Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Togbɔ Be Menye Tokunɔ Hã, Esia Mexe Mɔ Nam Be Nyemeɖe Gbeƒã Na Amewo O

Togbɔ Be Menye Tokunɔ Hã, Esia Mexe Mɔ Nam Be Nyemeɖe Gbeƒã Na Amewo O

Mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1941 me esime mexɔ ƒe 12. Gake ƒe 1946 me hafi meva se Biblia me nyateƒea gɔme nyuie. Aleke wòdzɔe? Na magblɔ nye ŋutinya na wò.

DZINYELAWO ʋu tso Tbilisi, Georgia, yi Canada le ƒe 1910-awo me, eye woyi ɖanɔ agblekɔƒe sue aɖe si le gbadzaƒe dama, si te ɖe Pelly, Saskatchewan, ŋu le Canada ƒe ɣetoɖoƒe gome la me. Wodzim le ƒe 1928 me, eye nyee nye dɔmlɔea le vi adeawo dome. Papa ku ɣleti ade megbee wodzim, eye Dada ku esime menye vidzĩ ko. Eteƒe medidi kura o, daanye tsitsitɔ, Lucy, hã ku esi wòxɔ ƒe 17. Esia megbe la, nyruinye, Nick, kplɔ nye kple nɔvinye susɔeawo míeva nɔ egbɔ.

Esi mete azɔli la, edzɔ gbe ɖeka be míaƒe ƒomea kpɔm menɔ míaƒe sɔtsu si míetsɔ dea agble la ƒe asike hem. Wovɔ̃ be sɔa ava tu afɔkpom, eya ta wonɔ ɣli dom sesĩe be madzudzɔ, gake nyemenye kɔ gɔ̃ hã o. Wonɔ megbenye ɖaa, eye nyemese woƒe ɣlidodoawo o. Dzidzɔtɔe la, sɔa mewɔ nu vevim o, gake gbe ma gbee míaƒe ƒomea va nyae be nye to ku.

Ƒomea ƒe xɔlɔ̃ aɖe gblɔ be woadem tokunɔwo ƒe suku, eya ta nyruinye Nick dem tokunɔwo ƒe suku si le Saskatoon, le Saskatchewan. Sukua didi tso míaƒe ƒomea gbɔ, eya ta woazɔ mɔ gaƒoƒo geɖe hafi ava míaƒe sukua, eye esi wònye be ƒe atɔ̃ koe mexɔ ɣemaɣi ta la, mevɔ̃ ŋutɔ. Mɔkeɣiwo koe megbɔna va aƒe me. Mlɔeba, meva nya tokunɔgbea eye fefe kple ɖevi bubuwo dzɔa dzi nam.

MESRƆ̃ BIBLIA ME NYATEƑEA

Le ƒe 1939 me la, Marion, si nye daanye tsitsitɔ si kpɔtɔ li la ɖe Bill Danylchuck, eye wokplɔ nye kple nɔvinyenyɔnu Frances míeɖanɔ wo gbɔ. Woawoe nye míaƒe ƒometɔ gbãtɔ siwo Yehowa Ðasefowo srɔ̃ nu kple. Le nye mɔkeɣiwo la, wodzea agbagba fiaa nu siwo srɔ̃m wonɔ le Biblia me lam ale si woate ŋui. Le nyateƒe mea, menɔ bɔbɔe be míaɖo dze kple mía nɔewo o, elabena womenya tokunɔgbea o. Gake edze ƒãa be wokpɔe be medi vevie be manya nu tso Mawu ŋu. Mekpɔe be nu si wɔm wonɔ la wɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ, eya ta, nye hã mekplɔa wo ɖo ne wole gbeƒã ɖem na amewo. Eteƒe medidi o, medi be maxɔ nyɔnyrɔ, eye le September 5, 1941, dzi la, Bill nyrɔm le gago aɖe si me wodu vudometsi kɔ ɖo la me. Tsia fa miamiamia eteƒe mekɔ o!

Nye kple tokunɔ aɖewo, le takpekpe gã aɖe me, le Cleveland, Ohio, le ƒe 1946 me

Esi míeke mɔ le ƒe 1946 me eye metrɔ yi aƒe me la, míede takpekpe gã aɖe si wowɔ le Cleveland, Ohio, le Amerika. Le takpekpea ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nɔvinyenyɔnuawo nɔ wo nɔewo ɖɔ lim nɔ nuƒoawo me nyawo ŋlɔm ɖe agbalẽ dzi nam. Gake le ŋkeke evelia dzi la, dzi dzɔm ŋutɔ esi meva nyae be nyagɔmeɖela aɖe nɔ nuƒoawo gɔme ɖem na tokunɔ siwo va takpekpea. Azɔ nye hã mete ŋu se takpekpea me nyawo gɔme, eye edzɔ dzi nam ŋutɔ be meva se Biblia me nyateƒea gɔme nyuie mlɔeba!

NYATEƑEA FIAFIA AMEWO

Xexemeʋa Evelia ke teti koe nye ema, eye dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ nu sẽ le amewo me ɣemaɣi. Esi míegbɔ tso takpekpea la, meɖoe kplikpaa be manɔ agbe wòawɔ ɖeka kple nye dzixɔsewo le suku. Eya ta, nyemegadoa gbe na aflaga o, eye nyemegadzia dukɔa ƒe ha hã o. Medzudzɔ gomekpɔkpɔ le ŋkekenyuiwo ɖuɖu me, eye nyemegakpɔa gome le sukua ƒe sɔlemewɔnawo hã me o. Esia medze nufialawo ŋu o, eya ta wodze agbagba be yewoato ŋɔdzidoname kple alakpanyawo dzi ana matrɔ susu. Esiawo katã wɔe be sukuvi geɖewo va nɔ nu ƒom le ŋunye, gake esia na mɔnukpɔkpɔm meɖi ɖase na wo. Nye sukuhati siwo nye Larry Androsoff, Norman Dittrick kple Emil Schneider va xɔ nyateƒea mlɔeba, eye wokpɔtɔ le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe va de asi na egbe.

Meɖoe be ɣesiaɣi si maɖi tsa ayi dugãwo me la, maɖi ɖase na tokunɔwo. Le kpɔɖeŋu me, le Montreal la, meyi tokunɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe, eye meɖi ɖase na Eddie Tager, si nye ɖekakpui aɖe si nɔ tokunɔwo ƒe ha aɖe me ɣemaɣi. Enɔ tokunɔgbe hame si le Laval, le Quebec, la me va se ɖe esime wòku le ƒe si va yi me. Medo go ɖekakpui aɖe hã si ŋkɔe nye Juan Ardanez. Ewɔ nu abe Beroiatɔwo ene, elabena etsɔ didi vevie ku nu me tsitotsito be yeakpɔe ɖa be nyateƒee Biblia me gbedeasi si sem yele la nye hã. (Dɔw. 17:10, 11) Eya hã xɔ nyateƒea, eye wòva zu hamemetsitsi hesubɔ nuteƒewɔwɔtɔe le Ottawa, Ontario, va de asi na eƒe kugbe.

Mele ablɔdziɖaseɖiɖidɔa wɔm le ƒe 1950-awo me

Le ƒe 1950 me la, meʋu yi Vancouver. Tokunɔwo koŋue melɔ̃a gbeƒãɖeɖe na. Ke hã, nyemaŋlɔ ale si meɖi ɖase na nyɔnu aɖe si menye tokunɔ o, si ŋkɔe nye Chris Spicer, le mɔ dzi la be gbeɖe o. Elɔ̃ be míanɔ magazineawo ɖom ɖe ye to posu dzi eye wòdi be mava dze si ye srɔ̃, Gary. Eya ta, meyi wo ƒeme, eye míeɖo dze ɣeyiɣi didi aɖe. Míewɔ esia to nuŋɔŋlɔ ɖe pepa dzi na mía nɔewo. Emae nye zi mamlɛtɔ si míedo go va se ɖe esime ƒe aɖewo megbe la, wokpɔm dze sii le amehawo dome le takpekpe gã aɖe me le Toronto, Ontario. Ewɔ nuku nam ŋutɔ. Gbe ma gbe tututue Gary xɔ nyɔnyrɔ. Nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi sia na mekpɔ ale si wòle vevie be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem, elabena míenya afi si nyateƒea atse ku le alo ɣeyiɣi si wòatse ku o.

Emegbe la, megatrɔ yi ɖanɔ Saskatoon. Gbe ɖeka, medo go nyɔnu aɖe si bia tso asinye be masrɔ̃ Biblia kple ye vinyɔnu venɔvi siwo nye tokunɔwo. Wonɔ suku dem le tokunɔwo ƒe suku si mede va yi; wo ŋkɔwoe nye Jean kple Joan Rothenberger. Eteƒe medidi o, nyɔnuviawo va nɔ nu siwo srɔ̃m wonɔ la gblɔm na woƒe sukuhatiwo. Mlɔeba, woƒe sukuhati atɔ̃ va zu Yehowa Ðasefowo. Wo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Eunice Colin. Esi menɔ tokunɔwo ƒe sukua dem ye medo go Eunice zi gbãtɔ esime wòsusɔ vie mawu suku nu. Ɣemaɣi la, ena kpetikem eye wòbiam be madi be míazu xɔlɔ̃wo hã. Eunice va zu ame vevi aɖe nam emegbe—eva zu srɔ̃nye!

Nye kple Eunice, le ƒe 1960 kple ƒe 1989 me

Esi Eunice nɔ va nya be ye via le Biblia srɔ̃m la, egblɔ na sukua ƒe tatɔ be wòana wòadzudzɔ. Sukutatɔa xɔ eƒe Biblia-srɔ̃gbalẽawo le esi gɔ̃ hã. Gake Eunice ɖoe kplikpaa be yeaku ɖe Yehowa ŋu goŋgoŋ. Esi wòɖoe be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, edzilawo gblɔ nɛ be, “Ne èzu Yehowa Ðasefo la, màganɔ aƒe sia me o!” Eunice va dzo le aƒea me hã vavã esime wòxɔ ƒe 17, eye Ðasefowo ƒe ƒome aɖe xɔe ɖe wo ƒeme. Eunice yi eƒe nusɔsrɔ̃a dzi eye wòva xɔ nyɔnyrɔ emegbe. Esi míeɖe mía nɔewo le ƒe 1960 me la, edzilawo meva srɔ̃ɖeƒea o. Ke hã, ƒe aɖewo megbe la, wova de bubu mía ŋu le míaƒe mawusubɔsubɔ kple ale si míehe mía viawo ta.

YEHOWA LÉ BE NAM

Vinye Nicholas kple srɔ̃a, Deborah, le subɔsubɔm le Betel le London

Togbɔ be míenye tokunɔwo hã, mía viŋutsu adreawo menye tokunɔwo o. Ðeviawo hehe menɔ bɔbɔe o, gake míekpɔ egbɔ be wosrɔ̃ tokunɔgbea ale be míate ŋu aɖo dze kpli wo ahafia nyateƒea wo. Nɔvi siwo nɔ míaƒe hamea me hã kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, dzila aɖe ŋlɔ ɖe pepa dzi na mí be mía vi ɖeka nɔ nya madzetowo gblɔm le Fiaɖuƒe Akpata me. Esia wɔe be míete ŋu kpɔ nyaa gbɔ enumake. Vinyeŋutsu ene siwo nye James, Jerry, Nicholas kple Steven, le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe kple wo srɔ̃wo kpakple wo viwo. Mía vi ene siawo katã nye hamemetsitsiwo. Gakpe ɖe eŋu la, Nicholas kple srɔ̃a, Deborah, le asi kpem ɖe tokunɔgbegɔmeɖeɖedɔa ŋu le Britain alɔdzedɔwɔƒea, eye Steven kple srɔ̃a, Shannan, hã le dɔ wɔm le tokunɔgbegɔmeɖeƒe si le alɔdzedɔwɔƒe si le Amerika.

Vinyeŋutsu siwo nye James, Jerry kple Steven kpakple wo srɔ̃wo kpea asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le tokunɔgbe me le mɔ vovovowo nu

Ɣleti ɖeka do ŋgɔ na míaƒe srɔ̃ɖezã 40 lia la, Eunice dɔ alɔ̃ le ku me. Kansa ye wui. Ale si dzi nɔ eƒo le eƒe dɔléɣia ɖe dzesi ŋutɔ. Tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa do ŋusẽe le ɣeyiɣi sesẽ mawo me. Mele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si magakpɔe ake.

Faye kple James Markin; Jerry kple Evelyn Markin; Shannan kple Steve

Le February 2012 me la, medze anyi eye nye aligoƒu ŋe, eye wòva dze ƒãa be mehiã kpekpeɖeŋu. Eya ta, meyi ɖanɔ vinyeŋutsu ɖeka kple srɔ̃a gbɔ. Míele Calgary Tokunɔgbe Hamea me fifia, eye megakpɔtɔ nye hamemetsitsi. Le nyateƒe me la, esiae nye zi gbãtɔ si meva nɔ tokunɔgbe hame me. Wò ya bu eŋu kpɔ! Esi wònye be Eŋlisigbe hame mee menɔ tso keke ƒe 1946 me ta la, aleke nuwo nɔ nam le gbɔgbɔ me? Yehowa lé be nam abe ale si tututu wòdo ŋugbe be yealé be na tsyɔ̃eviwo ene. (Ps. 10:14) Meda akpe na ame siwo katã kpe ɖe ŋunye la ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. Wo dometɔ aɖewo ŋlɔ kpekpeawo me nyawo ɖe agbalẽ dzi nam, ɖewo srɔ̃ tokunɔgbea, eye bubuwo hã ɖe nyawo gɔme ɖe tokunɔgbe me nam ale si woate ŋui.

Mede mɔɖelawo ƒe suku le Amerika Tokunɔgbe me esime mexɔ ƒe 79

Ne mato nyateƒea, ɣeaɖewoɣi la, nu tena ɖe dzinye ale gbegbe be medina be mana ta, le esi nyemetea ŋu sea nya siwo gblɔm wonɔ le kpekpeawo me la gɔme o alo esi wòwɔ nam be womenɔ tokunɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm o ta. Ke hã, le ɣeyiɣi mawo me la, mebua nya si Petro gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò” la ŋu. (Yoh. 6:66-68) Gake mesrɔ̃ dzigbɔɖi abe ale si wòle le nɔvi tokunɔ siwo hã le Yehowa subɔm tso esime mexɔ nyateƒea la gome ene. Mesrɔ̃ ale si makpɔ Yehowa kple eƒe habɔbɔa sinu, eye esia ɖe vi nam ale gbegbe! Fifia, gbɔgbɔmenuɖuɖu va bɔ ɖe tokunɔgbe me, eye medea ha kple nɔviwo le kpekpewo kple takpekpe siwo míedena le Amerika Tokunɔgbe me la me. Magblɔ be Yehowa, mía Mawu gã la, subɔsubɔ na mekpɔ dzidzɔ le agbe me vavã, eye wòɖe vi nam ale gbegbe.