Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

JW LIBRARY

JW Library Dzi Nuwo

JW Library Dzi Nuwo

Biblia Ƒe Ŋudɔwɔnuwo

  • Tia Biblia vovovo adeawo dometɔ ɖeka.

  • Zi mawunyakpukpui aɖe dzi ne nàkpɔ ale si Biblia vovovoawo ɖe egɔmee.

  • Zi etenuŋɔŋlɔwo kple titinanuŋɔŋlɔwo ƒe dzesiwo dzi nàkpɔ nu siwo ŋuti woku ɖo.

 

Agbalẽwo Ʋuʋu

  • Li asi agbalẽ si me nèle la dzi yi miame alo ɖusime be wòaʋu agbalẽa ƒe akpa bubuwo na wò.

  • Zã axaléɖinua nàtsɔ alé mawunyakpukpui alo ta si xlẽm nèle la ɖi ale be nàte ŋu ake ɖe eŋu ne èdi be yeayi nuxexlẽa dzi ɣebubuɣi.

  • Yi afi si nye Esiwo Nèʋu ne nàkpɔ nu siwo nèʋu va yi.

  • Zã Nudidi ƒe mɔnua nàtsɔ adi nyawo kple nyagbewo le agbalẽ si nèʋu la me.

  • Kpɔ agbalẽ siwo wòahiã be nàzã le kpekpeawo me.