Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Ne Viwò Di Be Yeawu Eɖokui

Ne Viwò Di Be Yeawu Eɖokui

 Le ƒe ʋɛ siwo va yi mea, sɔhɛ siwo wu wo ɖokui la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ŋutɔ le dukɔ aɖewo me. Nu ka gbɔe wòtso? Ðe viwò le didim be yeawu ye ɖokuia?

Nu siwo me míadzro le nyati sia me

 Nu ka tae wòle be dzilawo natsi dzi ɖe ale si ɖeviwo va le wo ɖokui wum ƒe nyaa ŋu?

 Tso ƒe 2009 va ɖo 2019 mea, sekɛndri sukuvi (lycée) siwo le Amerika siwo ŋu wokpɔ blanuiléledɔ lea ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi eteƒe mekɔ o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, sɔhɛ siwo wu wo ɖokuiwo hã ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi. a

 “Kuxi sesẽ siwo me sɔhɛwo tona egbea la wu gbɔgblɔ. . . . Nu si kuxi mawo gblẽ le woƒe tenɔnɔ nyuie le susu me ŋu la ɖe fu ŋutɔ.”—Vivek H. Murthy, U.S. Lãmesẽnyawo Gbɔ Kpɔla Ƒe Tatɔ.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Gbɔgbɔ si dzi nu te ɖo vevie la nana ŋusẽ vɔna le ame ŋu.”—Lododowo 17:22.

 Aleke nàwɔ anya ne viwò le didim be yeawu ye ɖokui?

 Bu nya siawo ŋu kpɔ.

  •   Nu siwo dzɔ ɖe edzi. Ðe nya vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe viwòa dzia? Le kpɔɖeŋu me, ɖe ame aɖe gbe nu le egbɔa? Ðe eya kple ame aɖe si ƒe nu lé dzi nɛ dome gblẽa? Ðe wòte nane kpɔ si meva dze edzi oa? Alo eƒe ame lɔlɔ̃ aɖe kua? Ne nenemae la, ɖe wòanye be egblẽ nu le eŋu wu ale si nèsusuia?

  •   Eƒe nuwɔna. Ðe viwòa dzudzɔ hadede kple exɔlɔ̃wo alo ƒometɔwoa, alo megava le vivi dom ɖe nu siwo wòlɔ̃a wɔwɔ tsã ŋu oa? Ðe wòtsɔ eƒe nunɔamesi veviwo na amewoa?

  •   Nya siwo wògblɔna. Ðe viwòa ƒoa nu tso ku ŋu alo gblɔa nyawo abe, “Ne nyemegale agbe o la, anyo wua”? Ðe wògblɔa nya siwo fia be yemegadi be yeanye agba na wò oa?

     Ele eme be ɣeaɖewoɣia, ɖeviwo ‘mabu nyawo ŋu nyuie’ hafi agblɔ o ya. (Hiob 6:3, etenuŋɔŋlɔ) Gake le go bubuwo mea, ate ŋu anye be ɖe wòle konyi fam be woakpe ɖe ye ŋu. Eya ta nya sia nya si ɖevia agblɔ tso didi be yeaku ŋua, mègaŋe aɖaba ƒu edzi o.

 Ne viwòa gblɔ be yebua ye ɖokui wuwu ŋu la, àte ŋu abiae be, “Ðe nèɖo ɣeyiɣi si nèdi be yeawu ɖokuiwò alo ale si nàdi be yeawɔea?” Ale si wòaɖo eŋui la akpe ɖe ŋuwò nànya ale si gbegbe wòahiã be nàwɔ nu kpatae.

 “Ɣeaɖewoɣi la, mí dzilawo míadi be míabia nyawo mía viwo o, le esi míele vɔvɔ̃m na ale si woaɖo eŋui ta. Gake ne nya si woagblɔ lae nye nu si le dzi me na wo la, ke ɖe manyo wu be woagblɔe míase oa?”—Sandra.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Ame ƒe dzimesusu le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela dunɛ.”—Lododowo 20:5.

 Nu kae nàte ŋu awɔ ne viwò le didim be yeawu ye ɖokui?

  •   Gbɔ dzi ɖi eye nàdze agbagba anya nu si le dzi me nɛ. Gbãa, kafui ɖe ale si wòto nyateƒe na wò ta. Eyome àte ŋu agblɔ be: “Medi be mase nu si me tom nèlea gɔme nyuie. Gblɔe nam, nu kae le dzɔdzɔm ɖe dziwò le ŋkeke siawo me” alo “Àte ŋu agblɔ ale si tututu nèle sesem le ɖokuiwò me la nama?”

     Gbɔ dzi ɖi nàɖo to ne viwòa le nu ƒom. Lé ɖokuiwò be màgaƒo nu wòafia be èle eƒe seselelãmewo bum nu tsɛe o, alo be nàtsɔ dzitsitsi agblɔ nu si nèsusu be akpɔ kuxia gbɔ o.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu le dziku me.”—Yakobo 1:19.

  •   Ðe afɔ siwo hiã nàtsɔ akpɔ eta. Kpe ɖe viwòa ŋu wòade dzesi nu siwo gbɔna eye wòawɔ wo ŋuti nuŋlɔɖi:

     Nu siwo nye kuxia. Nɔnɔme kawo mee wòkpɔa eɖokui le, alo nu kawo ŋue wòbuna hafi wòvaa tame nɛ be wòawu eɖokui?

     Nu siwo kpena ɖe eŋu. Nu kawoe wòwɔna si wɔnɛ be eƒe dzi dzea eme wu eye megabua eŋu be yeawu ye ɖokui o?

     Ame siwo akpe ɖe eŋu. Ðe amewo li siwo ŋu viwòa ate ŋu atrɔ ɖo ne ehiã kpekpeɖeŋua? Ate ŋu anye wò ŋutɔ, ame tsitsi bubu si dzi wòka ɖo, susuŋutinunyala aɖe, alo habɔbɔ aɖe si kpena ɖe ame siwo le didim be yewoawu yewo ɖokui la ŋu.

    Ðe afɔ siwo hiã nàtsɔ akpɔ eta.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ.”—Lododowo 21:5.

  •   Nɔ ŋudzɔ. Wò ŋku negakpɔtɔ nɔ viwòa ŋu ne edze abe eƒe dzi dze eme azɔ ene gɔ̃ hã.

     “Esi vinyeŋutsuvia gblɔ nam be yemegale eŋu bum be yeawu ye ɖokui o la, mesusu be eƒe kuxia nu yi. Gake ema nye vodada gã aɖe si mewɔ. Amea agate ŋu ado go kuxi bubu si ana wòagava nɔ didim be yeawu ye ɖokui, eye esia ate ŋu adzɔ kpata.”—Daniel.

     Kpe ɖe wò ƒewuivia ŋu wòade dzesi nyateƒenya vevi sia: Míaƒe seselelãmewo trɔna. Agbalẽ aɖe (The Whole-Brain Child) gblɔ be: “Ðeko wòle abe ale si yame ƒe nɔnɔme trɔna ene. Nu ŋutɔŋutɔe tsidzadza nye, eye susu manɔ eme be ame aɖe natɔ ɖe tsigbe eye wòabua awɔ nu abe ɖe tsi aɖeke mele dzadzam ene o. Gake nenema kee susu manɔ eme kura be míaƒo nya ta be ɣea magadze gbeɖe o.”

  •   Fa akɔ na viwòa: Gblɔ na viwòa be yelɔ̃e eye be ate ŋu ate ɖe ye ŋu faa ɣesiaɣi si wòhiã kpekpeɖeŋu. Àte ŋu agblɔ kpee be, “Mawɔ nu sia nu si mate ŋui atsɔ akpe ɖe ŋuwò nàto eme ado.”

     Biblia ƒe mɔfiame: “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”—Lododowo 17:17.

a Ele eme be menye ame siwo katã ŋu blanuiléledɔ lea ye wua wo ɖokui ya o. Gake le ame siwo wu wo ɖokuiwo gome la, blanuiléledɔ nɔ wo dometɔ akpa gãtɔ ŋu.