JW LANGUAGE
JW Language Dzi Nuwo
Gbegbɔgblɔ Geɖewo Le Edzi
Tia gbegbɔgblɔ 18 siwo le edzi la dometɔ ɖeka abe mia degbe ene eye nàtia ɖeka hã wòanye gbe si nèdi be yeasrɔ̃. Gbe siwo li la woe nye Bengaligbe, Chinagbe (Bɔbɔetɔ) si ŋu Mandaringbe me odio kpe ɖo, Eŋlisigbe, Fransegbe, Germaniagbe, Hindigbe, Indonesiagbe, Italiagbe, Japangbe, Koreagbe, Myanmargbe, Portugalgbe, Russiagbe, Spaniagbe, Swahiligbe, Tagalog-gbe, Thailandgbe kple Turkeygbe.
Nya Siwo Ku Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu
Nya kple nyagbe siwo le JW Language nye nya siwo míezãna le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me hekpe ɖe Biblia me nyawo ŋu. Trakt gbogbo aɖewo hã le eme, àte ŋu atsɔ mia degbe me tɔwo asɔ kple gbe bubu si nètia la tɔwo.
Gbesɔsrɔ̃ Ƒe Mɔnuwo
Xlẽ gbe si nèse kple gbe si srɔ̃m nèle siwo woɖo ɖe wo nɔewo xa
Se ale si gbe si srɔ̃m nèle la dola xlẽ nya, nyagbɔgblɔ, alo agbalẽ aɖee
Kpɔ video siwo míezãna le gbeadzisubɔsubɔdɔa me siwo le gbe si srɔ̃m nèle me
Zã nɔnɔmetatawo le gbea sɔsrɔ̃ me
Kpɔ ale si nya vovovowo kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wotua nyawo ɖoe le gbea ŋuti sewo nu la dzi
Zã dɔdeasi siwo akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ gbea
Kpɔ: Tia nu si kpɔm nèle la ƒe gɔmeɖeɖe
Tiatiawo: Tia nu siwo sɔ kple wo nɔewo
Ðo To: Tia nu si sem nèle la ƒe gɔmeɖeɖe
Gbesɔsrɔ̃ Ƒe Taflo: Kpɔe ɖa be àte ŋu agblɔ nu si kpɔm nèle la ƒe gɔmeɖeɖe hã
Se Nyawo Eye Nàgblɔ Wo: Woagblɔ nyawo nàse eye nàgblɔ wo ɖe eyome
Wɔ Asitɔtrɔ Siwo Nèdi
Dzra nɔnɔmetata kple nyagbɔgblɔ siwo nèlɔ̃a zazã la ɖo ale be wo kpɔkpɔ nanɔ bɔbɔe na wò
Trɔ asi le nya siwo nàƒo ase la ƒe tsɔtsɔme ŋu
Àte ŋu ana nuŋɔŋlɔawo nadze le Roman alfabetawo me
Wɔ nuwo ƒe kɔpi da ɖi ale be nàzã wo Internet manɔmee gɔ̃ hã
Tia video siwo ƒe kɔkɔme mede ŋgɔ fũu o ale be woagaxɔ mɔ geɖe akpa le wò mɔ̃a dzi o
Roma-ŋɔŋlɔdzesiwo
Le gbegbɔgblɔ siwo womeŋlɔna kple Roma-ŋɔŋlɔdzesiwo o gome la, nyawo kple nyagbewo anɔ dzedzem le Roma-ŋɔŋlɔdzesiwo hã me.
Kpekpeɖeŋu
Ne èdo go kuxi aɖe le JW Language zazã me la, taflatsɛ kpe míaƒe internet dzi kpekpeɖeŋu ƒe aɖaka ɖo.