Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Susunɛ Be Yewo Koe Akpɔ Ðeɖea?

Ðe Yehowa Ðasefowo Susunɛ Be Yewo Koe Akpɔ Ðeɖea?

 Ao. Mɔnukpɔkpɔ asu ame miliɔn geɖe siwo nɔ agbe ƒe alafa geɖe siwo va yi, siwo menye Yehowa Ðasefowo o la hã si be woakpɔ ɖeɖe. Biblia gblɔ be “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa” le xexe yeye si ŋugbe Mawu do la me. (Dɔwɔwɔwo 24:​15) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame siwo le agbe egbea dometɔ geɖe ate ŋu ava dze mawusubɔsubɔ gɔme, eye woawo hã woakpɔ agbe. Ke hã, menye míawoe atso nya me le ame si atsi agbe kple ame si matsi agbe o la ŋu o. Yesu ɖeɖe koe wode dɔ sia asi na.​—Yohanes 5:​22, 27.