Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Ka Tututue Mawu Nye?

Ame Ka Tututue Mawu Nye?

Ne èva nya nu tso nɔnɔme siwo le ame aɖe si ŋu la, ana nàgadze sii ɖe edzi eye wòate ŋu ana miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me nasẽ. Nenema kee ne míeva le Yehowa ƒe nɔnɔmewo nyam la, ana míanya ame si wònye eye wòana mía dome navivi wu. Le Mawu ƒe nɔnɔme wɔnukuawo katã dome la, ene aɖewo ɖe dzesi, woawoe nye: eƒe ŋusẽ, nunya, dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃.

ŊUSẼ LE MAWU SI

“Ao Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa! Wòe tsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ si nèdo ɖa la wɔ dziƒowo kple anyigba.”YEREMIYA 32:17.

Míekpɔa Mawu ƒe ŋusẽ le nu siwo wòwɔ la me. Le kpɔɖeŋu me, ne ŋdɔkutsu le ʋuʋum vevie eye nèle ŋdɔkutsua gbe la, aleke nèsena le lãme? Àse ŋdɔkutsua ƒe dzoxɔxɔ. Le nyateƒe me la, ŋusẽ si le Yehowa ƒe nuwɔwɔ ŋu ye nye ema sem nèle le lãme. Ŋusẽ ka gbegbee le ɣea me? Ɣea tome ƒe dzoxɔxɔ aɖo dzidzenu celsius 15,000,000. (Ne tsi le fiefiem la dzoxɔxɔa nyea celsius 100, gake ɣea tome xɔ dzo wu ema abe zi 150,000 sɔŋ ene) Sɛkɛnd ɖe sia ɖe la, ŋusẽ si gbegbe dona le ɣea me la ade nukliabɔmb miliɔn alafa geɖe ƒe wowó.

Ke hã ne wotsɔ míaƒe ɣea sɔ kple ɣletivi akpe teƒe akpe geɖe bubu siwo le xexea me la, ele sue ŋutɔ. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be ɣletivi lolotɔwo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye UY Scuti, lolo wu ɣea zi gbɔ zi 1,700. Ne woada UY Scuti ɖe afi si ɣea le la, ami ɣletinyigba siwo nye Mercury, Venus, Earth (Anyigba) kple Mars eye wòade keke afi si Jupiter le ke. Ðewohĩ esia kpe ɖe mía ŋu míese nya si Yeremiya gblɔ be Yehowa Mawu wɔ dziƒo kple anyigba alo xexea to eƒe ŋusẽ triakɔ dzi la gɔme.

Aleke Mawu ƒe ŋusẽ ɖea vi na míi? Nu siwo Mawu wɔ abe ɣe kpakple nu wɔnuku bubu siwo le anyigba dzi ene lae léa míaƒe agbe ɖe te. Azɔ hã Mawu zãa eƒe ŋusẽ la wòɖea vi na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Le mɔ ka nu? Le ƒe alafa gbãtɔ me la, nu siwo Mawu na ŋusẽ Yesu wòwɔ la wɔ nuku ŋutɔ. Biblia gblɔ be: “Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, bunɔwo le zɔzɔm, anyidɔlélawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre.” (Mateo 11:5) Ke egbea ɖe? Biblia gblɔ be: “Edoa ŋusẽ ame si ŋu ɖeɖi te” eye wògblɔ kpee be: “Ŋusẽ yeye aɖo ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu.” (Yesaya 40:29, 31) Mawu ate ŋu ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la mí be wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo kple tetekpɔwo nu alo ado dzi le wo me. (2 Korintotɔwo 4:7) Ðe medzɔ dzi na wò be yeate ɖe Mawu si lɔ̃a ame eye wòzãa eƒe ŋusẽ si seɖoƒe meli na o la be yeatsɔ akpe ɖe mía ŋu la ŋu oa?

NUNYA LE MAWU SI

“Oo Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me.”PSALMO 104:24.

Zi ale si míeyi edzi srɔ̃ nu tso nu siwo Mawu wɔ ŋu la, zi nenemae eƒe nunya awɔ nuku na míi. Le nyateƒe me la, woyɔa nane be dzɔdzɔmenuwo sɔsrɔ̃, (biomimetics) si dzi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo tona srɔ̃a nu tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu eye wotoa edzi wɔa nu siwo ɖi wo. Esia tso nu suewo abe zip ene dzi va ɖo yameʋuwo dzi.

Amegbetɔ ƒe ŋku nye nu wɔnuku aɖe si Mawu wɔ

Mawu ƒe nunya si wɔ nuku wu la dze le ale si wòwɔ amegbetɔ, la me. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si ɖevi wɔna tsina le dɔ me ŋu kpɔ. Nu bliboa dzea egɔme ne ŋutsu ƒe tsi ge ɖe nyɔnu ƒe azi me si wɔnɛ be domenyiŋusẽfianu si hiã la katã nɔa eme. Azia mana zua lãmenugbagbevi gbogbo siwo ɖia wo nɔewo. Gake le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la lãmenugbagbeviawo va nɔa nu siwo woava nye abe ʋumenugbagbeviwo, lãmekawo kple ƒuwo ene zum. Eteƒe medidina o nuwo abe dzi, ayiku kple aklã ene dona eye wotea dɔwɔwɔ. Le ɣleti asieke ko me la, azi ma zua vidzĩ blibo si me lãmenugbagbevi akpeakpewo le. Nunya si dze le ale si wowɔ amegbetɔ me ʋã ame geɖe wolɔ̃ ɖe Biblia ŋlɔla si gblɔ be: “Mekafu wò, elabena ale si nèwɔm la dzi ŋɔ eye wòwɔ nuku” la ƒe nyawo dzi.—Psalmo 139:14.

Aleke Mawu ƒe nunya ɖea vi na míi? Wɔlaa nya nu si míehiã be dzi nadzɔ mí. Esi seɖoƒe meli na eƒe nunya kple nugɔmesese o ta la, eɖo aɖaŋu nyuiwo le eƒe Nya Biblia la me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia de dzi ƒo na mí be: “Miyi edzi . . . miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.” (Kolosetɔwo 3:13) Ðe nunya le aɖaŋuɖoɖo ma mea? Ɛ̃. Numekukuwo ɖee fia be ne míetsɔna kena la enana míedɔa alɔ̃ nyuie eye míeléa ʋusɔgbɔdɔ o. Awɔe hã be manɔ bɔbɔe be blanuiléledɔ kple dɔléle bubuwo naɖe fu na mí o. Mawu le abe xɔlɔ̃ nyanu aɖe si megbea aɖaŋu nyui siwo aɖe vi na mí la ɖoɖo o ene. (2 Timoteo 3:16, 17) Ðe màdi be xɔlɔ̃ sia tɔgbi nanɔ ye si oa?

MAWU LE DZƆDZƆE

“Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe.”PSALMO 37:28.

Mawu wɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi. Le nyateƒe me la, “Mawu vavã la mawɔ nu vɔ̃ɖi akpɔ o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu gbegblẽ gbeɖe o!” (Hiob 34:10) Yehowa ƒe afiatsotsowo le eteƒe abe ale si psalmowo ŋlɔla aɖe gblɔe ene be: “Àdrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ɖe eteƒe.” (Psalmo 67:4) Esi “Yehowa ya kpɔa keke dzi me ke” ta la, ame aɖeke mate ŋu aflui o elabe enyaa nu si nye nyateƒea ɣeawokatãɣi eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. (1 Samuel 16:7) Azɔ hã Mawu kpɔa nu madzɔmadzɔ kple nu fitifiti wɔwɔ ɖe sia ɖe le anyigba dzi eye wòdo ŋugbe be madidi o “woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba la dzi.”—Lododowo 2:22.

Ke hã Mawu menye ʋɔnudrɔ̃la sẽŋuta si le klalo be yeahe to na ame o. Ekpɔa nublanui ne ehiã. Biblia gblɔ be: “Yehowa nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula” na ame vɔ̃ɖi siwo trɔ dzi me la gɔ̃ hã. Ðe esia menye dzɔdzɔenyenye vavãtɔ oa?—Psalmo 103:8; 2 Petro 3:9.

Aleke Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖea vi na míi? Apostolo Petro gblɔ be: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖea vi na mí elabe mekpɔa ame ŋkume alo dea vovototo amewo me o. Ate ŋu axɔ mí míanye esubɔlawo míeɖanye yevu alo ameyibɔ, dukɔ ka ke mee míetso, aleke kee míaƒe agbalẽnyanya le alo ɖoƒe ka kee míeɖale o.

Mawu mekpɔa ame ŋkume o, eye eƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ ɖea vi na mí míeɖanye yevu alo ameyibɔ alo ɖoƒe ka kee míele o

Esi Mawu di be míase yeƒe dzɔdzɔenyenye gɔme ne wòaɖe vi na mí ta la, ena dzitsinya mí. Ŋɔŋlɔawo ɖɔ dzitsinya be enye se si ‘woŋlɔ ɖe míaƒe dziwo me’ si ‘ɖia ɖase’ nenye be míaƒe nuwɔnawo le eteƒe loo alo mele eteƒe o. (Romatɔwo 2:15) Aleke wòɖea vi na míi? Ne míena hehe míaƒe dzitsinya nyuie la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsri nuwɔna siwo agblẽ nu le mía ŋu alo nuwɔna manyomanyowo. Eye ne míeda vo aɖe la, ate ŋu aʋã mí be míatrɔ dzi me eye míaɖe afɔ si sɔ. Nyateƒee, ne míese Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gɔme la, akpe ɖe mía ŋu míate ɖe eŋu!

MAWU NYE LƆLƆ̃

“Mawu nye lɔlɔ̃.”1 YOHANES 4:8.

Mawu ɖea eƒe ŋusẽ, nunya, kple dzɔdzɔenyenye fiana, gake Biblia megblɔ kpɔ be Mawu nye ŋusẽ, nunya, alo dzɔdzɔenyenye o. Egblɔ be Mawu nye lɔlɔ̃. Nu ka tae? Elabena le nyateƒe me la, míate ŋu agblɔ be Mawu ƒe ŋusẽ kpena ɖe eŋu wòwɔa nu eye eƒe dzɔdzɔenyenye kple nunya fiaa mɔe le ale si wòwɔa nui me. Gake Yehowa ƒe lɔlɔ̃e ʋãnɛ wòwɔa nu. Lɔlɔ̃e ʋãnɛ wòwɔa nu siwo katã wòwɔna.

Togbɔ be naneke mehiã Yehowa o hã la, lɔlɔ̃ si le esi la ʋãe wòwɔ nu siwo si nunya le ɖe dziƒo kple anyigba dzi be yeƒe lɔlɔ̃ kple beléname naɖe vi na wo. Ewɔ anyigba la ɖokuitɔmadimaditɔe be wòanye teƒe si asɔ na amegbetɔwo. Eye eyi edzi lɔ̃ amegbetɔwo le mɔ sia nu be enana “eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Mateo 5:45.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, “Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe, eye wòkpɔa nublanui na ame.” (Yakobo 5:11) Elɔ̃a ame siwo ɖea afɔ vevi aɖewo be yewoadze sii eye yewoate ɖe eŋu. Mawu léa ŋku ɖe ame mawo ƒomevi ŋu. Le nyateƒe me la, ‘eléa be na wò.’1 Petro 5:7.

Aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖea vi na míi? Enya kpɔna na mí ne míekpɔ ɣe wòle amigo gbam. Edzɔa dzi na mí ne míese ɖevi ƒe nukoko. Eye ne míaƒe ƒometɔ veviwo lɔ̃ mí la, edzea mía ŋu ŋutɔ. Nu siawo madze nu gã aɖeke o, ke hã wokpɔa ŋusẽ nyui ɖe mía dzi vevie ŋutɔ.

Gbedodoɖa nye mɔ bubu si dzi Mawu gaɖea lɔlɔ̃ fiaa mí le. Biblia gblɔ na mí be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo. Esi wònye fofo lɔ̃ame ta la, edi be míate ɖe ye ŋu agblɔ míaƒe dzimenyawo na ye. Ekema Yehowa si lɔ̃ mí ɖokuitɔmadimaditɔe do ŋugbe be yeana “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la” mí.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Ðe Mawu ƒe nɔnɔme veviwo abe ŋusẽ, nunya, dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ siwo me míedzro kpuie mekpe ɖe ŋuwò be nèva kpɔ ame si tututu Mawu nye oa? Be nàɖee afia be yekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo Mawu wɔ ŋu la, míele kpewòm be nàsrɔ̃ nu tso nu siwo wòwɔ kple nu siwo wòava wɔ siwo aɖe vi na wò la ŋu.

AME KA TUTUTUE MAWU NYE? Yehowa ƒe ŋusẽ, nunya kple dzɔdzɔenyenye ƒo ɖe sia ɖe ta. Gake eƒe nɔnɔme si léa dzi na mí wue nye eƒe lɔlɔ̃