Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo mea, aleke amewo wɔna nyana ɣeyiɣi si me ƒewo kple ɣletiwo dzea egɔme?

LE Ŋugbedodonyigbaa dzia, Hebritɔwo ŋlɔa agble eye woƒãa nu ne agbledeƒea dze egɔme. Esia dzea ɣleti siwo míeyɔna egbea be September kple October dzi.

Le blemaa, amewo léa ŋku ɖe ɣeyiɣi si me dzinua dze dzi kple ɣeyiɣi si me wòku la ŋu tsɔ nyana ɣleti ɖe sia ɖe ƒe didime, eye esia te ŋu nyea ŋkeke 29 alo 30. Gake woléa ŋku ɖe ɣea ŋu tsɔ bua ƒea ƒe didime, ke hã, ƒea ƒe didime si wotu ɖe ŋkuléle ɖe dzinua ŋu dzi la nɔa kpuie wu ƒe ƒe didime si wotu ɖe ŋkuléle ɖe ɣea ŋu dzi. Eya ta ehiã be woato mɔ aɖe dzi ana be evea siaa nasɔ. Le esia ta ɣeaɖewoɣia, wotsɔa ŋkeke aɖewo kpea ƒea, alo wotsɔa ɣleti ɖeka kpena ɖe ƒea ŋu hafi ƒe yeye nadze egɔme. Esia kpena ɖe wo ŋu wonyana ƒea ƒe ɣeyiɣi si me woaƒã nu alo aŋe nu.

Ke hã, le Mose ƒe ŋkekeawo mea, Mawu gblɔ na eƒe amewo be subɔsubɔƒea nadze egɔme tso ɣleti si nye Abib, alo Nisan, dzi le adame. (2 Mose 12:2; 13:4) Le ɣleti sia mea, woɖua ŋkekenyui aɖe si dzea azã si me woŋea ƒo le la dzi.—2 Mose 23:15, 16.

Agbalẽnyala Emil Schürer gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me be: “Mɔ si dzi wotona nyana nenye be yewoatsɔ ɣleti ɖeka akpe ƒea alo yewomatsɔe akpee o la le bɔbɔe.” Egagblɔ hã be: “Ele be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyuia esime ɣletia sɔ tegblẽe le Nisan 14 lia dzi. Gake ele be adame ƒe ɣeyiɣi si me ŋkeke kple zã ƒe didime sɔna la nava godoo hafi woaɖu Ŋutitotoŋkekenyuia . . . Eya ta ne esusɔ vie ƒea nawu enu eye wode dzesii be ŋkeke si dzi Ŋutitotoŋkekenyuia adze la ava do ŋgɔ na adame ƒe ɣeyiɣi maa, Yudatɔwo tsɔa ɣleti ɖeka kpea ƒea [si nyea ɣleti 13 lia] hafi Nisan naɖo.”—The History of the Jewish People in the Age of Jesus Christ, (175 B.C.–A.D. 135).

Yehowa Ðasefowo wɔa mɔnu sia ke ŋu dɔ ne wole akɔnta bum be yewoanya ŋkeke si dzi wòle be woaɖu Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua, si nye wɔna si yia edzi le adame eye wòdzea Nisan 14 lia dzi le Hebritɔwo ƒe ɣletigbalẽa dzi. Eye wonana woƒe hame siwo le xexea me godooa nyana ŋkekea doa ŋgɔ. *

Ke aleke Hebritɔwo wɔna nyana ɣeyiɣi si me ɣleti aɖe aku kple ɣeyiɣi si me ɣleti yeye adze egɔme? Egbea, ɖewohĩ ɖeko nàkpɔe le ɣletigbalẽ dzi alo le wò elektrɔnikmɔ̃ dzi ko anya. Gake le Biblia ŋlɔɣiwoa, menɔ bɔbɔe nenema o.

Le Tsiɖɔɖɔa ƒe ɣeyiɣiawo mea, wobua ɣleti ɖe sia ɖe be enye ŋkeke 30. (1 Mose 7:11, 24; 8:3, 4) Gake emegbe le Hebritɔwo ƒe ŋkekea mea, menye ɣleti ɖe sia ɖee nyea ŋkeke 30 o. Le Hebritɔwo ƒe ɣeyiɣikɔntabubu nua, ɣleti yeye dzea egɔme ne dzinu yeye dze dzi teti ko. Eye esia nyea ŋkeke 29 alo 30 tso esime ɣleti kemɛa ku.

Gbe ɖekaa, David kple Yonatan siaa ƒo nu tso ɣleti yeye ƒe gɔmedzedze ŋu esi wogblɔ be: “Etsɔe nye dzinu yeye.” (1 Sam. 20:5, 18) Eya ta edze abe le woƒe ɣeyiɣia mea, amewo tea ŋu bua ɣletiawo doa ŋgɔ. Ke aleke Israel-viwo wɔna nyana ɣeyiɣi si me ɣleti yeye adze egɔme? Agbalẽ si nye Mishnah, si me Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnyinyiwo ŋuti nuŋlɔɖiwo le, la kpe ɖe mía ŋu míenya. Egblɔ be esi Yudatɔwo gbɔ tso aboyo mea, Sanhedrin la, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔa, wɔ akpa aɖe. Le ƒea ƒe ɣleti adre siwo me woɖua ŋkekenyuiwo lea, ʋɔnudrɔ̃ƒea kpea ta ŋdi kanya le ŋkeke 30 lia dzi. Ʋɔnudrɔ̃ƒe sia ye gblɔa ŋkeke si dzi ɣleti yeyea adze egɔme. Aleke wowɔna nyana?

Wonana ŋutsu siwo tɔ ɖe teƒe kɔkɔwo le Yerusalem ƒe nutoa me la léa ŋku ɖe dziŋgɔlia ŋu le zã me be woade dzesi ɣeyiɣi si me dzinu yeye nya dze dzi teti ko. Enumake ko wonana Sanhedrin la nyana. Ne ʋɔnudrɔ̃ƒe sia me tɔwo kpɔe be kpeɖodziawo ɖee fia kɔtɛ be dzinu yeye dze dzi la, woɖea gbeƒãe be ɣleti yeye dze egɔme. Ke ne alilikpowo alo afu xe ɣletia ŋkume, si wɔe be womekpɔe be dzinu yeye dze dzi o ɖe? Ke wotsoa nya me be ŋkeke 30 ye le ɣleti si me yewole la me, eye be ɣleti yeyea adze egɔme tso ŋkeke si kplɔe ɖo dzi.

Mishnah la ɖe eme be, be amewo nanya Sanhedrin la ƒe nyametsotsoa, wodoa dzo aɖe ɖe Amitoa dzi le afi si te ɖe Yerusalem ŋu wònyea dzesi na amewo be ɣleti yeye dze egɔme. Wodoa dzo ɖe kɔkɔƒe bubuwo le Israel bliboa katã be woatsɔ aɖe gbeƒã nya sia. Le ɣeyiɣi aɖe megbea, ame dɔdɔwo dzie wotona ɖea gbeƒãe. Ale wonana Yudatɔ siwo le Yerusalem, Israel bliboa, kple nuto bubuwo mea nyana be ɣleti yeye dze egɔme. Esia wɔnɛ be wo katã wotea ŋu ɖua ŋkekenyuiawo le ɣeyiɣi ɖeka me.

Aɖaka si le axa sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ale si Hebritɔwo ƒe ɣletiwo, ŋkekenyuiwo kple azãwo do ka kple wo nɔewoe le Israel-viwo ŋɔli.

^ Kpɔ February 15, 1990 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 15 (ele yevugbe me), kple “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le June 15, 1977 ƒe Gbetakpɔxɔ me (ele yevugbe me).