Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Ðeviwo Kple Internet Dzi Hahoo Kadodowo—Akpa 1: Ðe Wòle Be Vinye Nazã Internet Dzi Hahoo Kadodowoa?

Ðeviwo Kple Internet Dzi Hahoo Kadodowo—Akpa 1: Ðe Wòle Be Vinye Nazã Internet Dzi Hahoo Kadodowoa?

 Le numekuku aɖe si wowɔ mea, sɔhɛ 97 le alafa me lɔ̃ ɖe edzi be yewozãna Internet dzi hahoo kadodowo. Ðe viwò hã di vevie be yeazãea? Ne nenemaea, ke ele be nàlé ŋku ɖe nu vevi aɖewo ŋu.

Nyati sia adzro nya siawo me

 Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si viwòa azã ɖe eŋu

 Nyatakakadzraɖoƒe aɖe gblɔ be: “Wotrɔ asi le Internet dzi hahoo kadoƒewo ŋu be wò susu katã nanɔ wo ŋu ɣesiaɣi, nànɔ wo dzi na ɣeyiɣi didi aɖe eye sẽe kple sẽea, nànɔ wò mɔã dzi kpɔm be nyatakaka yeye kawoe gava hã.”—HelpGuide.

 “Miniti ʋɛ aɖewo koe medina be mazã le Internet dzi, gake kaka makpɔa, gaƒoƒo geɖe va yina. Esesẽna be mada fon la ɖi avae wɔ nu gbagbe aɖe.”—Lynne, exɔ ƒe 20.

 Bia ɖokuiwò be: Ðe vinyea ŋutɔ ate ŋu aɖu eɖokui dzi awɔ ɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si meɖo nɛ be wòazã ɖe Internet dzi hahoo kadodowo ŋua? Ðe vinyea ŋutɔ ate ŋu aɖo seɖoƒe na ɣeyiɣi si wòazã ɖe Internet dzi hahoo kadodowo ŋu eye wòawɔ edzia?

 Biblia ƒe mɔfiame: “Mikpɔ nyuie be ale si miezɔna la . . . [nanɔ] abe nunyalawo ene, eye miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.”—Efesotɔwo 5:15, 16.

Ne èɖe mɔ na viwò be wòaza Internet dzi hahoo kadodowo le eɖokui si wò mɔfiafia manɔmeea, ɖeko wòle abe èɖe mɔ nɛ be wòado sɔ evɔ mexɔ hehe o ene

 Ale si viwòa bua xɔlɔ̃dzedze

 Nya “Internet dzi hahoo kadodowo” bia be xɔlɔ̃wo nanɔ ame siwo zãnɛ si alo woado ka kple ame siwo wonya. Ke hã, xɔlɔ̃dzedze to Internet dzi menye xɔlɔ̃dzedze ŋutɔŋutɔ o.

 “Mede dzesii be sɔhɛ geɖewo susuna be ne ame gbogbo aɖewo kpɔa nu siwo yewodana ɖe Internet dzi eye wòdzɔa dzi na woa, ke efia be wotsɔ ɖe le eme na yewo ŋutɔ ne womenya ameawo o gɔ̃ hã.”—Patricia, exɔ ƒe 17.

 Bia ɖokuiwò be: Ðe vinyea te ŋu de dzesii be menye ŋkɔxɔxɔ le hahoo kadoƒewoe le vevie oa? Ðe wòate ŋu adze xɔ̃ amewo ŋkume kple ŋkume boŋua?

 Biblia ƒe mɔfiame: “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”—Lododowo 17:17.

 Ale si wòakpɔ ŋusẽ ɖe viwòa ƒe seselelãme dzi

 Numekulawo gblɔ be ame siwo zãa Internet dzi hahoo kadodowo fũu akpaa sena le wò ɖokuiwò me be yewotsi akogo, wotsia dzimaɖi eye nu tena ɖe wo dzi gɔ̃ hã.

 “Ne èkpɔ xɔ̃wòwo woda fotowo ɖe hahoo kadoƒewo evɔ wò ya mèle foto mawo me oa, mevivina kura o.”—Serena, exɔ ƒe 19.

 Bia ɖokuiwò be: Ne vinye akpɔ nu siwo amewo dana ɖe Internet dzia, ɖe wòate ŋu aƒo asa na susu tsɔtsɔ aɖo eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ko ŋu, eye mava nɔ ho ʋlim kple amewo oa?

 Biblia ƒe mɔfiame: “Migana míanɔ bubu dzodzro dim, anɔ ho ʋlim kple mía nɔewo, ahanɔ ŋu biãm mía nɔewo o.”—Galatiatɔwo 5:26.

 Ale si viwòa wɔa nu le Internet dzi

 Internet dzi hahoo kadodowo zazã tea ŋu wɔnɛ be amewo gblẽa ame ŋu le Internet dzi, ɖoa gbɔdɔnuwo ɖe wo nɔewo alo kpɔa amamaɖenuwo. Ne viwòa meɖoe be yeawɔ nu siawo o hãa, ate ŋu ava ke ɖe wo ŋu le Internet dzi.

 “Mekpɔe be nane siwo le Internet dzi hahoo kadoƒewoa dzena abe womegblẽ o ene, gake kasia, nu siwo nàkpɔa manyo kura o. Nya ƒaƒãwo kple ha siwo mesɔ o sɔŋ koe bɔ ɖi.”—Linda, exɔ ƒe 23.

 Bia ɖokuiwò be: Ðe vinyea su te azã Internet le mɔ nyuitɔ nua? Ne vinyea le Internet zãm eye nu manyomanyo aɖe va edzi le vo mea, ɖe wòate ŋu aɖu eɖokui dzi atsii enumakea?

 Biblia ƒe mɔfiame: “Migana woayɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu kple makɔmakɔnyenye aɖeke ƒomevi alo ŋukeklẽ ŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, . . . kple ŋukpenanuwɔwɔ kple bometsinyagbɔgblɔ kple fefenya [madzetowo].”—Efesotɔwo 5:3, 4.

 Ðe wòhiã kokoko be wòazãea?

 Menye Internet dzi hahoo kadodowoe nye nu vevitɔ si ana ame nakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me o. Sɔhɛ geɖewo tiae be yewomazã Internet dzi hahoo kadodowo o—eye wo dometɔ siwo zãe kpɔ gɔ̃ hã tiae be yewoadzudzɔ ezazã.

 “Esi mekpɔ ale si hahoo kadoƒewo zazã gblẽ nu le nɔvinyenyɔnu tsitsia ŋua, metiae be madzudzɔ ezazã. Tso esime medzudzɔ ezazãa, mekpɔe be meva le dzidzɔ kpɔm wu.”—Nathan, exɔ ƒe 17.

 Nya vevitɔ: Hafi nàɖe mɔ na viwò wòazã Internet dzi hahoo kadodowoa, kpɔ egbɔ be wòagazã ɣeyiɣi ɖe eŋu fũu akpa o, wòadze xɔlɔ̃ nyuiwo eye wòaƒo asa na nu manyomanyowo kpɔkpɔ.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖewo katã ŋu.”—Lododowo 14:15.