Dzo kpo yi emenuwo dzi

“Mewɔa Nu Si Mate Ŋu Awɔ”

“Mewɔa Nu Si Mate Ŋu Awɔ”

 Aƒenɔ Irma, si le Germany la xɔ ƒe 90 kloe. Edze afɔku vevie zi eve eye wowɔ dɔ nɛ zi geɖe, eya ta megatea ŋu ɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me o. Fifia Irma toa lɛtaŋɔŋlɔ na eƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo dzi ƒoa nu tso eƒe xɔse ŋu. Lɛta siwo Irma ŋlɔna ɖona ɖe amewo, siwo me dzideƒonamenyawo kple akɔfanyawo le, la dzea amewo ŋu ale gbegbe be woyɔnɛ zi geɖe bianɛ be ɣekaɣie wòagaɖo lɛta bubu ɖa hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, exɔa akpedalɛta geɖewo tso amewo gbɔ siwo me wobiana tso esi le be wòagaŋlɔ lɛta na yewo ake. Irma gblɔ be, “Esiawo katã nana mekpɔa dzidzɔ eye wòwɔnɛ be megatea ŋu yia edzi nɔa gbeƒã ɖem.”

 Irma ɖoa lɛtawo ɖe ame siwo le ame tsitsiwo dzi kpɔƒewo hã. Egblɔ be: “Nyɔnu tsitsi aɖe ƒo ka nam eye wògblɔ nam be lɛta si meɖo ɖe ye la fa akɔ na ye ale gbegbe esi ye srɔ̃ ku. Edzra lɛtaa ɖo ɖe eƒe Biblia me eye exlẽnɛ le fiẽsiwo me zi geɖe. Nyɔnu bubu aɖe si srɔ̃ ku nyitsɔ laa la gblɔ be lɛta si meɖo ɖe ye la kpe ɖe ye ŋu wu mawunya si yewoƒe nunɔlaa gblɔ. Nyabiase geɖewo nɔ esi siwo wòdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na eye ebiam be yeate ŋu ava srãm kpɔ hã.

 Irma ƒe ame nyanyɛ aɖe si menye Ðasefo o si ʋu le nuto si me Irma le me la gblɔ na Irma be wòaŋlɔ lɛta aɖo ɖe ye. Irma gblɔ be, “Nyɔnua dzra nye lɛtawo katã ɖo. Esi wòku la, vianyɔnu ƒo ka nam. Egblɔ nam be yexlẽ lɛta siwo katã meŋlɔ na ye dada eye wòbiam be ɖe manyo dɔme na ye anɔ lɛta siwo ku ɖe Biblia me nyawo ŋu ŋlɔm ɖo ɖe ye hã.

 Irma sea vivi na eƒe subɔsubɔdɔa ale gbegbe. Egblɔ be: “Meɖea kuku na Yehowa be wòayi edzi ado ŋusẽm be masubɔe. Togbɔ be nyemegatea ŋu ɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me o hã la, mewɔa nu si mate ŋu awɔ.”