mĩ, eye vɔ̃ɖitɔ wue nye be ɖewohĩ eho ʋusɔgbɔdɔ na wò, wò mo le zi tsɔm, nèyi ɖi me, alo dzidɔ dze dziwò la, ekema efia be ɖewohĩ nuɖuɖu ma le esiwo nana nèdzea dɔ la dome. Wo dometɔ aɖewo nu ate ŋu asesẽ ale gbegbe be wòawu ame.

Nuɖuɖu ɖe sia ɖe kloe ate ŋu ana ame nadze dɔ. Ke hã, nuɖuɖu ʋɛ aɖewo koe nana ame dzea dɔ vevie. Woawoe nye: nyinotsi, koklo kple xewo ƒe aziwo, tɔmelã, agalã kple bɔlu, ayi si nye soya (soja) azi siwo tsena ɖe atiwo dzi kple lu. Nuɖuɖu aɖewo ate ŋu ana ƒe ɖe sia ɖe xɔla nadze dɔ. Numekukuwo fia be woate ŋu anyi edome tso ame dzilawo gbɔ bɔbɔe vevietɔ nenye be nuɖuɖu aɖewo nana dzila ɖeka alo evea siaa dzea dɔ. Zi geɖe la, ne ɖevi aɖewo tsi la, nuɖuɖu aɖewo siwo nana wodzea dɔ la megaɖea fu na wo o.

Dzesi siwo fiana be nuɖuɖu aɖe ɖea fu na ame la nu mesẽna de dzesi siwo fiana be nuɖuɖu aɖe nana ame dzea dɔ la nu o. Ne nuɖuɖu aɖe ɖea fu na ame la, ate ŋu ana dɔme naɖu ame, ƒodo nadzi ɖe ame ŋu, ame nanɔ ŋɔ nyem, dɔme nanɔ elém, ta nanɔ eɖum, nutsetsewo nado ɖe eŋu, ɖeɖi nate eŋu alo ame natsi mavomavo. Nuɖuɖu siwo ate ŋu aɖe fu na ame dometɔ aɖewo nye nyinotsi kple nyinotsi babla, lu kple ƒo ƒomevi aɖewo, aha sesẽwo kple nu siwo me amɔwɔʋãnu le.

Ale Si Nàwɔ Anya Kple Ale Si Nàwɔ Adae

Ne èsusu be nuɖuɖu siwo nana ame dzea dɔ alo nuɖuɖu siwo ɖea fu na ame nye kuxi le ye ŋu la, ɖewohĩ àte ŋu ayi kɔdzi be ɖɔkta si nya nu tso eŋu la nado wò kpɔ. Ne wò ŋutɔ nèdzudzɔ nanewo ɖuɖu le esi nèsusu be woawo gbɔe yeƒe kuxia tso la, awɔe be nàte nunyiame vevi aɖewo siwo wò ametia hiã la ɖokuiwò le manyamanya me.

Le nuɖuɖu siwo nana ame dzea dɔ gome la, edadamɔnu bubu aɖeke meli tsɔ wu be ame naƒo asa na nuɖuɖu mawo o. * Ke hã, ne nuɖuɖuawo ƒe fuɖename nu mesẽ boo o la, ke aɖe vi na wò ne èɖe nuɖuɖu mawo ƒe agbɔsɔsɔ si nèɖuna kple ale si nèɖunɛ edziedzi la dzi kpɔtɔ. Le go aɖewo me la, le ale si nuɖuɖua ɖea fu na amee ta la, ele be amea naƒo asa na nuɖuɖu mawo kura alo adzudzɔ wo ɖuɖu hena ɣeyiɣi aɖe.

Eya ta ne nuɖuɖu aɖewo nana nèdzea dɔ alo ɖea fu na wò la, efaa akɔ be nànya be ame geɖe siwo ŋu kuxi sia le la srɔ̃ ale si woanɔ te ɖe nɔnɔme sia nu eye wogasea vivi na nuɖuɖu vovovowo.

^ mm. 19 Wokafui be ame siwo nuɖuɖu aɖewo nana wodzea dɔ vevie la nalé nugoe si me adrenaline alo epinephrine (l’adrénaline) le ɖe asi be woado ɖe lãme ne dɔa ho na wo. Kɔdzidɔwɔla aɖewo do susu ɖa be ele be woana dzesidenu aɖewo nanɔ ɖevi siwo nuɖuɖu aɖewo nana wodzea dɔ la ŋu ale be wòaɖo ŋku edzi na nufialawo kple ame siwo kpɔa ɖeviwo dzi be dɔ ma le wo ŋu.