Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Tsi Tre Ðe Abuidodo Ŋua?

Ðe Yehowa Ðasefowo Tsi Tre Ðe Abuidodo Ŋua?

 Ao. Yehowa Ðasefowo metsi tre ɖe abuidodo ŋu o. Míebua abuidodo be enye Kristotɔ ɖe sia ɖe ƒe nyametsotso si wòle be eya ŋutɔ nawɔ. Yehowa Ðasefo geɖe tianɛ be yewoado abui atsɔ akpɔ yewo ɖokui ta.

 Ne míedze dɔa, míedia dɔdamɔnu nyuiwo, eye míekpɔa dzidzɔ ɖe ale si atikeŋutinunyalawo yi ŋgɔ le atikewɔnyawo me be woateŋu alé dɔléle vɔ̃ɖiwo nu ŋu ŋutɔ. Míekpɔa dzidzɔ ɖe ale si lamesẽdɔwɔlawo kɔa dɔme wɔa woƒe dɔ kutrikukutɔe, vevietɔ, le ɣeyiɣi sesẽwo mea ŋu ale gbegbe.

 Yehowa Ðasefowo wɔa nu aduadu kple lamesẽdɔwɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, tso esime Corona dɔvɔ̃a te kakaa, Yehowa Ðasefowo yi edzi le nyatiwo tam ɖe gbegbɔgblɔ alafa geɖe me le nyatakakadzraɖoƒe sia tsɔ le dzi dem ƒo na amewo be woawɔ ɖe dɔlélea ŋuti mɔfiamewo dzi ale be woanɔ dedie. Nyati siawo dometɔ aɖewo ƒo nu tso nu si ta wòle vevie be míanɔ adzɔge vie tso amewo gbɔ, ale si míawɔ nu ne míele ame dome, kple mɔfiame siwo ku ɖe ameɖokui sikasika, asi kɔklɔ, motsyɔnu ɖɔɖɔ kpakple aɖaŋuɖoɖo bubu ɖe sia ɖe si dziɖuɖua na be woakpe ɖe mía ŋu míanɔ dedie la ŋu.—Romatɔwo 13:1, 2.

 Ƒe geɖe nye esia, Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo tea gbe ɖe nya vevi siwo gbɔna dzi:

  •   Ame ŋutɔe atso nya me le dɔdamɔnu si wòatia la ŋu.—Galatiatɔwo 6:5

     “[Magazine sia] mekafu dɔdamɔnu aɖe be enyo wu bubuwo o, eye meɖoa aɖaŋu tso dɔdamɔnu aɖeke ŋu o. Nyatakaka siwo katã le magazine sia me nye nyateƒenya vevi siwo ku ɖe lãmesẽnyawo ŋu na ame sia me. Magazine sia xlẽlawo awɔ woawo ŋutɔwo ƒe lãmesẽnyawo kple dɔdada ŋuti nyametsotsowo.”—Nyɔ!, February 8, 1987.

     “Ne wò kple viwòwo miado abui alo mimadoe o la nye wò ŋutɔ wò nyametsotso.”—Nyɔ!, August 22, 1965.

  •   Míedina be woada dɔ na mí elabe míedea asixɔxɔ gã aɖe agbe ŋu.—Dɔwɔwɔwo 17:28.

     “Ðasefowo dia kpekpeɖeŋu tso lamesẽŋutinunyalawo gbɔ ne wodze dɔ. Wolɔ̃ agbe eye wowɔa nu sia nu si sɔ eye wòwɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo la ale be woanɔ agbe didi.”—Gbetakpɔxɔ, July 1, 1975

     “Yehowa Ðasefowo lɔ̃na faa be woawɔ atike na yewo eye woakpɔ yewo gbɔ le kɔdzi. Wodi be yewoanɔ lãmesẽ nyui me ahanɔ agbe didi. Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefo aɖewo nye atikewɔlawo, abe ale si Kristotɔ Luka, si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, hã nye atikewɔla ene. . . . Yehowa Ðasefowo kpɔa ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ kple ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ si atikewɔlawo ɖena fiana la ŋu ŋutɔ. Eye wokpɔa ŋudzedze ɖe gbɔdzɔe si wokpɔna le ame siawo ƒe kpekpeɖeŋu ta la ŋu.”—Gbetakpɔxɔ, February 1, 2011.