Dzo kpo yi emenuwo dzi

ÐE WOWƆEA?

Ƒumeha Ƒe Dzesidede Nu Ƒe Ŋutete La

Ƒumeha Ƒe Dzesidede Nu Ƒe Ŋutete La

Ƒumehawo xlɔ̃na helia aku le mɔ vovovowo nu. Ƒumehaa ƒe xɔxlɔ̃a ƒe ɖiɖi trɔna ne gbeɖiɖia lɔ nu siwo ƒo xlãe. Ƒumehaa sea esia eye wòkpena ɖe eŋu wònyana nu siwo ƒo xlãe kple afi si wòato. Nu siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo srɔ̃ tso ƒumeha sia tɔgbi (Tursiops truncatus) ƒe dzesidede nu ƒe ŋutete ŋu la le kpekpem ɖe wo ŋu be woawɔ ƒugɔmemɔ̃ siwo akpe ɖe wo ŋu woakpɔ kuxi siwo sesẽ akpa be woazã egbegbe mɔ̃ɖaŋununya atsɔ akpɔ wo gbɔe la gbɔ.

Bu esia ŋu kpɔ: Ƒumeha ƒe dzesidede nu ƒe ŋutetea wɔnɛ be etea ŋu kena ɖe ƒumelã sue siwo ɣla wo ɖokuiwo ɖe ke me le ƒua gɔme la ŋu, eye wòtea ŋu dea vovototo ƒumelãwo kple kpewo dome. Aƒetɔ Keith Brown, si nye nufialagãtenɔla le Heriot-Watt University, le Edinburgh, le Scotland, gblɔ be ƒumeha tea ŋu “dea dzesi vovototo si le nugo siwo me tsi nyui, dzetsi, suklitsi kple tomemi le dome ne ele adzɔge tso wo gbɔ meta ewo gɔ̃ hã.” Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo di be yewoawɔ mɔ̃ siwo hã ate ŋu ade dzesi nu alea.

Ƒumeha tea ŋu nɔa te ɖe nu si le nugo vovovowo me dzi dea vovototo nugoawo dome ne ele adzɔge meta ewo gɔ̃ hã

Numekulawo ku nu me tso ƒumehawo ƒe xɔxlɔ̃ kple nusese ŋu eye wodze agbagba be yewoawɔ mɔ̃ siwo hã wɔa nu nenema ke. Nu si do tso emee nye be wowɔ mɔ̃ aɖe si me elektrɔnik mɔ̃ɖaŋunu deŋgɔwo le hetsɔe de nugo aɖe si ƒe didime mede meta ɖeka o la me. Wotsi mɔ̃ sia ɖe ƒugɔmeʋu aɖe si ɖi ƒugɔmeʋutsrɔ̃mɔ̃ la ŋu, eye wotrɔ asi le eŋu be wòate ŋu ade dzesi nɔnɔme si me nu siwo woɖi ɖe ƒu gɔme ʋĩi ke, abe elektrik-kawo kple amipɔmpigakpowo ene, la le evɔ mɔ̃a ŋutɔ maka wo ŋu o. Ame siwo to mɔ̃ sia vɛ la kpɔe be aɖe vi geɖe na adzɔha siwo kua tomemi. Mɔ̃ siwo wonɔ te ɖe ƒumeha ƒe dzesidede nu ƒe ŋutete dzi wɔ la ate ŋu ana ƒugɔmemɔ̃wo ƒe dɔwɔnawo nagade ŋgɔ ɖe edzi wu, si awɔe be mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo nada ƒugɔmedɔwɔnuwo ɖe teƒe nyuitɔ kekeake, ade dzesi nu siwo gblẽ le wo ŋu kple teƒe siwo nuwo xaxa ɖo le amipɔmpigakpowo me gɔ̃ hã. Eye ne tomemikuƒe siwo wotu ɖe atsiaƒu me ƒe sɔtiwo ƒe akpa aɖe fe vie gɔ̃ hã la, ade dzesii.

Nu kae nèsusu? Ðe ƒumeha ƒe dzesidede nu ƒe ŋutetea dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?