Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU

Ale Si Nàkpe Ðe Viwò Ŋu Ne Edo Kpo Nu Le Nanewo Me

Ale Si Nàkpe Ðe Viwò Ŋu Ne Edo Kpo Nu Le Nanewo Me

Godoo adzɔ gbe ɖeka be viwòwo awɔ nane si medze edzi o, alo ado kpo nu le nane wɔwɔ me eye wòate ɖe wo dzi. Aleke nàte ŋu akpe ɖe wo ŋu ne nu sia tɔgbi dzɔ?

 Nu si wòle be nànya

Ame sia ame doa kpo nu ɣeaɖewoɣi. Biblia gblɔ be “mí katã míedaa vo.” (Yakobo 3:2) Ðeviwo hã daa vo. Ke hã nu nyuiwo ate ŋu ado tso eme ne ɖeviwo da ƒu, elabe enaa mɔnukpɔkpɔ wo be woasrɔ̃ dzidodo. Womedzia ɖeviwo kple dzidodo o, gake woate ŋu asrɔ̃e. Vidada aɖe si ŋkɔe nye Laura gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míede dzesii be ne ɖeviwo do kpo nu le nane wɔwɔ me la, eɖea vi wu ne wosrɔ̃ ale si woawɔ anɔ te ɖe emetsonuawo nu, ke menye be woawɔ nu abe ɖe naneke medzɔ o ene o. Esia nana wosrɔ̃a ale si woado dzi ne nuwo meyi edzi nyuie o.”

Dzi ɖena le ɖevi geɖe ƒo ne nuwo meyi edzi nyuie o. Dzi ɖena le ɖevi aɖewo ƒo ne wodo kpo nu le nane wɔwɔ me, elabe wo dzilawo wɔa vi na wo. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖeviwo mewɔ dɔ nyuie le sukudodokpɔwo me o la, dzila aɖewo daa fɔbubua ɖe nufialawo dzi. Ne masɔmasɔ ɖo ɖevi aɖe kple exɔlɔ̃ dome la, dzilawo daa fɔbubua ɖe ɖevi kemɛa dzi.

Gake bu eŋu kpɔ ko, aleke ɖeviwo awɔ asrɔ̃ nu tso woƒe vodadawo me ne wo dzilawo wɔa vi na wo?

 Nu si nàte ŋu awɔ

  • Na viwòwo nanyae be nu sia nu si míewɔna la me tsonuwo li.

    Biblia gblɔ be: “Nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.”—Galatiatɔwo 6:7.

    Nuwɔna ɖe sia ɖe kple emetsonuwoe. Ne nane dome gblẽ la, ele be woaɖɔe ɖo. Eye ne míeda vo la, míakpɔ emetsonu gbegblẽwo. Ele be ɖeviwo nanyae be nyateƒe matrɔmatrɔwoe nya mawo nye, eye woalɔ̃ ɖe edzi be ne nane meyi edzi nyuie o la, vodadaa ƒe akpa aɖe tso yewo gbɔ. Eya ta mele be dzilawo nada fɔbubua ɖe ame bubuwo dzi alo ado taflatsɛ ɖe ɖeviawo nu o. Ke boŋ ele be woana woakpɔ woawo ŋutɔwo ƒe nuwɔnawo me tsonuwo teƒe ale si dze, le woƒe ƒexɔxɔ nu. Ele hã be ɖeviawo nate ŋu ade dzesii kɔtɛ be yewoƒe nuwɔna gbegblẽawo me tsonuwoe nye ema teƒe kpɔm yewole.

  • Kpe ɖe viwòwo ŋu woakpɔ kuxiwo gbɔ.

    Biblia ƒe mɔfiame: “Ne ame dzɔdzɔe dze anyi zi adre hã la, agafɔ.”—Lododowo 24:16.

    Ne nuwo meyi edzi nyuie o la, etena ɖe mía dzi, gake esia mefia be míedo kpo nu le agbe me o. Kpe ɖe viwòwo ŋu woƒe susu nanɔ nu si woawɔ be nu si dzɔ la nagadzɔ ake o ŋu, tsɔ wu be woanɔ nyatoƒoe tom be menye yewo dzie wòle be nu ma nadzɔ ɖo o. Le kpɔɖeŋu me, ne viwò medze agbagba le sukudodokpɔ aɖe me o la, na wòanya nu si wòate ŋu awɔ tso nɔnɔmea ŋu, si nye be wòado vevie nusɔsrɔ̃ geɖe wu ale be ɣebubuɣi la, wòadze agbagba geɖe wu. (Lododowo 20:4) Ne viwònyɔnuvi wɔ dzre kple exɔlɔ̃ aɖe la, kpe ɖe eŋu wòanya ale si wòawɔ aɖe kuku ale be woadzra wo nɔewo dome ɖo, ne menye eya koŋ gbɔe vodadaa tso o gɔ̃ hã.—Romatɔwo 12:18; 2 Timoteo 2:24.

  • Kpe ɖe viwòwo ŋu be woagabu wo ɖokuiwo ŋu wu ale si dze o.

    Biblia ƒe mɔfiame: “Mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o.”—Romatɔwo 12:3.

    Ne ègblɔ na viwò be enyo le nane wɔwɔ me “wu ame sia ame” la, esia masɔ tututu o, eye made viwòa hã dzi o. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖevi aɖe nya agbalẽ ʋuu keke hã la, mefia kokoko be axɔ dzeside nyuitɔ kekeake ɣesiaɣi o. Eye ɖevi siwo bi ɖe kamedefefewo me hã meɖua dzi ɣesiaɣi o. Ðevi siwo mebua wo ɖokuiwo ŋu fũu akpa o la tea ŋu doa dzi wu ne wodo kpo nu le nane wɔwɔ me alo ne nuwo meva yi edzi nyuie o.

    Biblia gblɔ be nɔnɔme sesẽwo ate ŋu ana míasẽ ŋu eye míasrɔ̃ dzidodo. (Yakobo 1:2-4) Togbɔ be evena ne míedo kpo nu le nane wɔwɔ me alo nuwo meva yi edzi nyuie o hã la, àte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woasrɔ̃ ale si woawɔ anɔ te ɖe nɔnɔme mawo tɔgbi nu.

    Ebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze be nàfia viwòwo ale si woawɔ anɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu, abe ale si ko wòle le nu bubuwo hã sɔsrɔ̃ gome ene. Gake eva ɖea vi na wo le woƒe sɔhɛmenɔɣiwo. Agbalẽ aɖe (Letting Go With Love and Confidence) gblɔ be: “Ne ɖeviwo srɔ̃ ale si woawɔ anɔ te ɖe kuxiwo nu la, esesẽna be woawɔ bometsinu aɖe be yewoatsɔ asi le nɔnɔme sesẽwo nu. Eye ne nɔnɔmeawo trɔ kpata le woƒe agbe me hã la, wotea ŋu nɔa te ɖe enu.” Ne ɖeviwo srɔ̃ ale si woawɔ anɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu la, eɖea vi na wo va de asi na woƒe tsitsime gɔ̃ hã.

Kpekpeɖeŋu: Ðo kpɔɖeŋu nyui na viwòwo. Ðo ŋku edzi be ale si nèwɔa nui le nɔnɔme sesẽwo me la akpe ɖe viwòwo ŋu woasrɔ̃ ale si woawo hã woawɔ nui ne wodze ŋgɔ nɔnɔme sesẽwo.