Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ALE SI MÍAWƆ AÐU FULÉLE DZI

4 | Na Mawu Nàkpe Ðe Ŋuwò Nàɖu Fuléle Dzi

4 | Na Mawu Nàkpe Ðe Ŋuwò Nàɖu Fuléle Dzi

Biblia Ƒe Nufiafia:

“Gbɔgbɔ la ƒe kutsetse ye nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, ɖokuidziɖuɖu.”GALATIATƆWO 5:22, 23.

Nu Si Wòfia:

Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu fuléle dzi. Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ana nɔnɔme nyui siwo mímate ŋu atu ɖo le mía ɖokui si oa nava su mía si. Eya ta le esi míanɔ agbagba dzem le mía ɖokui si be míaɖu fuléle dzi teƒea, ele be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu. Ne míewɔe alea, míawo hã míase le mía ɖokui me abe apostolo Paulo ene be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.” (Filipitɔwo 4:13) Eye míate ŋu agblɔ be: “Nye kpekpeɖeŋu tso Yehowa . . . gbɔ.”—Psalmo 121:2.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ:

“Tsãa, mewɔa adã vevie, gake Yehowa kpe ɖe ŋunye meva zu ame fafa.”—WALDO

Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wò. (Luka 11:13) Biae be wòakpe ɖe ŋuwò nɔnɔme nyuiwo nasu asiwò. Srɔ̃ nu tso nɔnɔme nyui siwo Biblia gblɔ be woana míaɖu fuléle dzia ŋu. Wo dometɔ aɖewoe nye lɔlɔ̃, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu kple ɖokuidziɖuɖu. Di mɔ siwo nu wò ŋutɔ nàte ŋu aɖe nɔnɔme siawo afia le. De ha kple ame siwo hã le agbagba dzem be yewoatu nɔnɔme siawo ɖo. Ame siawo ate ŋu ‘ado ŋusẽ wò na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.’—Hebritɔwo 10:24.