Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Naa Kpekpeɖeŋu Ame Siwo Ŋu Dzɔdzɔmefɔkuwo Gblẽ Nu Lea?

Ðe Yehowa Ðasefowo Naa Kpekpeɖeŋu Ame Siwo Ŋu Dzɔdzɔmefɔkuwo Gblẽ Nu Lea?

 Ɛ̃. Zi geɖe la, Yehowa Ðasefowo naa kpekpeɖeŋu ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le. Míenaa kpekpeɖeŋu Yehowa Ðasefowo kple ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o siaa le ɖekawɔwɔ me kple Biblia me mɔfiame si le Galatiatɔwo 6:​10. Afi ma gblɔ be: “Mina míawɔ nyui na amewo katã, gake vevietɔ la, míawɔe na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me.” Míefaa akɔ na ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le hegblɔa Biblia me nyawo na wo, nu siawoe wohiãna wu le ɣeyiɣi siawo tɔgbi me.​—2 Korintotɔwo 1:​3, 4.

Habɔbɔ

 Ne dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ la, hamemetsitsi siwo le teƒe mawo la dia hamea me tɔwo ƒe mɔ be woanya ne wole dedie ahanya kpekpeɖeŋu siwo wohiã. Hamemetsitsiwo gblɔa nu siwo ŋu woke ɖo kple kpekpeɖeŋu siwo wona la na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le woƒe dukɔa me.

 Ne hame siwo le nutoa me mate ŋu ana kpekpeɖeŋu siwo katã hiã o la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha wɔa ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunana amewo ŋu. Esia sɔ kple ale si Kristotɔ gbãtɔwo kpɔ wo nɔewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ esime dɔ to. (1 Korintotɔwo 16:​1-4) Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ ma me la ɖoa kpekpeɖeŋunakɔmitiwo be woawɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunana amewo ŋu ahaxɔ ŋgɔ le eme. Ðasefo siwo tso teƒe bubuwo hã tsɔa wo ɖokui nana faa hezãa woƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo tsɔ naa kpekpeɖeŋu amewo.​—Lododowo 17:17.

Gazazã

 Míezãa nudzɔdzɔ siwo woɖona ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo la ƒe akpa aɖe tsɔ kpena ɖe ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le la ŋu. (Dɔwɔwɔwo 11:​27-30; 2 Korintotɔwo 8:​13-15) Esi wònye be ame siwo wɔa dɔ sia nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo, eye womexɔa fetu o ta la, míezãa ga siwo míedzɔna la ɖe kpekpeɖeŋunadɔa ŋutɔŋutɔ ŋu, ke míetsɔa wo xea fe na dɔwɔlawo o. Míekpɔa egbɔ be mimezã ga siawo ɖe mɔ gbegblẽ nu o.​—2 Korintotɔwo 8:20.