Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Míate Ŋu Anya Ame Siwo Tututu Ŋlɔ Biblia?

Ðe Míate Ŋu Anya Ame Siwo Tututu Ŋlɔ Biblia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Wogblɔ na ame geɖewo be míate ŋu anya ame siwo ŋlɔ Biblia o. Gake zi geɖe la, Biblia me nuŋlɔɖiwo nana míenyaa ame siwo ŋlɔ wo. Eƒe akpa aɖewo dze egɔme ale: “Nexemya . . . ƒe ŋutinyawo nye esi,” “ŋutega, si Yesaya . . . kpɔ” kple “Yehowa ƒe gbe, si va na Yoel.”—Nexemiya 1:1; Yesaya 1:1; Yoel 1:1.

 Biblia-ŋlɔla geɖewo gblɔ be Yehowa, Mawu vavã la ƒe ŋkɔ mee yewoŋlɔ yewoƒe agbalẽawo le, eye eyae fia mɔ yewo. Nyagblɔɖila siwo ŋlɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo gblɔ wu zi 300 be: “Ale Yehowa gblɔ esi.” (Amos 1:3; Mixa 2:3; Naxum 1:12) Biblia-ŋlɔla bubuwo xɔ Mawu ƒe gbedeasia to mawudɔlawo dzi.—Zaxarya 1:7, 9.

 Ŋutsu 40 aɖewoe ŋlɔ Biblia, eye Biblia-ŋɔŋlɔ xɔ ƒe 1,600 kple edzivɔwo. Ŋutsu siawo dometɔ aɖewo ŋlɔ Biblia-gbalẽ geɖe. Ne míagblɔe la, Biblia nye agbalẽdzraɖoƒe sue si me agbalẽ 66 le. Agbalẽ 39 ye le Biblia ƒe akpa si nye Hebri Ŋɔŋlɔawo, si ame geɖewo yɔna be Nubabla Xoxoa me, eye agbalẽ 27 ye le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, si amewo yɔna zi geɖe be Nubabla Yeyea me.