Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Dea Se Ðe Video, Agbalẽ Alo Hadzidzi Aɖewo Nua?

Ðe Yehowa Ðasefowo Dea Se Ðe Video, Agbalẽ Alo Hadzidzi Aɖewo Nua?

 Ao. Míaƒe habɔbɔa metɔa asi video, agbalẽ alo hadzidzi aɖewo koŋ dzi hedea se na hameviwo be woatsri wo o. Nu ka tae?

  Biblia de dzi ƒo na ame sia ame be wòana hehe eƒe “nugɔmesese ƒe ŋutetewo” be wòate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.​—Hebritɔwo 5:14.

  Biblia me mɔfiame aɖewo koŋ li siwo ŋu wòle be Kristotɔ nabu ne ele tiatia wɔm ku ɖe nu si wòatsɔ aɖe modzakae ŋu. a Míaƒe taɖodzinu le agbe mee nye be ‘míayi edzi anɔ nuwo dom kpɔ, be wodze Aƒetɔ la ŋu hã.’​—Efesotɔwo 5:10.

  Biblia fia nu be ŋusẽ le ƒome ƒe tawo si, eya ta woate ŋu atiae be yewoade se ɖe modzakaɖeɖe aɖe nu na yewoƒe ƒomea me tɔwo. (1 Korintotɔwo 11:3; Efesotɔwo 6:​1-4) To vovo na ƒomea me la, womena ŋusẽ ame aɖeke be wòade se na hamea me tɔwo be womegakpɔ film alo ase ha alo hadzila aɖewo koŋ ƒe hawo o.​—Galatiatɔwo 6:5.

a Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tsi tsitre ɖe nu sia nu si doa gbɔgbɔyɔyɔ, ahasiwɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ŋgɔ la ŋu.​—5 Mose 18:​10-13; Efesotɔwo 5:3; Kolosetɔwo 3:8.