Dzo kpo yi emenuwo dzi

Efa Akɔ Na Amewo Togbɔ Be Enɔ Dɔ Lém Hã

Efa Akɔ Na Amewo Togbɔ Be Enɔ Dɔ Lém Hã

 Clodean, si nye Yehowa Ðasefo le South Africa dze dɔ vevie eye woxɔe ɖe kɔdzi be woawɔ dɔ nɛ. Eva hiã be wòatso nya me le dɔdamɔnu si woazã nɛ ŋu. Esime wònɔ dɔa lém kple le dɔ wɔwɔ nɛ vɔ megbe siaa, esea veve, ɖeɖi tea eŋu eye nu tena ɖe edzi ŋutɔ. Esime wògbɔ tso kɔa dzi va aƒe me le kwasiɖa ewo sɔŋ megbe hã, anyimlɔƒe ko wònɔna. Eye le corona dɔvɔ̃a hã taa, amewo metea ŋu va srãnɛ kpɔ o.

 Esi Clodean medi be yealé blanui o taa, edo gbe ɖa na Mawu be wòado ŋusẽ ye yeate ŋu afa akɔ na amewo. Esi wòka ɖe eme nɛ viea, eƒo ka na eƒe aƒelika ƒe nɔvinyɔnu aɖe si Ðasefowo srɔ̃ nu kpli kpɔ. Clodean dzro nya dedziƒoname aɖe me kple ɖetugbuia tso Mawu ƒe Nyaa me eye esia ʋãe wògate Biblia sɔsrɔ̃. Clodean gblɔ viɖe siwo le Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede me na ɖetugbuia eye wòkpe ɖe eŋu wòte ŋu de kpekpea to videokadodo dzi. Ðetugbuia ɖo to nyuie le kpekpea me eye wòte ŋu ɖo nya ŋu gɔ̃ hã.

 Emegbe Clodean ɖo dze kple ɖetugbuia nɔvinyɔnu si hã di vevie be yeasrɔ̃ Biblia. Eye egblɔ na Clodean gɔ̃ hã be yenya ame bubu aɖewo siwo di be yewoasrɔ̃ Biblia. Nu kae do tso eme? Clodean te Biblia sɔsrɔ̃ kple nyɔnu ene bubuwo tsɔ kpe ɖe ɖetugbuia kple nɔvia nyɔnua ŋu. Gake mese ɖe afi ma kura o!

Clodean

 Esi Clodean tsɔa ɖe le eme na amewo tso dzi me faa taa, egate Biblia sɔsrɔ̃ kple nyɔnu ewo bubu le dɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣia me; ta ame 16 sɔŋ ye nye ema wòle Biblia srɔ̃m kplii fifia! Nusrɔ̃viawo dometɔ aɖewo dea kpekpeawo edziedzi to videokadodo dzi. Esi Clodean yi edzi le kpekpem ɖe amewo ŋu be woanya nu tso Yehowa ŋu taa, megatsɔa susu ɖoa eya ŋutɔ ƒe nɔnɔmea ŋu ale o. Eva kpɔe be esi Yehowa, “akɔfafawo katã ƒe Mawu,” fa akɔ na ye le yeƒe dɔlélea me tae ye hã yete ŋu fa akɔ na ame bubuwo.—2 Korintotɔwo 1:3, 4.

 Aleke ame siwo Clodean srɔ̃ Biblia kpliia se le wo ɖokuiwo me? Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nusɔsrɔ̃a ɖe vi geɖe nam ŋutɔ. Esi gade dzi gbɔ nam wue nye be meva nya Mawu ƒe ŋkɔ. Esia kpe ɖe ŋunye meva te ɖe Yehowa ŋu.” Ðetugbui gbãtɔ si Clodean ƒo ka na le vevie dom nusɔsrɔ̃a eye eɖoe be madidi o yeaxɔ nyɔnyrɔ. Nuteƒekpɔkpɔ siawo na dzi le Clodean dzɔm ale gbegbe. Eye fifia eƒe lãme sẽ nyuie.