Dzo kpo yi emenuwo dzi

SRƆ̃ WOƑE XƆSE | HIOB

Yehowa Ðe Eƒe Vevesesewo Ða

Yehowa Ðe Eƒe Vevesesewo Ða

Ŋutsu etɔ̃awo zi ɖoɖoe mlɔeba. Ðewohĩ nu si woate ŋu ase koe nye ya si nɔ ƒoƒom le wo gbɔ. Hiob kple exɔlɔ̃awo he nya legbe aɖe vɔ koe nye ema, si wɔe be ɖeɖi te eŋu eye nya aɖeke meganɔ esi wòagblɔ o. Kpɔe ɖa le susu me be ele exɔlɔ̃awo, siwo nye Elifaz, Bildad kple Zofar, ŋkume kpɔm gãa abe ɖe wòdi be yeagblɔ na wo be ne woka atse gblɔ nya aɖe ko woakpɔ ene. Gake womete ŋu kpɔ eƒe ŋkume o, eya ta wode kɔ to alo kpɔ adzɔge elabe eve wo be yewoƒe ‘nya gbɔloawo’ kple nya tɔamewo mete ŋu kpe Hiob dzi o. (Hiob 16:3) Hiob gaɖoe kplikpaa wu tsã be yeayi edzi awɔ nuteƒe.

Hiob ƒe nunɔamesiwo dome gblẽ, via ewoawo katã ku, exɔlɔ̃wo kple aƒelikawo megadea bubu eŋu o, eye mlɔeba edze dɔ vevie. Dɔlélea na be eƒe ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖi, abi xɔ eŋuti katã eye ŋɔviwo nɔ dodom tso eƒe abiwo me. Eƒe nu me hã nɔ ya ɖem. Hiob anya se le eɖokui me be nu si gakpɔtɔ ɖe ye si koe nye yeƒe nuteƒewɔwɔ si me yelé ɖe asi. (Hiob 7:5; 19:17; 30:30) Gake nya veame siwo ŋutsu etɔ̃awo gblɔ na Hiob la wɔe be wòdo dziku vevie. Eɖoe kplikpaa be yeaʋli ye ɖokui ta be yemenye ame vɔ̃ɖi abe ale si wole egblɔm ene o. Esi Hiob gblɔ eƒe nyawo vɔ la, gbɔgblɔ bu ɖe exɔlɔ̃awo. Nya veame aɖeke meganɔ wo si woagblɔ o. Ke hã, Hiob gakpɔtɔ nɔ veve sem. Ehiã na akɔfafa vevie.

Edze ƒãa be míate ŋu ase nu si tae Hiob megava nɔ nuwo ŋu bum nyuie o la gɔme. Ehiã na ɖɔɖɔɖo kple mɔfiame. Eye wòhiã na akɔfafa hã, go mawo mee wòle be exɔlɔ̃ etɔ̃awo nakpe ɖe eŋu le hafi gake womewɔe o. Ðe nèɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me kpɔ eye nèkpɔe be yehiã na mɔfiame kple akɔfafa? Ðe ame siwo nèsusu be wonye ye xɔlɔ̃wo la wɔ nu wòve wò kaɖikaɖi kpɔa? Ne èsrɔ̃ nu tso ale si Yehowa kpe ɖe eƒe dɔla Hiob ŋu kple ale si Hiob lɔ̃ xɔ kpekpeɖeŋu ŋu la, esia ana mɔkpɔkpɔ nasu asiwò eye wòado ŋusẽ wò hã.

Aɖaŋuɖola Dzenunya Si Ƒo Nu Dɔmenyotɔe

Azɔ míeva ɖo Hiob ƒe ŋutinya ƒe akpa bubu. Ame bubu aɖe hã nɔ eteƒe—enye ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Elihu. Eya hã nɔ eteƒe esime ŋutsu tsitsiawo nɔ nya hem, gake ɖeko wònɔ anyi kpoo nɔ woƒe nyawo sem. Eye nya siwo gblɔm wonɔ la medzɔ dzi nɛ kura o.

Elihu do dziku ɖe Hiob ŋu. Ete ɖe edzi be Hiob ɖe mɔ ŋutsu etɔ̃ mawo ƒe nyaƒoɖeamenuwo wɔe be wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu. Ke hã Elihu se veve ɖe Hiob nu. Ekpɔe be Hiob nɔ veve sem, enye nuteƒewɔla eye wòhiã vevie be woaɖo aɖaŋu nɛ lɔlɔ̃tɔe ahafa akɔ nɛ. Mewɔ nuku o be yeaɖi akɔfala etɔ̃ mawo ƒe nyawo wɔe be Elihu megate ŋu lé eɖokui o. Esee wonɔ nya veamewo gblɔm ɖe Hiob ŋu, wonɔ agbagba dzem be yewoado vloe, yewoana eƒe xɔse me nagbɔdzɔ eye wòadzudzɔ nuteƒewɔwɔ. Esi gavloe wue nye be woto woƒe nya totrowo dzi nɔ fɔ bum Mawu be enye ame vɔ̃ɖi. Eya ta menɔ tsɔtsɔm na Elihu be wòaƒo nu o!—Hiob 32:2-4, 18.

Elihu gblɔ be, “nye ya ɖevi ko menye, ke miawo la ame tsitsiwoe mienye. Esia tae melé ɖokuinye kpoo, eye mevɔ̃ be maɖe nu si menya la agblɔ na mi.” Gake fifia ya magate ŋu azi ɖoɖoe o. Eyi edzi gblɔ be: “Menye tsitsi koe wɔa ame nunyala o, eye menye tsitsiawo koe nya nu si le eteƒe o.” (Hiob 32:6, 9) Eyome Elihu gblɔ nya geɖe siwo ɖee fia be nya mawo nye nyateƒe. Ale si wòƒo nui la to vovo na ale si Elifaz, Bildad kple Zofar ƒo nui. Elihu ka ɖe edzi na Hiob be yemaƒo nu ado vloe alo ana wòase veve ɖe edzi o. Azɔ hã ede bubu Hiob ŋu esi wòyɔ Hiob ƒe ŋkɔ hafi ƒo nu nɛ eye wòlɔ̃ ɖe edzi be ŋutsu etɔ̃ mawo meƒo nu nɛ bubutɔe o. * Egblɔ nɛ bubutɔe be: “Azɔ Hiob, meɖe kuku, se nye nyawo.”—Hiob 33:1, 7; 34:7.

Elihu yɔ Hiob ŋkɔ hafi ƒo nu nɛ, eye ewɔ nu ɖe eŋu nyuie hede bubu eŋu

Elihu gbe nya na Hiob esi wògblɔ nɛ be: “Wò nyawo ge ɖe to me nam; [ègblɔ be], ‘Mele dzadzɛ, dzidada aɖeke mele ŋunye o; ŋunye kɔ, eye vodada mele ŋunye o. Ke hã, Mawu kpɔa nane le ŋunye godoo.’” Elihu yi nyaa ƒe ke gbɔ esi wòbia Hiob be: “Èka ɖe edzi tututu be wò nya dzɔ esi nèle gbɔgblɔm be, ‘Tɔnye dzɔ wu Mawu tɔa’?” Elihu kpɔe be ele be yeaɖɔ Hiob ƒe susu ɖo. Eya ta egblɔ nɛ be, “Tɔwò medzɔ le nya sia me o.” (Hiob 33:8-12; 35:2) Elihu nya be dzi nɔ Hiob kum vevie ɖe vɔ̃ siwo dzɔ ɖe edzi kple ale si eƒe alakpa xɔlɔ̃awo wɔ nu ɖe eŋui la ta. Ke hã eɖo aɖaŋu na Hiob be: “Kpɔ nyuie be dɔmedzoe nagahe wò de fewuɖuɖu me o.”—Hiob 36:18.

Elihu He Susu Yi Yehowa Ƒe Dɔmenyonyo Dzi

Ƒo wo katã ta la, Elihu na eme kɔ nyuie be Yehowa Mawu wɔa nu si le eteƒe ɣesiaɣi. Egblɔ nya ʋɛ aɖewo tsɔ te gbe ɖe nyateƒenya vevi aɖe dzi ale: “Mawu vavã la mawɔ nu vɔ̃ɖi akpɔ o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu gbegblẽ gbeɖe o! . . . Ŋusẽkatãtɔ la mebaɖaa afɔ na nya dzɔdzɔe o.” (Hiob 34:10, 12) Elihu kpe ɖe Hiob ŋu wòkpɔe be Yehowa Mawu kpɔa nublanui eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Elabena Hiob gblɔ nya aɖewo siwo ɖee fia be mede bubu Mawu ŋu o, gake Yehowa mehe to nɛ ɖe esia ta o. (Hiob 35:13-15) Eye Elihu mewɔ nu wòdze abe ɖe wòse nu sia nu gɔme ene o, ke boŋ egblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Mawu lolo wu ale si míate ŋu anya.”—Hiob 36:26.

Togbɔ be Elihu nɔ nya gbem na Hiob hã la, eƒo nu nɛ dɔmenyotɔe. Eka ɖe edzi na Hiob be Yehowa ana eƒe lãme nagasẽ gbe ɖeka. Mawu agblɔ tso esubɔla wɔnuteƒea ŋu be: “Eƒe ŋutilã negazu yeye wu ale si wònɔ le eƒe ɖevime; eƒe ɖekakpuimeŋusẽ negaɖo eŋu.” Nu nyui bubu aɖe si Elihu gawɔe nye be ebia tso Hiob hã si be wòaƒo nu tsɔ wu be eya ɖeɖe ko nanɔ nu ƒom. Egblɔ be: “Ƒo nu, elabena medi be maɖee fia be tɔwò dzɔ.” (Hiob 33:25, 32) Gake Hiob megblɔ nya aɖeke o. Ðewohĩ ekpɔe be mehiã be yeagaʋli ye ɖokui ta o le ale si Elihu ƒo nu na ye nyuie hede dzi ƒo na ye ta. Hiob anya fa avi esi wòkpɔe be Elihu tsɔ ɖe le eme na ye.

Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso Hiob kple Elihu gbɔ. Elihu kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si míate ŋu afa akɔ na ame siwo ɖo xaxa me ahaɖo aɖaŋu na wo. Ne ame aɖe si nye xɔ̃wò vavã kpɔe be gbɔdzɔgbɔdzɔ gã aɖe le ŋuwò, alo be èle afɔ aɖe si ate ŋu akplɔ wò ayi afɔku me ɖem la, mado kpo egbɔgblɔ na wò o. (Lododowo 27:6) Xɔlɔ̃ mawo tɔgbie míadi be míanye, ame siwo awɔ nu ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu nyuie ahade dzi ƒo na wo, nenye be wogblɔ nya siwo mesɔ o gɔ̃ hã. Eye ne míawoe wòhiã be woaɖo aɖaŋu na la, Hiob ƒe kpɔɖeŋua ɖoa ŋku edzi na mí be ele be míabɔbɔ mía ɖokui axɔ aɖaŋuɖoɖoa, ke menye be míatu afɔkpoe o. Ehiãna be woaɖo aɖaŋu na mí katã ahaɖɔ mí ɖo ɣeaɖewoɣi. Aɖaŋuɖoɖowo xɔxɔ ate ŋu axɔ mí ɖe agbe.—Lododowo 4:13.

Yehowa Ƒo Nu “Le Ahom Me”

Esime Elihu nɔ nu ƒom la, ehe susu yi ahom, alilikpowo, dziɖegbe kple dzikedzowo dzi zi geɖe. Egblɔ tso Yehowa ŋu be: “Miɖo to eƒe gbe ƒe gbeɖeɖe.” Esia megbe kpuie la, Elihu ƒo nu tso “ahom” ŋu. (Hiob 37:2, 9) Edze abe esime wòle nu ƒom la, ya aɖe te ƒoƒo, enu nɔ sesẽm vivivi. Eye mlɔeba, ahom sesẽ aɖe tu. Esia yome la, nu wɔnuku aɖe dzɔ. Yehowa ƒo nu.—Hiob 38:1.

Bu eŋu kpɔ ko be wòe nye ema nɔ anyi ɖe sukuxɔ me eye xexea katã Wɔla lae nye ema le nu fiam wò tso dzɔdzɔmenuwo ŋu!

Ne míele Hiob ƒe agbalẽa xlẽm va ɖo ta siawo siwo me Yehowa ƒo nu na Hiob le dzi la, dzi dzɔa mí ŋutɔ. Abe ale si ko ya sesẽ tea ŋu ƒoa gbe ƒuƒu kple atsa dzonae ene la, ɖeko wònɔ abe ɖe Yehowa ƒe nyawo ƒo Elifaz, Bildad kple Zofar ƒe nya ƒuƒluwo kple alakpanyawo dzoe ene. Ɣeyiɣi aɖe megbe kurae Yehowa va ƒo nu na ŋutsu etɔ̃ mawo, elabena Hiob koŋ ŋue eƒe susu nɔ. Eƒo nu na esubɔlaa moveviɖoɖotɔe le lɔlɔ̃ me, abe ale si ko vifofo aɖɔ via ɖoe ene.

Yehowa nya fu siwo kpem Hiob nɔ. Eye ese veve ɖe enu, abe ale si ko wòsea veve ɖe via lɔlɔ̃a siwo le fu kpem la nu ɣesiaɣi ene. (Yesaya 63:9; Zakariya 2:8) Enyae hã be Hiob nɔ ‘nu ƒom numanyamanyatɔe,’ si wɔe be eƒe vevesesewo nu gasẽ ɖe edzi. Eya ta Yehowa bia nya geɖe siwo ana Hiob nabu tame la eyama tsɔ ɖɔe ɖo. Gbã la, ebiae be: “Afi kae nènɔ esime meɖo anyigba la gɔme anyi? Ne ènyae la, ekema gblɔe nam.” Esi Mawu wɔ anyigba kple edzinuwo teti la, “ŋukeɣletiviwo” alo mawudɔlawo do dzidzɔɣli ɖe ale si eƒe nuwɔwɔwo wɔ nukui ta. (Hiob 38:2, 4, 7) Eme kɔ ƒãa be Hiob mate ŋu aɖo nya ma ŋu o, elabena menya naneke tso nu mawo ŋu o.

Yehowa ƒo nu le ahom me heɖɔ Hiob ƒe susu ɖo lɔlɔ̃tɔe

Yehowa yi edzi ƒo nu tso eƒe nuwɔwɔwo ŋu. Le mɔ aɖe nu la, míagblɔ be Yehowa fia nu Hiob tso dzɔdzɔmenuwo abe ɣletiviwo, nu gbagbewo, anyigba kple dzɔdzɔmeŋusẽwo ene ŋu. Lã siwo le anyigba ƒe akpa si Hiob nɔ la koŋ ŋue Yehowa ƒo nu tsoe; woawoe nye dzata, akpaviã, agamegbɔ̃, gbetedzi, gbenyitsu, golo, sɔ, aʋako, hɔ̃, Behemot (si anɔ eme be eyae nye tɔmenyi) kple mlɔeba Leviatan (si anɔ eme be eyae nye lo). Bu eŋu kpɔ ko be wòe nye ema nɔ anyi ɖe sukuxɔ me, eye xexea katã Wɔla la ŋutɔe nye ema le nu fiam wò tso dzɔdzɔmenuwo ŋu! *

Efia Nu Hiob Tso Ðokuibɔbɔ Kple Lɔlɔ̃ Ŋu

Nu ka tae Yehowa gblɔ nya mawo katã na Hiob? Ehiã be Hiob nagabɔbɔ eɖokui geɖe wu. Esi Hiob va nɔ fɔ bum Yehowa be eya gbɔe yeƒe fukpekpewo tso ta la, esia dzi eya ŋutɔ ƒe veveseseawo ɖe edzi, eye esia nɔ nu gblẽm le eya kple Yehowa dome ƒomedodoa hã ŋu. Eya ta Yehowa bia Hiob enuenu be afi kae wònɔ esime yewɔ nu wɔnuku mawo hã. Eye wòbia nenye be ate ŋu ana nuɖuɖu lã mawo ahamla wo hã. Ne Hiob mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔ mawo dzi o la, ke mɔ kae wòkpɔ be wòatsɔ nya ɖe Wɔlaa ŋu? Ðe Yehowa ƒe mɔwo kple eƒe susuwo mekɔ boo wu nu siwo gɔme Hiob ate ŋu ase oa?

Hiob meʋli nya kple Yehowa o, eye meɖe eɖokui nu hã o

Nya siwo katã Yehowa gblɔ na Hiob la ɖe lɔlɔ̃ si gbegbe le esi nɛ la fia. Ðeko wònɔ abe ɖe Yehowa nɔ Hiob biam be: ‘Vinye, ne mete ŋu wɔ nu siawo katã heléa be na wo la, ɖe nèsusu be nyemate ŋu alé be na wò oa? Ðe nèsusu be màgblẽ wò ɖi, awu viwòwo, agblẽ wò nunɔamesiwo dome, alo ana be nàdze dɔ veviea? Menye nye koe ate ŋu aɖɔ nu siwo dome gblẽ na wò la ɖo ahaɖe wò vevesese helĩhelĩwo ɖa oa?’

Esi Yehowa bia nya mawo katã Hiob be wòabu tame la, zi eve pɛ koe Hiob te ŋu ɖo nya ŋu. Hiob meʋli nya kple Yehowa o, eye meɖe eɖokui nu hã o. Elɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be yemenya nu boo aɖeke o, eye egblɔ be eve ye be yeƒo nu nuwo ŋu mabumabui. (Hiob 40:4, 5; 42:1-6) Esia ɖe xɔse sẽŋu si gbegbe nɔ Hiob si la fia. Togbɔ be eto nɔnɔme sesẽ mawo katã me hã la, elé xɔse me ɖe asi sesĩe. Elɔ̃ be Yehowa naɖɔ ye ɖo, eye wòwɔ tɔtrɔwo. Esia ate ŋu aʋã mí míadzro mía ɖokui me kple nyabiase sia be, ‘Ne woɖɔm ɖo alo ɖo aɖaŋu nam la, ɖe mebɔbɔa ɖokuinye xɔnɛa?’ Ehiãna be woaɖɔ mí katã ɖo alo aɖo aɖaŋu na mí ɣeaɖewoɣi. Ne míelɔ̃ xɔe la, ekema míele Hiob ƒe xɔse srɔ̃m.

‘Miegblɔ Nyateƒea Tso Ŋunye O’

Yehowa nyae be Hiob nɔ fu kpem, eya ta ewɔ nane tsɔ fa akɔ nɛ. Yehowa ƒo nu na Elifaz, anɔ eme be eyae nye yeaɖi akɔfala etɔ̃awo ƒe tsitsitɔ. Egblɔ nɛ be: “Medo dziku ɖe wò kple xɔ̃wò eveawo ŋu vevie, elabena miegblɔ nyateƒea tso ŋunye abe ale si nye subɔla Hiob wɔe ene o.” (Hiob 42:7) Bu nya mawo ŋu kpɔ. Ðe Yehowa nɔ gbɔgblɔm be nya sia nya si ŋutsu etɔ̃ mawo gblɔ la nye alakpa alo be Hiob ƒe nyawo katã dzɔa? Gbeɖe! * Gake vovototo gã aɖe le Hiob kple exɔlɔ̃ etɔ̃ siwo nɔ enu tsom la dome. Woƒe alakpanutsotsoa wɔe be Hiob ƒe dzi gbã, enɔ nu xam vevie eye dzi ɖe le eƒo. Eya ta míate ŋu ase nu si tae wòƒo nu eŋumabumabui ɣeaɖewoɣi la gɔme. Gake Elifaz kple exɔlɔ̃ eveawo ya mekpe fu siwo me tom Hiob nɔ la o. Woɖoe koŋ gblɔ nya veamewo ɖe Hiob ŋu dadatɔe, elabena woƒe xɔse gbɔdzɔ. Menye ɖeko wotsɔ nya ɖe Hiob si nye ame maɖifɔ ŋu o, ke esi gavloe wue nye be woƒo nu tsi tre ɖe Yehowa ŋu, si na wòdze abe ɖe Yehowa nye ame vɔ̃ɖi alo ŋutasẽla ene.

Eya ta mewɔ nuku o be Yehowa bia tso ŋutsu mawo si be woatsɔ nu xɔasi aɖe asa vɔe. Ebia tso wo si be woatsɔ nyitsu adre kple agbo adre asa vɔe. Nu siawo xɔ asi ŋutɔ, elabena ɣeyiɣi aɖe megbe le Mose ƒe Sea me la, wobia tso nunɔlagã si be wòatsɔ nyitsui ɖeka asa vɔ, nenye be ewɔ nu vɔ̃ si wɔe be dukɔ bliboa ɖi fɔ. (3 Mose 4:3) Le lã siwo katã wobia be woatsɔ asa vɔe le Mose ƒe Sea te dome la, nyitsu ye xɔ asi wu. Gawu la, Yehowa gblɔ be ne Hiob do gbe ɖa ɖe enutsolawo ta ko hafi yeaxɔ woƒe vɔsawo. * (Hiob 42:8) Aleke gbegbe Hiob ƒe dzi adze eme ye nye esi esi wòkpɔe be Yehowa Mawu kɔ ye ŋu eye wòdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ye!

“Nye subɔla Hiob nado gbe ɖa ɖe mia ta.”—Hiob 42:8

Yehowa ka ɖe edzi be Hiob atsɔ ŋutsu mawo siwo wɔ nu wòvee vevie la ƒe vodada ake wo abe ale si yebia tso esi be wòawɔe ene. Eye Hiob wɔ nu si tututu Yehowa bia tso esi. (Hiob 42:9) Ale si Hiob ɖo to Yehowae la ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ fia wòɖe dzesi sãsãsã wu nya siwo wògblɔ gɔ̃ hã. Eye Yehowa yra Hiob geɖe ŋutɔ ɖe esia ta.

“Yehowa Ƒe Dɔme Trɔna Ðe Ame Ŋu Geɖe”

‘Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe Hiob ŋu geɖe, eye wòkpɔ nublanui nɛ.’ (Yakobo 5:11) Le mɔ ka nu? Yehowa yɔ dɔ Hiob keŋkeŋ. Bu dzidzɔ si gbegbe Hiob kpɔ esi wòkpɔe be yeƒe ‘ŋutilã gazu yeye wu ale si wònɔ le yeƒe ɖevime’ abe ale si Elihu gblɔe ɖi ene la ŋu kpɔ. Mlɔeba, eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gate ɖe eŋu eye wofa akɔ nɛ hetsɔ nunanawo vɛ nɛ. Yehowa gaɖo Hiob ƒe nunɔamesiwo teƒe nɛ eye wòɖo nu siwo nɔ esi tsã la teƒe nɛ zi gbɔ zi eve. Eye nu kae Yehowa wɔ tso Hiob ƒe vevesese gãtɔ kekeake, si nye viawo ƒe ku ŋu? Hiob kple srɔ̃a gadzi vi ewo bubu, eye esia ana woakpɔ akɔfafa vie ya teti. Azɔ hã, Yehowa didi Hiob ƒe agbenɔƒewo ɖe edzi nukutɔe. Hiob ganɔ agbe ƒe 140, si wɔe be wòkpɔ viawo kple tɔgbuiayɔviwo va se ɖe dzidzime enelia dzi. Mlɔeba Biblia gblɔ be “Hiob tsi, eye agbenɔnɔ ɖi kɔ nɛ hafi wòku.” (Hiob 42:10-17) Eye le Paradisoa me la, Hiob kple srɔ̃a lɔlɔ̃a agawɔ ɖeka kple wo vi siwo wova dzi emegbe kple wo vi ewo siwo Satana wu la siaa.—Yohanes 5:28, 29.

Nu ka tae Yehowa yra Hiob nenema gbegbe ɖo? Biblia ɖo eŋu be: “Miese Hiob ƒe dzidodo ŋu nya.” (Yakobo 5:11) Asesẽ ŋutɔ be míase fu siwo gbegbe Hiob kpe la gɔme. Nya “dzidodo” si Biblia gblɔ la fia be menye ɖeko Hiob to xaxawo me do ko evɔ o. Ke boŋ edo dzi wɔ nuteƒe eye eƒe xɔse kple lɔlɔ̃ na Yehowa nu metsi o. Le esi Hiob nado dziku eye wòalé ame siwo ɖoe koŋ wɔ nu manyomanyo ɖe eŋu ɖe dɔ me teƒe la, elɔ̃ faa tsɔe ke wo. Eye elé eƒe mɔkpɔkpɔ xɔasia me ɖe asi goŋgoŋ eye meɖe asi le nu si le vevie nɛ wu le agbe me, si nye eƒe fɔmaɖimaɖi la ŋu o.—Hiob 27:5.

Mí katã míehiã na dzidodo. Satana adze agbagba godoo be yeaɖe dzi le mía ƒo abe ale si wòwɔe na Hiob ene. Gake ne míedo dzi le xɔse me, míebɔbɔ mía ɖokui, míelɔ̃na faa tsɔnɛ kea amewo eye míeɖoe kplikpaa be míayi edzi awɔ nuteƒe la, ekema míate ŋu aka ɖe edzi be etsɔme nyui aɖe asu mía si. (Hebritɔwo 10:36) Ne míewɔ nuteƒe abe ale si Hiob wɔ nuteƒe ene la, míana dzi naku Satana vevie, gake míana Yehowa, ame si lɔ̃ mí, ya nakpɔ dzidzɔ ale gbegbe.

^ mm. 9 Elifaz, Bildad kple Zofar gblɔ nya geɖe ŋutɔ na Hiob si xɔ ta asieke le Hiob ƒe agbalẽa me. Gake le ta mawo katã me la, womeyɔ Hiob ƒe ŋkɔ zi ɖeka teti hã o.

^ mm. 19 Le nya siwo Yehowa gblɔ na Hiob me la, ɣeaɖewoɣi la, eɖɔa nuwo tẽe abe ale si wole ŋutɔŋutɔ ene, gake ɣebubuɣiwo la, eƒoa nu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo me, eye ewɔa esia nyuie ale gbegbe be màde dzesii gɔ̃ hã be etrɔ mɔnu si dzi wòto le nu fiam Hiob o. (Le kpɔɖeŋu me, kpɔ Hiob 41:1, 7, 8, 19-21.) Le go eveawo siaa me la, Mawu ƒe taɖodzinue nye be yeakpe ɖe Hiob ŋu wòade bubu deto Ewɔlaa ŋu.

^ mm. 25 Le nyateƒe me la, le ɣeyiɣi aɖe megbe la, apostolo Paulo he susu yi Elifaz ƒe nya aɖewo dzi tsɔ ɖee fia be eƒe nya mawo nye nyateƒe. (Hiob 5:13; 1 Korintotɔwo 3:19) Elifaz ƒe nya mawo nye nyateƒe gake ezãe le mɔ gbegblẽ nu na Hiob.

^ mm. 26 Nya aɖeke mele Biblia me si ɖee fia be Mawu bia tso Hiob si be wòasa vɔ ma tɔgbi ɖe srɔ̃a ta o.