Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Ne Mègakana Ðe Viwò Sɔhɛ Dzi O

Ne Mègakana Ðe Viwò Sɔhɛ Dzi O

 Sɔhɛ aɖewo megbɔna vaa aƒe me kaba le ɣeyiɣi si wo dzilawo ɖo na wo la dzi. Ðewo hã blea wo dzilawo, ɖewohĩ wodaa alakpa na wo alo wodona le aƒe me dzaa vae nɔa wo xɔlɔ̃wo gbɔ. Nu kae nàwɔ ne mègakana ɖe viwò sɔhɛ dzi o?

 Ðe vinyea dze aglã?

 Ðewohĩ medze aglã hafi o. Biblia gblɔ be: “Bometsitsi bla ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu,” eye zi geɖe la, sɔhɛwo ƒe nuwɔnawo ɖenɛ fiana be nya sia nye nyateƒe. (Lododowo 22:15) Ðɔkta Laurence Steinberg ŋlɔ bena: “Ƒewuiviwo tsɔa dzitsitsi wɔa nyametsotso aɖewo eŋumabumabui. [Ta] kpɔ mɔ be woawɔ vodadawo.” a

 Ke ne vinyea meɖoa tom o ɖe?

 Mègaƒo nya ta be ɖe ye via dze aglã ɖe ye ŋu o. Numekuku ɖee fia be sɔhɛwo tsɔa ɖe le ale si wo dzilawo bua woe me vevie ŋutɔ, nenye be sɔhɛawo wɔa nu wòdzena abe wometsɔ ɖeke le eme o ene gɔ̃ hã. Anya te ɖe viwòa dzi be yewɔ nu si mènɔ mɔ kpɔm na o, eye yeƒe nuwɔna ve wò, togbɔ be ɖewohĩ madze le eŋu o hã.

Ne ƒu ŋe ye wogatsiãe la, ŋusẽ gaɖoa eŋu. Nenema kee àgate ŋu ana dziwòlawo naka ɖe dziwò

 Ame kae woabu fɔ?

  •   Ame siwo dome wòle yea? Biblia gblɔ be: “Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Korintotɔwo 15:33) Le nyateƒe mea, ƒewuiviwo xɔlɔ̃wo ƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi ale gbegbe. Eye nu bubu siwo gakpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi vevie ye nye Internet dzi hahoo kadodowo kple boblododowo. Eye tsɔ kpe ɖe eŋu hã, nuteƒekpɔkpɔ boo mesu ƒewuiviwo si o, esia tae àse nu si tae wometsoa nya me nyuie o gɔme. Eye ele be woasrɔ̃ ale si woatsɔ nu siwo ado tso woƒe nyametsotsowo mea ƒe agba, eye esia akpe ɖe wo ŋu be woava zu ame tsitsi si dzi woate ŋu aka ɖo.

  •   Gbɔnyee wòtsoa? Ðewohĩ anɔ wɔwɔm na wò be ɖe yeƒe asi sẽ ɖe ye via dzi akpa, eya tae wòva le agbe si mesɔ o nɔm ɖo. Alo ɖewohĩ ewɔ na wò be yeɖe mɔ ɖe nuwo ŋu nɛ akpa, eya tae wòkpɔ ablɔɖe geɖe ɖo. Gake esi nànɔ fɔ bum ɖokuiwò be ye gbɔe kuxia ƒe akpa aɖe tso teƒea, bu nu siwo nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe viwoa ŋu be miaɖɔ kuxia ɖo la ŋu boŋ.

 Aleke mate ŋu akpe ɖe vinye ŋu be wòana magaka ɖe edzi?

  •   Ðu ɖokuiwò dzi. Anɔ eme be viwòa nɔ mɔ kpɔm be àdo dziku ɖe ye ŋu. Ðe manyo ne mèwɔ nu nenema oa? Tsɔ dzigbɔɖi ɖo dze kple viwòa be nànya nu si gbɔ kuxia tso. Ðe wòdi be yeate nane kpɔ yea? Nue ti kɔ nɛ taea? Ðe wòtsi akogo taea? Ðe wòhiã xɔlɔ̃wo vevie taea? Viwòa mate ŋu atsɔ nu siawo ado taflatsɛ ɖe eƒe nuwɔnaa ta ya o, gake nyabiase siawo ate ŋu akpe ɖe wò kple viwòa ŋu mianya nu si gbɔe kuxia tso.

     Biblia ƒe mɔfiame: ‘Ðe abla le nusese me, nɔ blewu le nuƒoƒo me, nɔ blewu le dziku me.’—Yakobo 1:19.

  •   Kpe ɖe viwòa ŋu wòabu nu si dzɔa ŋu. Àte ŋu abia nya siwo gbɔna la viwòa: Nu kae nèsrɔ̃ tso nu si dzɔ la me? Ne ègakpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme sia mea, nu kae nàwɔ? Nyabiase siawo tɔgbi ate ŋu akpe ɖe viwòa ŋu be ɣebubuɣia, wòabu nuwo ŋu nyuie ale be wòawɔ nyametsotso siwo sɔ.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔgbɔ blewu kple nufiafiaɖaŋu me.”—2 Timoteo 4:2.

  •   Kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ eƒe nu nuwɔnawo me tsonuwo. Esia ɖea vi ŋutɔ ne tohehea sɔ kple nu gbegblẽ si wòwɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne viwòa zãa eƒe fon fũu akpa si wɔnɛ be metea ŋu wɔa eƒe sukudɔdedeasiwo kple aƒemedɔwo oa, àte ŋu axɔ fon la le esi hena ɣeyiɣi aɖe.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.”—Galatiatɔwo 6:7.

  •   Kpe ɖe viwòa ŋu wòawɔ nu siwo ana nàgaka ɖe edzi. Màte ŋu awɔ esia gbe ɖeka kple eƒe zãdodo o. Togbɔ be ele alea hã, ele be viwòa nànya be yeate ŋu ana nàgava ka ɖe ye dzi ake. Na wòaka ɖe edzi be mɔkpɔkpɔ li na ati, ne wolãe hã, egadzena. Ne ewɔna na viwòa be màgate ŋu aka ɖe ye dzi gbeɖe oa, ɖewohĩ magadze agbagba be yeawɔ nu siwo ana nàka ɖe ye dzi o.

     Biblia ƒe mɔfiame: “Miganɔ dziku dom na mia viwo o, ale be dzi nagaɖe le wo ƒo o.”—Kolosetɔwo 3:21.

a Etso agbalẽ si nye You and Your Adolescent me.