Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ale Si Wode Dzi Ƒo Na Kɔdzidɔwɔla Aɖewo

Ale Si Wode Dzi Ƒo Na Kɔdzidɔwɔla Aɖewo

 Bryn nye Yehowa Ðasefo le North Carolina, U.S.A. Eye wònye Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitia me tɔ si kpea asi ɖe Yehowa Ðasefo siwo hiã kpekpeɖeŋu le atikewɔnyawo me la ŋu.

 Le corona dɔvɔ̃a taa, kɔdzi geɖewo megalɔ̃na be amewo nava srã dɔnɔwo kpɔ o. Bryn ƒo ka na kɔdzimegã aɖe si kpɔa amewo sasrãkpɔ ƒe nyawo gbɔ be ne anya wɔ be yeava srã dɔnɔ siwo nye Ðasefowo le kɔa dzi kpɔ aha ade dzi ƒo na wo.

 Ke hã, kɔdzimegã ƒe kpeɖeŋutɔe xɔ Bryn ƒe kaƒoƒoa. Esi wòɖe eme nɛ be manya wɔ be amewo nava fifia oa, Bryn bia nenye be anya wɔ be woatsɔ yeƒe kaƒodzesi ana dɔnɔ siwo nye Ðasefowo le kɔa dzi ale be yeaƒo nu kpli wo. Wolɔ̃ ɖe edzi nɛ.

 Bryn bu kɔdzidɔwɔlawo hã ŋu eye wòbia woƒe fɔfɔ ta se heda akpe na kɔdzimegã ƒe kpeɖeŋutɔa ɖe woƒe dɔ sesẽ siwo wɔm wolea ta. Egblɔ kpee be yexlẽ nu tso ale si nu te ɖe ame geɖe dzi le xexea me godoo le dɔvɔ̃a ta, vevietɔ ale si kɔdzidɔwɔlawo ƒe dɔa va dzi ɖe edzi si wɔe be nu tia kɔ na wo eye nu tena ɖe wo dzi la ŋu.

 Kɔdzimegã ƒe kpeɖeŋutɔa lɔ̃ ɖe edzi be corona dɔvɔ̃a va na be yewoƒe dɔa gava keke ta ale gbegbe be nu tia kɔ na yewo eye nu tena ɖe yewo dzi vevie.

 Eyome Bryn gblɔ nɛ be: “Nyati geɖewo le míaƒe nyatakakadzraɖoƒe siwo kpena ɖe ame siwo dzi nu te ɖo la ŋu. Ne èʋu jw.org eye nèŋlɔ ‘nuteɖeamedzi’ ɖe Nudidi ƒe aɖaka mea, àkpɔ nyati aɖewo siwo ade dzi ƒo na wò ŋutɔ kple kɔdzidɔwɔla bubuawo.”

 Esime wokpɔtɔ le nuƒoƒo dzia, kɔdzimegã ƒe kpeɖeŋutɔa yi nyatakakadzraɖoƒea eye wòwɔe nenema pɛpɛpɛ, eye wòke ɖe nyati aɖewo ŋu. Ŋutsua gblɔ be “Wao! Matsɔe afia nye amegã. Nyati siawo adzɔ dzi na míaƒe dɔwɔlawo kple ame bubuwo. Mawɔ woƒe kɔpi ama na wo.”

 Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbea, Bryn ƒo nu kple kɔdzimegãa ŋutɔ eye kɔdzimegãa gblɔ na Bryn be yewote ŋu yi nyatakakadzraɖoƒea vae ke ɖe nyati siwo ku ɖe nuteɖeamedzi kple nyati bubuwo ŋu eye yewowɔ woƒe kɔpiwo. Woma kɔpiawo na dɔnɔdzikpɔlawo kple dɔwɔla bubuwo le kɔa dzi.

 Bryn gblɔ be: “Kɔdzimegã da akpe nam ŋutɔ ɖe míaƒe dɔa kple nyati siawo ta. Eye wògakafu ale si wotrɔ asi le nyatiawo ŋu wode dzi gbɔ na ame ta. Woɖe vi na mí ale gbegbe.”