Dzo kpo yi emenuwo dzi

AKPA 6

Hiob Lé Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi

Hiob Lé Fɔmaɖimaɖi Me Ðe Asi

Satana tsɔ nya ɖe Hiob ŋu be menye susu nyui ye wòtsɔ le Mawu subɔm o, gake Hiob yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa

ÐE AMEGBETƆ ayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu ne wodoe kpɔ bliboe, eye wòdze abe eƒe toɖoɖoa mele viɖe aɖeke hem vɛ nɛ o enea? Biabia mae fɔ ɖe te le ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hiob ŋu, eye wokpɔ ŋuɖoɖoa hã.

Esime Israel-viwo kpɔtɔ le Egiptea, Hiob, si nye Abraham ƒe ƒometɔ, nɔ nuto si woyɔna egbea be Arabia me. Ɣemaɣia, mawudɔla siwo le dziƒo la va ƒo ƒu ɖe Mawu ŋkume, eye aglãdzela Satana hã le wo dome. Yehowa gblɔ le wo katã ŋkume be yeka ɖe ye subɔla wɔnuteƒe Hiob dzi. Yehowa gblɔ gɔ̃ hã be, amegbetɔ bubu aɖeke mewɔa nuteƒe abe Hiob ene o. Gake Satana gblɔ be esi Mawu yra Hiob hekpɔa eta tae wòle esubɔm ɖo. Satana ƒe nyae nye be, ne woxɔ nu siwo le Hiob si la katã le esia, aƒo fi ade Mawu.

Mawu ɖe mɔ na Satana wògblẽ Hiob ƒe kesinɔnuwo dome, wu viawo eye wòna eya ŋutɔ dze dɔ. Esi Hiob menya be Satana ƒe asi le nu siwo le dzɔdzɔm ɖe ye dzi me o taa, mese nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe dodokpɔ siawo ŋu gɔme o. Ke hã, Hiob medze aglã ɖe Mawu ŋu gbeɖe o.

Hiob ƒe alakpaxɔlɔ̃ etɔ̃ va srãe kpɔ. Wogblɔ nya vovovowo siwo woŋlɔ ɖe Hiob ƒe agbalẽa me. Wodi be Hiob nalɔ̃ ɖe edzi be yewɔ nu vɔ̃ aɖewo tsɔ ɣla, eye ema tae Mawu le to hem na ye ɖo; evɔ wònye aʋatsoe. Wogblɔ gɔ̃ hã be Mawu mekpɔa dzidzɔ ɖe esubɔlawo ŋu alo kana ɖe wo dzi o. Hiob gbe woƒe alakpasusuawo katã. Etsɔ kakaɖedzi gblɔ be yeayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu va se ɖe esime yeaku!

Gake vo si Hiob hã dae nye be, etsi dzi ɖe eɖokui ta ʋiʋli ŋu akpa. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Elihu, si Hiob tsi wu, la ɖo to se woƒe nyawo katã. Esi wòɖo edzi be wòaƒo nua, egbe nya na Hiob, elabe Hiob mekpɔe dze sii be ele vevie be woaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta tsɔ wu be woaʋli amegbetɔwo ta o. Elihu gbe nya na Hiob ƒe alakpaxɔlɔ̃awo hã vevie.

Emegbe Yehowa Mawu ƒo nu kple Hiob eye wòɖɔ eƒe tamebubu ɖo. Yehowa he Hiob ƒe susu yi Eƒe nuwɔwɔ wɔnuku geɖe dzi be wòakpe ɖe Hiob ŋu wòase egɔme be amegbetɔ tsɛ megogo afi aɖeke na Mawu gã la o. Hiob bɔbɔ eɖokui eye wòlɔ̃ Mawu ɖɔe ɖo. Esi Yehowa “ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe, eye wòkpɔa nublanui na ame” taa, ena Hiob ƒe lãme gasẽ, eye wòɖo eƒe kesinɔnu siwo bú nɛ la teƒe nɛ zi gbɔ zi eve eye wòyrae wògadzi vi ewo. (Yakobo 5:11) Esi Hiob yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa togbɔ be dodokpɔ sesẽwo va edzi hã taa, eɖo nya si Satana tsɔ ɖe amegbetɔwo ŋu be ne wole dodokpɔ me tomaa, womagawɔ nuteƒe na Mawu o la ŋu.

​—Woɖe nya siawo tso Hiob ƒe agbalẽa me.