Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖea Wo Ðokui Nu Le Nya Sia Nya Si Wotsɔ Ðe Wo Ŋu La Me O?

Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Meɖea Wo Ðokui Nu Le Nya Sia Nya Si Wotsɔ Ðe Wo Ŋu La Me O?

 Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be womaɖo nya ɖe sia ɖe si woatsɔ ɖe wo ŋu be woatsɔ aɖu fewu alo atso wo nu ŋu o la dzi. Le kpɔɖeŋu me, Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Ame si le fewuɖula ɖɔm ɖo la kplɔa ŋukpe ƒua eɖokui.” (Lododowo 9:7, 8; 26:4) Eya ta le esi míanɔ nya hem kple amewo le alakpanya siwo wotsɔ tsoa mía nu teƒe la, míedzea agbagba be míadze Mawu ŋu boŋ.​—Psalmo 119:69.

 Enye nyateƒe be “ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” (Nyagblɔla 3:7) Míeɖoa nya ŋu na ame siwo di vevie be yewoanya nyateƒe la, gake míeƒoa asa na nyahehe siwo ŋu viɖe mele o. Míesrɔ̃a Yesu kple Kristotɔ gbãtɔwo ƒe kpɔɖeŋuwo.

  •   Yesu meɖo alakpanya siwo wotsɔ ɖe eŋu le Pilato ŋkume la ŋu o. (Mateo 27:11-14; 1 Petro 2:21-23) Eye Yesu meɖo nya aɖeke ŋu esime wotsɔ nya ɖe eŋu be enye ahatsunola kple nutsuɖula o. Ke boŋ eto eƒe nuwɔnawo dzi na amewo kpɔ woƒe nutsotsoawo ƒe ŋuɖoɖowo, le ɖekawɔwɔ me kple gɔmeɖose sia be: “Nunya ƒe dɔwɔwɔwo tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.” (Mateo 11:19 ) Gake esi nɔnɔmea bia la, eɖe nu me na ame siwo tsɔ nya ɖe eŋu la dzinɔameƒotɔe.​—Mateo 15:1-3; Marko 3:22-30.

     Yesu fia eyomedzelawo be womegana alakpanya siwo woatsɔ ɖe wo ŋu la naɖe dzi le woƒo o. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe mianye ne amewo doa vlo mi, tia mia yome, eye wokaa aʋatso gblɔa nya vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe mia ŋu le tanye.” (Mateo 5:11, 12) Eye Yesu gblɔ hã be ne amewo tsɔ nya ɖe ye yomedzelawo ŋu eye wòʋu mɔkpɔkpɔ na wo be woaɖi ɖase la, ekema yeawɔ ŋugbedodo sia dzi be: “Mana nya kple nunya mi, eye ame siwo katã tsi tsitre ɖe mia ŋu la mate ŋu anɔ te ɖe wo nu alo atsi tsitre ɖe wo ŋu o.”​—Luka 21:12-15.

  •   Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woaganɔ nya siwo ŋu viɖe aɖeke mele o la hem kple tsitretsiɖeŋulawo o, eɖɔ nyahehe mawo be “womeɖea vi aɖeke o, eye wonye nu dzodzrowo.”​—Tito 3:9; Romatɔwo 16:17, 18.

  •   Apostolo Petro de dzi ƒo na Kristotɔwo be woaʋli woƒe xɔse ta ne ehiã. (1 Petro 3:15) Ke hã, ekpɔe dzesii be anyo ne woto woƒe nuwɔnawo dzi ɖo nya ŋu na amewo. Eŋlɔ bena: “Miawɔ nu nyui atsɔ atsi ame mabutamewo ƒe nuƒoƒo numanyamanyatɔe la nu.”​—1 Petro 2:12-15.