Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI

Nu Si Wòle Be Nànya Tso Tagbɔdɔléle Ŋu

Nu Si Wòle Be Nànya Tso Tagbɔdɔléle Ŋu

Esi wogblɔ na Claudia teti be tagbɔdɔ si nana wowɔa nu kple dzonɔameme si gbɔ eme kple tagbɔdɔléle si ɖea fu na ame siwo kpɔ ŋɔdzinuwo teƒe le eŋu la, egblɔ be, “Ðeko wòwɔ abe gbɔgbɔtsixe tsi ƒonye ene. Ewɔ nam be nyemate ŋu anɔ te ɖe ale si amewo awɔ nu ne wonya be tagbɔdɔ le ŋunye la nu o ene.

Claudia srɔ̃, Mark, gblɔ be: “Exɔ ɣeyiɣi ŋutɔ hafi míete ŋu va trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Gake mekpɔe dze sii be ele be matsi dzi ɖe ale si makpe ɖe srɔ̃nyea ŋu wu.”

ALEKE nàse le ɖokuiwò me ne wokpɔ tagbɔdɔléle le wò ŋutɔ alo wò ame vevi aɖe ŋu? Dzidzɔtɔe la, wotea ŋu daa tagbɔdɔlélewo. Na míadzro nu ʋɛ aɖewo siwo akpe ɖe ŋuwò nànya nu geɖe tso tagbɔdɔléle ŋu la me. *

Tagbɔdɔléle Ŋuti Nya Vevi Aɖewo

“Ame miliɔn alafa geɖe léa tagbɔdɔ le xexea me godoo eye wòkpɔa ŋusẽ ɖe woƒe ame veviwo hã dzi. Anyigbadzitɔ ɖeka le ene ɖe sia ɖe me alé tagbɔdɔ ɣeaɖeɣi le eƒe agbe me godoo. Blanuiléledɔ koŋue nana amewo léa tagbɔdɔ le xexea me. Tagbɔdɔ si nana wotɔtɔna kple tagbɔdɔ si nana wowɔa nu kple dzonɔameme si gbɔ eme lae nye tagbɔdɔ siwo vɔ̃ɖi hegblẽa nu le ame ŋu wu. . . . Togbɔ be tagbɔdɔ le ame gbogbo aɖewo ŋu hã la, womenya o, ame aɖewo hã metsɔa ɖeke le eme o eye ame bubuwo hã mewɔa nu ɖe tagbɔdɔlélawo ŋu nyuie o.”—Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ..

Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be tagbɔdɔléla geɖewo metsɔa woƒe dɔléleawo yia kɔdzi o le ŋukpe ta.

Togbɔ be woate ŋu ada tagbɔdɔ akpa gãtɔ hã la, United States Dukɔa Ƒe Tagbɔdɔlélawo Ƒe Kpekpeɖeŋunahabɔbɔ gblɔ be Amerikatɔ tsitsi siwo ade 60 le alafa me kloe kple sɔhɛ siwo xɔ ƒe 8 va se ɖe ƒe 15 dometɔ 50 le alafa me siwo le tagbɔdɔ lém la meyi kɔdzi be woada dɔ na yewo le ƒe si va yi me o.

Nu Kae Nye Tagbɔdɔléle?

Numekulawo gblɔ be tagbɔdɔléle nye ame ƒe tamebubu, eƒe seselelãme kple nuwɔnawo ƒe masɔmasɔ kura. Zi geɖe la, dɔlélea wɔnɛ be amea kple ame bubuwo dome menɔa nyuie o, eye metea ŋu nɔa te ɖe agbemehloloetsotsowo hã nu o.

Menye ame ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ alo eƒe numawɔmawɔ nyuie gbɔe tagbɔdɔléle tsona o

Ɣeyiɣi didi si dɔlélea axɔ kple ale si gbegbe enu asẽe nɔa te ɖe dɔa léla ƒe lãmesẽ kple eƒe nɔnɔmewo dzi. Ame sia ame ate ŋu alée, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, ɖevi alo ame tsitsi o, agbalẽnyala alo agbalẽmanyala o, kesinɔtɔ alo ame dahe o. Menye ame ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ alo eƒe numawɔmawɔ nyuie gbɔe tagbɔdɔléle tsona o. Ne woda tagbɔdɔa na amea nyuie la, ate ŋu akpɔ ta na eƒe agbe ahakpɔ dzidzeme.

Tagbɔdɔwo Dada

Tagbɔdɔdalawo ate ŋu ada tagbɔdɔléle geɖewo keŋkeŋ. Afɔ vevi gbãtɔ si wòle be tagbɔdɔléla naɖee nye be wòaku nu me tso eƒe dɔlélea ŋu le tagbɔdɔdala bibi aɖe gbɔ.

Gake ne tagbɔdɔléla la ɖe mɔ woda dɔa nɛ ale si dze ko hafi wòate ŋu ahaya keŋkeŋ. Esia abia be wòaɖe ŋukpe aku ati ahaƒo nu tso eƒe kuxia ŋu na ame bubuwo. Dɔa dada ate ŋu abia be wòaƒo nu tso eƒe dɔa ŋu na tagbɔdɔdala bibi aɖe si ate ŋu akpe ɖe eŋu wòase nɔnɔmea gɔme nyuie, wòatrɔ asi le nanewo koŋ ŋu, eye wòaɖoe kplikpaa be yemadzudzɔ atikeawo zazã o va se ɖe esime yehaya keŋkeŋ. Dɔa léla ƒe ƒometɔwo alo exɔlɔ̃wo ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe ne wonaa kakaɖedzii hedea dzi ƒo nɛ ne wole dze ɖom tso nɔnɔmea ŋu.

Tagbɔdɔléla geɖe te ŋu le te nɔm ɖe woƒe dɔléleawo nu esi wova nya nu tso woƒe dɔléleawo ŋu nyuie eye wowɔa dɔdalawo ƒe mɔfiamewo dzi. Mark, si nye Claudia srɔ̃, gblɔ be: “Do ŋgɔ na srɔ̃nye ƒe dɔdzedzea la, míenya nu boo tso tagbɔdɔléle ŋu o. Gake míesrɔ̃ ale si míakpɔ kuxi ɖe sia ɖe gbɔ ne enya do mo ɖa. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dɔdala siwo ŋu kakaɖedzi le kple míaƒe ƒometɔwo kpakple mía xɔlɔ̃wo ƒe aɖaŋuɖoɖowo va ɖe vi na mí ŋutɔ.”

Afɔ vevi gbãtɔ si wòle be tagbɔdɔléla naɖee nye be wòaku nu me tso eƒe dɔlélea ŋu le tagbɔdɔdala bibi aɖe gbɔ

Srɔ̃a Claudia lɔ̃ ɖe eƒe nyaa dzi. Egblɔ be: “Esi wokpɔ dɔa le ŋunye le gɔmedzedzea me la, ɖeko wòwɔ abe ɖe wodrɔ̃ ʋɔnum be mayi mɔ́ ene. Togbɔ be nye dɔlélea wɔe be nye kple srɔ̃nye siaa míegatea ŋu wɔa nanewo o hã la, mesrɔ̃e be míate ŋu aɖu mɔxenu siwo dzena abe ɖe womate ŋu awɔ naneke tso wo ŋu o ene la dzi. Eya ta be manɔ te ɖe nye dɔlélea nu la, mewɔa nu aduadu kple nye dɔdalawo, menɔa kadodo nyui me kple amewo, eye nyemetsɔa kuxiwo doa agba na ɖokuinye o.”

Mawusubɔsubɔ Le Vevie

Biblia megblɔ be mawusubɔsubɔ daa lãmegbegblẽwo le ame ŋu o. Ke hã, ƒome geɖewo le xexea me godoo kpɔa akɔfafa kple ŋusẽdoame geɖe tso Biblia ƒe nufiafiawo me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia na kakaɖedzi mí be mía Wɔla lɔ̃ame la di vevie be yeafa akɔ na ame siwo ƒe “dzi gbã gudugudu” kple ame siwo ƒe “gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.”Psalmo 34:19.

Menye atikewɔgbalẽe Biblia nye o, gake mɔfiame nyuiwo le eme siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nɔnɔme donuxaxanamewo nu. Biblia ate ŋu ana be etsɔmemɔkpɔkpɔ si nye be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si me anyigbadzinɔla aɖeke magadze dɔ alo ase veve o la nasu mía si. Mawu ƒe Nya la do ŋugbe be: “Ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.”Yesaya 35:5, 6.

^ mm. 5 Be numedzodzroa nato mɔ ɖeka la, míayɔ tagbɔdɔlélewo kple tagbɔdɔlélawo ƒe nuwɔna kple susumedɔwo siaa ko be “tagbɔdɔléle” le nyati sia me.

^ mm. 32 Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o. Ele be Kristotɔ nakpɔ egbɔ be dɔdamɔnu siwo yetia la metsi tre ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu o.

^ mm. 40 Kpɔ nyati si nye “Nuteɖeamedzi—Ale Si Nànɔ Te Ðe Enu” hã le May 2014 ƒe Nyɔ! me.