Dzo kpo yi emenuwo dzi

Gblɔe Na Wo Be Yelɔ̃ Wo

Gblɔe Na Wo Be Yelɔ̃ Wo

 Ong-Li nye Yehowa Ðasefo aɖe si le Bulgaria. Esrɔ̃a Biblia kple ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Zlatka, gake Zlatka srɔ̃ ya mesrɔ̃a Biblia kple Ðasefowo o. Ong-Li gblɔ be: “Esime míenɔ nu srɔ̃m tso ƒomegbenɔnɔ ŋu la, mete gbe ɖe ale si wòle vevie be míagblɔ na mía srɔ̃ kple mía viwo be míelɔ̃ wo la dzi nɛ. Zlatka kpɔm dũu hegblɔ be yemegblɔe na ye srɔ̃ alo ye vinyɔnuvi si xɔ ƒe asieke la kpɔ gbeɖe be yelɔ̃ wo o!”

 Zlatka ɖe nu si tae la me esi wògblɔ be, “Malɔ̃ faa awɔ nu sia nu na wo, gake manya wɔ nam be magblɔ nya mawo o.” Egblɔ hã be, “Nɔnye megblɔ nam kpɔ be yelɔ̃m o, eye mamanye hã megblɔ na nɔnye kpɔ be yelɔ̃e o.” Ong-Li na Zlatka kpɔe le Biblia me be Yehowa gblɔe na Yesu tẽe be yelɔ̃e. (Mateo 3:17) Ong-Li de dzi ƒo na Zlatka be wòado gbe ɖa na Yehowa tso nya sia ŋu eye wòaɖoe eƒe taɖodzinu be wòaɖee agblɔ na srɔ̃a kple via be yelɔ̃ wo.

 Ong-Li gblɔ be: “Le ŋkeke eve megbe la, Zlatka gblɔ nam dzidzɔtɔe be yedo gbe ɖa na Yehowa hebia eƒe kpekpeɖeŋu. Esi Zlatka srɔ̃ gbɔ va aƒe me la, egblɔ nɛ be yeva kpɔe le yeƒe Biblia sɔsrɔ̃a me be ele vevie be srɔ̃nyɔnu nade bubu srɔ̃a ŋu ahalɔ̃e. Eyome, etɔ vie eye wògblɔ na srɔ̃a be yelɔ̃e vevie! Eye esi via gbɔ va aƒe me la, ewɔ atuu nɛ eye wògblɔ nɛ be yelɔ̃e! Zlatka gblɔ nam be: ‘Fifia nye dzi dze eme ŋutɔ. Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia nyemete ŋu ʋu go nye seselelãmewo o, gake le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, fifia metea ŋu gblɔna na nye ƒomea me tɔwo be melɔ̃ wo.’

Ong-Li yi edzi le Biblia srɔ̃m kple amewo le nuto si me wòle la me

 Ong-Li gblɔ be, “Le kwasiɖa ɖeka megbe la, medo go Zlatka srɔ̃ eye wògblɔ nam be: ‘Ame geɖe gblɔ nam be magaɖe mɔ nàsrɔ̃ Biblia kple Zlatka o, gake ɖikekemanɔmee la, eƒe Biblia sɔsrɔ̃a le vi ɖem na míaƒe ƒomea ŋutɔ. Mía dome va le vivim nyuie wu eye míele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me.’”