Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔ kple ŋkuɖodzikpe gãgãwo nɔ Niniwe-dua me

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu kae dzɔ ɖe Niniwe dzi le Yona ƒe ku megbe?

LE ƑE 670 D.Y. me lɔƒoa, Asiria va zu dukɔ si kpɔ ŋusẽ wu le xexea me. Britaintɔwo ƒe blemanudzraɖoƒe aɖe ka nya ta le Internet dzi be: “Eƒe anyigba tso Kipro, si le ɣetoɖoƒe, va yi Iran, si le ɣedzeƒe, eye wòva lɔ Egipte hã ɖe eme hena ɣeyiɣi aɖe.” Eƒe fiadu, Niniwe, ye nye gãtɔ le xexea me ɣemaɣi. Ŋkuɖodzikpewo, abɔ dzeaniwo, fiasã gãgãwo kple agbalẽdzraɖoƒe gãwo nɔ eme. Nu siwo woŋlɔ ɖe Niniwe ƒe gliwo ŋu ɖee fia be, Fia Asenapar gblɔ be yee nye “xexemefia” abe ale si Asiria-fia bubuwo hã gblɔe ene. Eye ɣemaɣia, edze abe womate ŋu atsrɔ̃ Asiria kple Niniwe o ene.

Asiria-fiaɖuƒe sesẽ lae kpɔ ŋusẽ wu le xexea me ɣemaɣi

Ke hã, esime Asiria va kpɔ ŋusẽ wua, Yehowa ƒe nyagblɔɖila Zefaniya gblɔ ɖi be: “[Yehowa atsrɔ̃] Asiria, ana Niniwe nazu aƒedo, eye wòaƒu kplakplakpla abe gbegbe ene.” Yehowa ƒe nyagblɔɖila Nahum hã gblɔ ɖi be: “Miha klosalo; miha sika! . . . Woɖi gbɔlo dua, eye wòtsi ƒuƒlu hezu aƒedo! . . . Ame sia ame si akpɔ wò la asi le gbɔwò agblɔ be: ‘Wogbã Niniwe!’” (Zef. 2:13; Nah. 2:9, 10; 3:7) Esi amewo se nyagblɔɖi siawoa, woate ŋu anɔ wo ɖokuiwo biam be: ‘Ðe nu sia ate ŋu adzɔa? Ðe woate ŋu atsrɔ̃ Asiria-du sesẽ sia?’ Adze abe manya wɔ o ene.

Niniwe va ɖi gbɔlo hezu gbegbe!

Gake edzɔ! Kaka ƒe 670 D.Y. ƒe nuwuwu lɔƒoa, Babilontɔwo kple Mediatɔwo va tsrɔ̃ Asiria. Ʋeʋeʋe la, Niniwe va zu dze bú ɖe ama me! “Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Vivivi la, Niniwe-dua megava nɔ anyi kura o, eye ne amewo xlẽ nu tso eŋu le Biblia me ko hafi wova nyana be du aɖe nɔ anyi nenema kpɔ.” (The Metropolitan Museum of Art) Biblia ŋuti tomenukulawo ƒe habɔbɔ aɖe gblɔ be: “Kaka ƒe 1800-awo ƒe gɔmedzedzea, ame aɖeke menya gɔ̃ hã be Niniwe-du gã aɖe nɔ anyi kpɔ o.” Gake le ƒe 1845 mea, tomenukula Austen Henry Layard dze afi si Niniwe-dua nɔ la kuku gɔme be yeakpɔ kpeɖodziawo hã. Eye nu siwo ŋu wòke ɖo la ɖo kpe edzi be, Niniwe nye dugã dzeani aɖe si nɔ anyi kpɔ nyateƒe.

Ale si nyagblɔɖi siwo ku ɖe Niniwe ŋu va eme pɛpɛpɛ la na míegaka ɖe edzi geɖe wu be, nya siwo Biblia gblɔ ɖi ku ɖe ale si dziɖuɖu siwo li egbea nu ava yi la hã ava eme.—Dan. 2:44; Nyaɖ. 19:15, 19-21.