Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Meho Aʋa Ðe Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Kple Ŋutasesẽ Ŋu

Meho Aʋa Ðe Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Kple Ŋutasesẽ Ŋu
  • ƑE SI ME WODZII: 1960

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: LEBANON

  • AME SI WÒNYE TSÃ: KUNG FU-KƆDALA BIBI

NYE ŊUTINYA:

Du si nye Rmaysh, si te ɖe Israel kple Lebanon dome liƒoa ŋu la mee menɔ tsi esime dukɔmeviʋa nɔ edzi yim. Meɖo ŋku edzi nyuie be ɣemaɣi la, tomebɔmbwo wóna hetsoa ɖekemanyalawo ƒe afɔwo ɖa. Agbea sesẽ ɣemaɣi, eye nu vlo wɔwɔ kple ŋutasesẽ bɔ ɖe afi sia afi.

Míaƒe ƒomea nɔ Maronite Subɔsubɔha, si nye Katolikoha siwo dzɔ tso Ɣedzeƒe gome la dometɔ ɖeka me. Fofonye kua kutri ɣesiaɣi be yeakpɔ mí ame 12 siwo le ƒomea me la ƒe nuhiahiãwo gbɔ, gake Dada ya kpɔa egbɔ ɣesiaɣi be mí ame susɔeawo míede sɔleme godoo. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva kpɔe be sɔlemehaa hã metsɔa ɖeke le eme na wɔnamanɔŋutɔwo o, abe ale si ko dukɔmevi bubuawo hã wɔnɛ ene.

Esi menye ɖekakpuivi la, karat (karaté) si woyɔna be kung fu la doa dzidzɔ nam. Eya ta mexɔ hehe sesẽ aɖe si na meva bi ɖe ale si mazã nye asiwo kple afɔwo siaa atsɔ ada kɔe me; mebi ɖe nu vovovo siwo wotsɔ daa karat la dometɔ geɖe hã zazã me. Megblɔ na ɖokuinye be, ‘Nyemate ŋu atsi aʋawɔwɔ nu o, gake mate ŋu awɔ tɔnye si nua ana amewo nadzudzɔ ŋutasẽnuwɔwɔ ya teti.’ Ne mekpɔ ame aɖewo le kɔ dam la, meléa avu wo enumake. Menye dzikume, eya ta nu sue aɖe koe nana medoa dziku. Ame siwo nɔ Lebanon ƒe anyiehe la katã vɔ̃na nam le esi meho aʋa ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ŋu ta.

Le ƒe 1980 me la, meɖo kung fu-ha aɖe me le Beirut. Togbɔ be aʋakɔwo daa bɔmbwo kple tukpe gãgãwo ɖe nutoa me gbe sia gbe hã la, metoa eme yia míaƒe kɔdadasrɔ̃ƒea kokoko. Nu si mewɔna le agbe me katã koe nye be maɖu nu, adɔ alɔ̃, ahanɔ agbe abe Bruce Lee, si nye Chinatɔ si va zu Amerikatɔ film-wɔla, si nye kung fu-kɔdala bibi si xɔ ŋkɔ la ene. Mesrɔ̃ eyama, mekpaa ɖa abe eya ke ene, mesrɔ̃ eƒe azɔlizɔzɔ, eye ne mele kung fu dam la, medoa ɣli abe eya ke ene. Nyemekoa nu gbeɖe o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Nye taɖodzinue nye be mabi ɖe kung fu-kɔdada me nyuie ale be mayi China aɖanɔ amewo fiam. Ɣetrɔ aɖe me la, menɔ kame dem tsɔ nɔ dzadzram ɖo ɖe China yiyi ŋu, kasia mese ʋɔƒoƒo. Xɔ̃nye aɖee nye esi kplɔ  Yehowa Ðasefo eve ɖe asi vɛ. Menɔ nye kamedewu yibɔ la me hete fifia vlevlevle, eye megblɔ na wo be, “Nyemenya naneke tso Biblia ŋu o.” Gake nyemenya kura be tso ɣemaɣi la, nye agbe ava trɔ keŋkeŋ o.

Ðasefoawo tsɔ nu si tae amegbetɔwo mate ŋu aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖa keŋkeŋ le wo ɖokui si gbeɖe o la fiam le Biblia me. Woɖe eme nam be Satana Abosam ye nye ame si koŋ gbɔ kuxi mawo tso. (Nyaɖeɖefia 12:12) Ŋutifafa kple dziɖeɖi si ɖe dzesi le Ðasefoawo ŋu la wɔ dɔ ɖe dzinye. Eye esi wofiam be ŋkɔ le Mawu si la, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. (Psalmo 83:19) Wotsɔ nya si le 1 Timoteo 4:8 hã fiam; afi ma gblɔ be: “Ŋutilã me kamedede nyo na nu vi aɖe ko; gake ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ya nyo na nuwo katã, elabena elé agbe si li fifia kple esi le vava ge la ƒe ŋugbedodo la ɖe asi.” Nya siawo va kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nye agbe dzi.

Nublanuitɔe la, Ðasefoawo megavana o, le esi nye ƒometɔwo gblɔ na wo be woagava azɔ o ta. Togbɔ be enɔ alea hã la, metso nya me be madzudzɔ kung fu-kɔdadaa sɔsrɔ̃ eye madze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Nɔvinyeŋutsuwo melɔ̃ ɖe nye susua dzi o, gake meɖoe kplikpaa be madi Yehowa Ðasefowo ake ɖe wo ŋu, eye mana woasrɔ̃ Biblia kplim.

Ke hã menɔ Ðasefoawo dim do kpɔe. Ɣemaɣi la, fofonye ku kpata eye afɔku geɖe hã dzɔ ɖe míaƒe ƒomea dzi, si wɔe be melé blanui vevie. Meva nɔ dɔ wɔm kple xɔtudɔwɔƒe aɖe, eye gbe ɖeka, nye dɔwɔhati aɖe si ŋkɔe nye Adel yɔm hebiam be nu ka tae melé blanui alea gbegbe ɖo hã. Eye wòte nuƒoƒo tso ŋugbe si Mawu do be yeava fɔ ame kukuwo la ŋu nam. Ðasefo dzigbɔɖitɔ lɔ̃ame sia srɔ̃ Biblia kplim le ɣleti asieke siwo kplɔe ɖo me.

Esi nusɔsrɔ̃a nɔ edzi yim la, meva kpɔe be ehiã be mawɔ tɔtrɔ gãwo le nye agbenɔnɔ me. Menɔ bɔbɔe nam o. Nu sue aɖe koe doa dziku nam, si wɔnɛ be menɔa dzikudodo dzi ɖaa. Biblia kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ ale si maɖu ɖokuinye dzi ale be maganɔ dziku dom kabakaba o. Le kpɔɖeŋu me, Yesu ɖo aɖaŋu le Mateo 5:44 be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mianɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta.” Eye Romatɔwo 12:19 xlɔ̃ nu be: “Migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, . . . elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe.’” Mawunyakpukpui mawo kple bubuwo kpe ɖe ŋunye vivivi be nye dzi va dze eme.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Togbɔ be le gɔmedzedzea me la, nye ƒometɔwo mekpɔ dzidzɔ esi medi be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kplim o hã la, wova dea bubu Ðasefowo ŋu mlɔeba. Nɔvinyeŋutsuawo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã va wɔ ɖeka kplim míele Yehowa subɔm fifia, eye Dada hã ƒoa nu nyui tso míaƒe dzixɔsewo ŋu va se ɖe esime wòku.

Yehowa yram hã meɖe Anita, si nye nyɔnu nyui wɔnuteƒe aɖe, eye mía kplii míetsɔ gbeƒãɖeɖe nya nyui la wɔ míaƒe agbemedɔe. Tso ƒe 2000 me la, mía kple Anita míeʋu yi Eskilstuna, Sweden, eye míele asi kpem ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le afi ma hele Biblia srɔ̃m kple Arab-gbedolawo.

Ame siwo kpea fu le ŋutasesẽ ta la ƒe nu gawɔa nublanui nam kokoko. Gake esi meva nya nu si koŋ na nuwo le alea kple ɖoɖo si Mawu wɔ be yeakpɔ kuxi sia gbɔ kpuie la, ena nye dzi dze eme eye dzi dzɔam.Psalmo 37:29.

Mía kple srɔ̃nye míele dzidzɔ kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me. Nufiafia amewo tso Yehowa ŋu doa dzidzɔ na mí ŋutɔ