Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Adoglo Si Ŋuti Ŋùwo Le Si Hea Tsi Toa Eƒe Ŋutigbalẽ Ŋu

Adoglo Si Ŋuti Ŋùwo Le Si Hea Tsi Toa Eƒe Ŋutigbalẽ Ŋu

AUSTRALIATƆWO ƒe adoglo aɖe si ŋuti ŋùwo le la hea tsi tsoa afu, yame ƒe fafa kple ke si me tsi le la me. Emegbe enana tsia tsana toa eŋuti yia eƒe nu me wònona. Aleke wòwɔa esiae? Anye be ale si eƒe ŋutigbalẽ wɔa dɔ nukutɔe la gbɔe wòtso.

Ʋe siwo le eƒe ŋutigbalẽa ŋu la de nu wo nɔewo me va do ɖe pɔmpi aɖewo ƒomevi me le ʋeawo te ale be tsi toa pɔmpiawo me le eƒe ŋutigbalẽa ŋu va gena ɖe eƒe nu me

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Tsro ƒlatsawo le adoglo sia ŋu keŋ. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo susui be ne tsi alo ahũ ge ɖe eƒe tsroa dzi la, etsana yia eƒe ŋutigbalẽ ŋu eye wògena ɖe ʋe aɖewo siwo le tsroawo dome la me. Ʋe siawo siwo le eƒe ŋutigbalẽ ŋu la de nu wo nɔewo me vae do ɖe eƒe nu me.

Gake aleke wòdzɔnae be adoglo sia hea tsi yia dzi toa eƒe atawo kple ŋutigbalẽa ŋu yia eƒe nu me, evɔ tsia mekɔna ɖe anyi o? Aleke wòdzɔnae be adoglo sia tea ŋu hea tsi tsoa ke siwo me tsi le la me ne etiti eƒe ƒodo ɖe kea me ko?

Numekulawo ke ɖe nu siwo nana wòtea ŋu wɔnɛ alea la ŋu. Wode dzesii be pɔmpi tɔgbi aɖewo ƒomevi le ʋeawo te le eƒe ŋutigbalẽa ŋu. Pɔmpi siawo mee tsiawo tona le eƒe ŋutigbalẽa ŋu yia eƒe nu me abe ale si ko tsi toa pɔmpi siwo amegbetɔwo wɔ me yia dzi bɔbɔe ene. Eya ta adoglo sia ƒe ŋutigbalẽ le abe papahũ si noa tsi ene.

Aƒenɔ Janine Benyus, ame si nye dɔwɔƒe si kpɔa dzɔdzɔmenuwo dzi hewɔa wo tɔgbi la ƒe tatɔ gblɔ be mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo ate ŋu akpɔ ale si adoglo sia hea tsi toa eƒe ŋutigbalẽ ŋu dzi awɔ mɔ̃ aɖe si aɖe dzoxɔxɔ ɖa le yame ale be xɔwo me nate ŋu afa, eye woakpɔ tsinono hã tso esia me.

Nu kae nèsusu? Ðe ale si adoglo sia ƒe ŋutigbalẽ tea ŋu hea tsi la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?