Dzo kpo yi emenuwo dzi

ÐE WOWƆEA?

Boso Ƒe Ŋutigbalẽ Si Klɔa Ði Le Eɖokui Ŋu

Boso Ƒe Ŋutigbalẽ Si Klɔa Ði Le Eɖokui Ŋu

Adzawo kple nugbagbevi bubuwo abe adru ene siwo léna ɖe meliwo ŋu hetsina ɖe wo ŋu la nye kuxi gã aɖe na meliwo ŋu dɔwɔlawo. Nu mawo siwo léna ɖe meliwo ŋu la wɔnɛ be meliwo meɖea zɔ kabakaba o, ewɔnɛ be wonoa ami geɖe wu, eye wòwɔnɛ hã be ƒe ʋɛ aɖewo ko megbe la, ele be woaɖe meliwo ayi go dzi be woaklɔ ɖinu mawo le wo ŋu. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le tɔtrɔm ɖe dzɔdzɔmenuwo ŋu be yewoakpɔ ta na kuxi sia.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Numekukuwo ɖee fia be ŋutete le boso ƒomevi aɖe (Globicephala melas) si be wòaɖe ɖinuwo ɖa le eƒe ŋutigbalẽ ŋu. Do suesuesue aɖewo le eƒe ŋutigbalẽ ŋu le fli me siwo le sue ale gbegbe be adzawo ƒe aziwo mate ŋu age ɖe wo me ahalé ɖe wo me o. Ami aɖe si le abe nugbagbeviwutike ene si ɖea adru kple dɔlékuiwo ɖa la le dometsotso siwo le fliawo dome la me. Ne bosoa ƒe ŋutigbalẽ ɖe tsro la, ami bubu gadona.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖoe be yewoawɔ ŋutete si le boso si be wòaɖe ɖi le eɖokui ŋu la ŋu dɔ na meliwo. Tsã la, wosia aŋɔ tɔxɛ aɖewo ɖe meliwo ŋu be ɖinu mawo nagalé ɖe wo ŋu o. Gake nyitsɔ laa la, woɖo asi aŋɔ si wozãna wu na dɔ sia wɔwɔ la dzi, elabena aɖi si le eme la gblẽa nu le ƒumelãwo ŋu. Nu si numekulawo ɖo be yewoawɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔe nye be yewoaɖe do vivivi siwo me atike si megblẽa nu le ƒumelãwo ŋu o dona tso la ɖe meliwo kɔgo keŋ eye woafa gaɖɔ ɖe eŋu. Ne atsiaƒutsia ka atikea ŋu ko la, atikea blana ɖe edzi helilina ɖe melia kɔgo godoo va kpe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, atike si lili ɖe melia ŋu la klona ɖa eye nugbagbevi siwo lé ɖe eŋu la hã ɖena ɖa kpena ɖe eŋu. Eyome atikea gadona tso do suesuesueawo me xɔna ɖe esi klo ɖa la teƒe.

Adzawo wɔnɛ be meliwo meɖea zɔ kabakaba o, eye wo ɖeɖe sesẽna ŋutɔ

Dodokpɔ siwo numekulawo wɔ la ɖee fia be mɔnu sia ate ŋu ana be ɖinu siwo léna ɖe meliwo ŋu la dzi naɖe akpɔtɔ teƒe alafa ɖeka. Eye esia aɖe vi na melidɔwɔƒewo ale gbegbe, elabena wogblẽa ga geɖe ŋutɔ ne woɖe meliwo va go dzi be woaɖe ɖinuwo ɖa le wo ŋu.

Nu kae nèsusu? Ðe boso sia ƒe ŋutigbalẽ si klɔa ɖi le eɖokui ŋu la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?