Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

4 Mose 6:24-26—“Yehowa Ayra Wò, Eye Wòakpɔ Dziwò!”

4 Mose 6:24-26—“Yehowa Ayra Wò, Eye Wòakpɔ Dziwò!”

 “Yehowa neyra wò, eye wòakpɔ tawò. Yehowa nakɔ mo ɖe wò, eye wòave nuwò. Yehowa netrɔ mo ɖe gbɔwò, eye wòana ŋutifafa wò.”—4 Mose 6:24-26, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia.

 “Yehowa ayra wò, eye wòakpɔ dziwò! Yehowa akɔ ŋku me ɖe wò, eye wòave nuwò! Yehowa atrɔ mo ɖe gbɔwò, eye wòana ŋutifafa wò!”—4 Mose 6:24-26, Eʋegbe Biblia.

Nu Si 4 Mose 6:24-26 Fia

 Woyɔa nya siwo dze le kpukpui mawo me be Aron ƒe yayranyawo, eye Aron ye nye Israel ƒe nunɔlagã gbãtɔ. (2 Mose 28:1) Mawu gbɔe yayranya mawo tso. (4 Mose 6:22, 23) Mawu gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Aron kple viaŋutsuwo be, ‘Ale miayra Israel-viwoe nye esi,’” eyome koe Mawu gblɔ nya siwo dze le 4 Mose 6:24-26. Nunɔla wɔnuteƒewo wɔ ɖe Mawu ƒe sedede ma dzi. Wode bubu Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa a hã ŋu. Kpukpui 27 lia gblɔ be: “Ale [nunɔlawo nayɔ] nye ŋkɔ atɔ ɖe Israel-viwo ŋu, ne mayra wo.”

 “Yehowa neyra wò, eye wòakpɔ tawò.” Mɔ si nu Yehowa yraa esubɔlawo lee nye be ekpɔa wo ta, efiaa mɔ wo, eye wònana woƒe mɔwo dzea edzi. (Lododowo 10:22) Le 4 Mose 6:24-26 la, wozã nya “wò” enuenu, ke menye “mi” o. Esia ate ŋu afia be menye ɖeko Mawu di be yeayra Israel-viwo abe dukɔ ene ko evɔ o, ke edi be yeayra wo dome ame sia ame hã.

 “Yehowa nakɔ mo ɖe wò, eye wòave nuwò.” Be woabia be Mawu “nakɔ mo ɖe” ame fia be woabia be Mawu nave ame nu eye wòakpɔ ŋudzedze ɖe amea ŋu. b Woagate ŋu aɖe nya sia gɔme be: “Yehowa akɔ ŋkume ɖe wò.” (4 Mose 6:25, Agbenya La) Ale si Yehowa vea eƒe amewo nue nye be enyoa dɔme na wo, eƒe dɔme trɔna ɖe wo ŋu, eye wòkpɔa nublanui na wo.—Yesaya 30:18.

 “Yehowa c netrɔ mo ɖe gbɔwò, eye wòana ŋutifafa wò.” Ale si Yehowa ‘trɔa mo ɖe’ esubɔlawo gbɔe nye be etsɔa ɖe le eme na wo eye wònaa ŋutifafa wo. Numekugbalẽ aɖe gblɔ tso “Hebrigbe me nya si gɔme woɖena be ŋutifafa (shalom)” ŋu be, “menye ale si nyaʋiʋli manɔ ame aɖe kple ame bubuwo dome o koe wòfia o, ke efia hã be ame nase le eɖokui me be yele dedie eye ye kple Mawu dome le nyuie.”

 Hafi yayra siwo ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui siawo me nava eme na Israel-viwoa, ele be woaɖo to Yehowa. (3 Mose 26:3-6, 9) Ne wowɔe alea, eya hã yraa wo, abe ale si wòdo ŋugbee ene. Eva eme alea le woƒe fia aɖewo ƒe dziɖuɣi. Wo dometɔ aɖewoe nye Salomo kple Hizkiya.—1 Fiawo 4:20, 25; 2 Kronika 31:9, 10.

 Togbɔ be womebia tso Kristotɔwo si egbea be woagbugbɔ yayranya mawo anɔ gbɔgblɔm o hã, woate ŋu agblɔ nya mawo tɔgbi ne wole gbe dom ɖa ɖe ame bubuwo ta alo wole dzi dem ƒo na hati Kristotɔwo. (1 Tesalonikatɔwo 5:11, 25) Yehowa metrɔna o. Egadi kokoko be yeayra ye subɔla wɔnuteƒewo ahakpɔ wo ta. Eya ta esi Kristotɔ vavãwo nyae be Yehowa kɔa “mo” ɖe yewo, alo kpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu taa, woate ŋu akpɔ ŋutifafa.

Nya Siwo Ƒo Xlã 4 Mose 6:24-26

 Mose ƒe agbalẽ enelia ƒe ta ewo gbãtɔawo ku ɖe se siwo Mawu de na Israel-viwo esime wonɔ mɔ zɔm yina Ŋugbedodonyigbaa dzi eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Sinai Toa gbɔ ŋu. Wonɔ afi ma abe ƒe ɖeka ene, eye le ɣeyiɣi ma mea, Yehowa na wozu dukɔ eye wòna mɔfiame kple se vovovo wo, si wova yɔna be Se ƒe nubabla la.

 Le mɔfiame mawo mea, Yehowa na Mose nya nya siwo Aron kple viaŋutsuwo, siwo wotia be woanye nunɔlawoa, agblɔ atsɔ ayra Israel-viwo. (4 Mose 6:23) Tso ema dzia, Aron kple eƒe dzidzimeviwo gblɔa nya siwo le 4 Mose 6:24-26 tsɔ yraa dukɔa. Le ɣeyiɣi aɖe megbea, eva zu kɔnu le Israel be nunɔlawo gblɔa yayranya mawo le ŋkekea ƒe nuwuwu ne wosa vɔwo le gbedoxɔa me vɔ.

 Kpɔ video kpui sia be nàkpɔ nu si ŋu Mose Ƒe Agbalẽ Enelia ku ɖo.

a Ŋkɔ si woyɔna na Mawu le Hebrigbe mea, woɖea egɔme le Eʋegbe me zi geɖe be Yehowa. Ne èdi be yeanya nu si tae Biblia gɔmeɖeɖe geɖe zã dzesideŋkɔ Aƒetɔ ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ teƒea, kpɔ nyati si ƒe tanyae nye, “Ame Kae Nye Yehowa?

b To vovo na ema la, Biblia gblɔ be Yehowa ɣla ŋkume ɖe Israel-viwo esi megava kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o, le woƒe nuwɔnawo ta.—Yesaya 59:2; Mika 3:4.

c Biblia gɔmeɖeɖe aɖe (NIV Study Bible) gblɔ be woyɔ Mawu ƒe ŋkɔa enuenu le kpukpui siawo me “tsɔ te gbe ɖe [kpukpui 27 lia] me nyawo dzi.” Gake ame aɖewo gblɔna be ale si woyɔ Mawu ƒe ŋkɔa enuenu zi etɔ̃ le kpukpui mawo mea le kpe ɖom edzi be Yehowa nye Mawuɖekaetɔ̃. Gake menye nenemae nyaa le o. Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe si da asi ɖe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa dzi gblɔ be, Mawu ƒe ŋkɔ yɔyɔ zi etɔ̃ le afi sia “mana nunɔla siwo gblɔa yayranya mawo alo dukɔa me tɔ siwo sea woa nabu susu ma o.” Le woawo gbɔa, ɖeko Mawu ƒe ŋkɔa yɔyɔ zi etɔ̃ ana woakpɔe be yayranya mawo nya se eye wole blibo.” (The Pulpit Commentary, Babla 2, axa 52) Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe wua, kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Mawuɖekaetɔ̃e Mawu Nyea?”