Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYƆ! No. 3 2021 | Ðe Xexea Dzɔ Le Eɖokui Sia, Alo Ðe Wowɔe? Eka Dzie Nèxɔ Se?

Susu vovovowoe le amewo si ku ɖe ale si xexea kple nu siwo me agbe lea wɔ va dzɔ ŋu. Nyɔ! sia akpe ɖe ŋuwò nàdzro kpeɖodziawo me ale be wò ŋutɔ nàtia esi dzi nàxɔ ase. Ðe xexea dzɔ le eɖokui sia, alo Mawue wɔe? Ele vevie ŋutɔ be nànya ŋuɖoɖoa, elabe aɖe vi na wò geɖe.

 

Eka Dzie Wòle Be Nàxɔ Ase?

Ame geɖe tɔtɔ le nya siwo ku ɖe nuwɔwɔwo kple afi si agbe dzɔ tsoa ŋu.

Nu Si Xexea Fia Mí

Edze be wotrɔ asi le xexea kple anyigbaa ŋu ale be agbe nanya nɔ le edzi. Ðe wòanye be ame aɖee ɖoe koŋ wɔe nenema?

Nu Si Nu Gbagbewo Fia Mí

Nu gbagbewo ɖo atsyɔ̃ na míaƒe anyigbaa etɔxɛ. Nu kae agbe si le wo mea fia mí tso wo dzɔtsoƒe ŋu?

Nu Si Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo Mate Ŋu Afia Mí O

Ðe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nya ale si xexea kple agbe wɔ va dzɔa?

Nu Si Biblia Fia Mí

Ðe nya si Biblia gblɔa wɔ ɖeka kple nu siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖoa?

Nu Si Ta Ŋuɖoɖoa Le Vevie

Ne kpeɖodziawo na nèva xɔe se be Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖe lia, aɖe vi na wò fifia kple le etsɔme.

Dzro Kpeɖodziawo Me

Dzro kpeɖodziawo me, ne nàkpɔe ɖa be ɖe susu aɖe li si ta nàxɔe ase be Wɔla aɖe lia.