Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Ne Viwò Daa Alakpa

Ne Viwò Daa Alakpa

KUXIA

Viwò ƒe-atɔ̃-vi le fefem le xɔ me. Kasia, nèse nane ƒe gbagbã. ȃu du yi xɔa me, eye nèkpɔ viwòa wòle anyize gbagbã la gbɔ. Edze le eƒe mo be eyae gbã zea.

Èbia viwòa kple moveviɖoɖo be: “Wòe gbã zea?”

Eɖo eŋu kaba be: “Ao, dada menye nyee o.”

Menye esiae nye zi gbãtɔ viwòa da alakpa na wò evɔ wòdze kɔtɛe be eyae wɔ nua o. Ðe wòle be nàtsi dzia?

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Alakpadada aɖeke menyo o. Biblia gblɔ be Yehowa Mawu lé fu “aʋatsoɖe.” (Lododowo 6:16, 17) Se si wode na Israel-viwo bia be woahe to na ame si ble ehavi la vevie.3 Mose 19:11, 12.

Gake alakpadadawo katã ƒe kpekpeme mele ɖeka o. Alakpadada aɖewo vɔ̃ɖi, eye amewo daa alakpa siawo ƒomevi be yewoatsɔ agblẽ nu le yewo haviwo ŋu. Gake le ame bubuwo ya gome la, nɔnɔmeae ƒonɛ ɖe wo nu, ɖewohĩ wodaa alakpa le esi womedi be yewoaɖu ŋukpe o alo be womagahe to na yewo o ta. (1 Mose 18:12-15) Togbɔ be alakpadada aɖeke menyo o hã la, alakpadada aɖewo vɔ̃ɖi wu bubuwo. Ne viwò da alakpa la, bu eƒe ƒexɔxɔ kple nu si tae wòda alakpa la ŋu.

Ele be nàxɔ nɔnɔme sia le viwòa si esi wògakpɔtɔ nye ɖevi. Ðɔkta David Walsh gblɔ be: “Ðeviwo srɔ̃a nɔnɔme vevi aɖe nenye be wotoa nyateƒe vevietɔ le ŋkubiãnyawo me. Ame si dzi amewo ka ɖo lae wodea ha kple, gake alakpadada gblẽa kakaɖeamedzi ma me.” *

Gake mègatsi dzi fũu akpa o. Alakpa si viwòa da mefia be ele ha dzem o. Ðo ŋku edzi be Biblia gblɔ be: ‘Bometsitsi bla ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu.’ (Lododowo 22:15) Ðevi aɖewo doa boblo woƒe bometsitsi sia to alakpadada me evɔ ahasusui be enye mɔ bɔbɔetɔ si dzi yewoato asi le tohehe nu. Eya ta ale si nèwɔa nu ne viwò da alakpa koŋue nye nya.

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Dze agbagba nànya nu si tae viwòa daa alakpa ɖo. Esi wòvɔ̃na be àhe to na ye taea? Esi medi be yeado vevesese na wò o taea? Ne viwò kpaa nyawo tsɔ blea exɔlɔ̃wo la, ɖewohĩ esi mekpɔ nya vovototo si le nyateƒe kple nyakpakpa dome o taea? Ne ènya nu si tae viwòa daa alakpa ɖo la, àte ŋu aɖɔe ɖo nyuie wu.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Korintotɔwo 13:11.

Ɣeaɖewoɣi la, gblɔ nu si wòwɔ la tẽe, mègabia nyae o. Le nyɔnu si kple via ƒe nya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze gome la, nyɔnua nya xoxo be ye viae gbã zea hafi biae kple moveviɖoɖo be: “Wòe gbã zea?” Ðewohĩ esi ɖevia kpɔ be ye dada do dziku tae wòda alakpa ɖo. Gake esi vidada nabia nyae fɔbuametɔe teƒe la, mítsɔe be vidada gblɔ ko be: “Kpɔ ale si nègbã zea ɖa!” Ne egblɔ nya sia na ɖevia le esi wòabia nyae teƒe la, eƒe nya maƒoe ɖe ɖevia nu wòada alakpa o, ke boŋ ele kpekpem ɖe eŋu be wòasrɔ̃ anukwareɖiɖi.—Biblia ƒe mɔfiame: Kolosetɔwo 3:9.

Kafui ne eɖi anukware. Ðeviwo dina be yewo dzilawo nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu, eya ta wɔ woƒe didi sia ŋu dɔ nàtsɔ akpe ɖe viwòa ŋu. Na wòanya be miaƒe ƒomea dea asixɔxɔ gã aɖe anukwareɖiɖi ŋu, le esia ta miedi be wòanɔ nyateƒe tom.—Biblia ƒe mɔfiame: Hebritɔwo 13:18.

Na viwòa nanya be womekana ɖe alakpatɔ dzi o, eye bebli hafi wogava kana ɖe ame ma dzi. Ne eto nyateƒe la, kafui, eye esia awɔe be wòanɔ nɔnɔme nyui sia ɖem fia. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ be: “Edoa dzidzɔ nam ŋutɔ ne èto nyateƒe.”

Ðo kpɔɖeŋu ɖi na viwòa. Edze ƒãa be màte ŋu akpɔ mɔ be viwòa nato nyateƒe ne wò ŋutɔ mètoa nyateƒe o. Le kpɔɖeŋu me, nenye be esenɛ nègblɔna be, “Gblɔ nɛ be nyemele aƒe me o” evɔ wòhenye be ɖe medi be yeaxɔ amea ƒe kaƒoƒoa o tae, alo nègblɔna be “Egbea mele aƒe me, elabena nye lãme mele kɔkɔm o” evɔ wòhenye be ɖeko nèdi be yeaɖi ɖe eme tae.—Biblia ƒe mɔfiame: Yakobo 3:17.

Zã Biblia. Mɔfiamewo kple amewo ƒe agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ siwo le Biblia me dea anukwareɖiɖi ƒe dzi ƒo. Àte ŋu azã agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ, si Yehowa Ðasefowo ta, atsɔ aƒã nɔnɔme siwo ƒe dzi Biblia de ƒo la ɖe viwòa me. Eƒe ta 22 ƒe tanyae nye “Nusita Mele Be Míada Alakpa O.” (Kpɔ emenya aɖewo ɖa le aɖaka si nye “ Agbalẽ Si Akpe Ðe Viwò Ŋu” me.) Àkpɔ

^ mm. 11 Agbalẽ si me nya sia tsoe nye No: Why Kids—of All Ages—Need to Hear It and Ways Parents Can Say It.