Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Fia Viwò Ale Si Wòaɖo To

Fia Viwò Ale Si Wòaɖo To

KUXIA

Avu dzi ko wò kple viwò ƒe-ene-vi mienɔna. Eye ɣesiaɣi la, ewɔ abe viwòa koe ɖua dzi ene.

  • Ne ègblɔ nɛ be wòawɔ nane eye medi be yeawɔe o la, medea nu eme na wò gɔ̃ hã o.

  • Ne ègbe nɛ be megawɔ nane si wòdi be yeawɔ o la, ewóa avi.

Èbia ɖokuiwò be: Enu gbɔna yi gea? Ðe eya ŋutɔ aɖe asi le eŋu ne etsi vie wua?’

Àte ŋu afia toɖoɖo viwòa. Gake hafi míadzro ale si nàwɔ esiae me la, na míadzro nu si tae wòwɔa nu alea ɖo la me gbã.

NU SI GBƆ WÒTSONA

Esi viwòa nye vidzĩ la, wò dɔ vevitɔe nye be nàkpɔ egbɔ. Ènɔa to dzi ɖe viwòa ŋu ɣesiaɣi. Kaka wòakpe kpe vie ko la, èƒua du vaa egbɔ be yeawɔ nu sia nu si hiã la nɛ. Nuwɔwɔ alea sɔ eye wòhiã hã. Ehiã be dzila ƒe ŋku nanɔ via si nye vidzĩ la ŋu ɣesiaɣi.

Esi dzila wɔ nu siawo na via ɣleti geɖewo ta la, mewɔ nuku o be ɖevia nava nɔ nu wɔm abe eyae nye amegã le aƒea me eye dzilawo nye eƒe subɔvi siwo le klalo ɣesiaɣi be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ene. Gake kaka ɖevia naxɔ ƒe eve la, eva kea dzo ɖe mo nɛ: Ekpɔnɛ be yeƒe “amegãɖuɖu” la nu yi. Edzilawo megawɔa eƒe gbe dzi o, ke wokpɔa mɔ be eya boŋ nawɔ yewoƒe gbe dzi. Tɔtrɔ siawo dzea ɖeviwo kpo! Ðevi aɖewo melɔ̃na ɖe esia dzi o, eye wotsɔnɛ na vinugbewɔwɔ. Bubuwo gbea toɖoɖo tsɔ doa wo dzilawo ƒe ŋusẽ kpɔ.

Le ɣeyiɣi vevi ma me la, ele be dzilaa nazu gbeɖela, eye wòagblɔ nu si tututu wòdi be ɖevia nawɔ la nɛ eme nakɔ. Gake ne ɖevia do toku alo gbe eƒe nyawo dzi wɔwɔ abe ale si wòdze le kpɔɖeŋu si dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze me ene ya ɖe?

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Xɔ ŋgɔ. Ne viwòa mekpɔa wò nèxɔa ŋgɔ le aƒea me o la, malɔ̃ ɖe edzi be wò ŋusẽ tee yele o. Eya ta xɔ ŋgɔ le aƒea me le mɔ si da sɔ nu. Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, agbalẽnyala aɖewo siwo gblɔna be yewonya nu tso vihehe ŋu la na wòdze abe nya “ŋusẽ” nye tagbɔsesẽ ene. Wo dometɔ aɖe gɔ̃ hã gblɔ be dzilawo ƒe ŋusẽzazã “mele se nu o” eye “menyo” hã o. Gake ne dzilawo mezãa woƒe ŋusẽ o, eye woɖea asi le wo viwo ŋu wowɔa nu si dzroa wo la, ɖeko wònana be ɖeviawo tɔtɔna, gblẽna, eye wosusuna be ele be ame bubuwo nasubɔ yewo. Esia mekpena ɖe wo ŋu be woava zu ame tsitsi ɖɔʋuwo o.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 29:15.

Na hehe wo. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe hehenana gɔme be enye “hehe si nana be wozua toɖolawo kple ɖokuidziɖulawo, eye zi geɖe la, hehe sia biana be woade sewo na wo eye woahe to na wo ne woda se siawo dzi.” Mele be hehenana nagbɔ eme alo anye tagbɔsesẽ le ɖeviwo ŋu o. Ke hã, mele be woagblẽ ɖeviawo ɖe yame ko alo ado kpo to si woahe na wo ne woda seawo dzi la gbɔgblɔ na wo o, elabe esia awɔe be ɖeviawo makpɔ nu si tae wòle be yewoawɔ seawo dzi ahatrɔ agbenɔnɔ ɖo o.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 23:13.

Wò nyawo me nekɔ. Ðeko dzila aɖewo biana tso wo viwo si be woneɖo to yewo. (“Medi be nàdzra wò xɔ me ɖo—èsea?”) Ðewohĩ ɖeviawo asusui be esia nye nu dzeame wɔwɔ ko. Gake esia wɔwɔ ate ŋu ana dzilawo boŋ nava nɔ wo viwo te, eye woana mɔnukpɔkpɔ ɖeviawo be woada wo dzilawo ƒe nyawo kpɔ eye woawo ŋutɔ natso nya me le nu si dze wo ŋu la ŋu. Mègaɖe asi le viwòa ŋu ko o, gblɔ nu siwo nèdi be wòawɔ la nɛ eme nakɔ.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Korintotɔwo 14:9.

Tɔ afɔ to. Ne ègblɔ be ao ko la, lé eme ɖe asi, tɔ afɔ to eye wò kple srɔ̃wò ƒe nu nesɔ. Ne mienya da asi ɖe to si miahe nɛ ne eda se aɖe dzi dzi ko la, mihee nɛ ne eda sea dzi. Migava nɔ sededea dzakam kplii alo anɔ nu si tae miede se ma ɖo la me dzrom kplii ʋuu o. Anɔ bɔbɔe na wò kple viwòa wu ne ènana wò “Ɛ̃” nyea “ɛ̃,” eye wò “Ao” nyea “ao.”—Yakobo 5:12.

Wɔe le lɔlɔ̃ me. Menye demokrasi alo dzizizidziɖuɖu ƒe ɖoɖoe ƒomea nye o. Ke boŋ Mawu ƒe ɖoɖo si wòwɔ be woahe ɖeviwo le lɔlɔ̃ me woatsi ava nye ame ɖɔʋuwo ye ƒomea nye. Nu siwo esia lɔ ɖe eme la dometɔ ɖekae nye vihehe, eye akpe ɖe viwòa ŋu be wòaɖo to eye wòase le eɖokui me be èlɔ̃ ye eye yele dedie.