Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nazãbubu—Ðe Wòle Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?

Nazãbubu—Ðe Wòle Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?

Nazãbubu le abe dɔvɔ̃ aɖe ene. Egblẽa nu le ame si ŋu wòle la ŋu, eye ame aɖewo menyana gɔ̃ hã be dɔ sia le yewo ŋu o.

Ame aɖewo bua nazã ɖe amewo ŋu, menye le esi ameawo tso dukɔ bubu me, woƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo, wonye to bubu me tɔ, alo doa gbe bubu ta ko o, ke le esi woƒe subɔsubɔ to vovo, wonye ŋutsu alo nyɔnu, alo wole ɖoƒe aɖe hã ta. Ame aɖewo mewɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie o le ƒe si ameawo xɔ, afi si wode suku se ɖo, woƒe ŋutetewo alo woƒe dzedzeme ta. Ke hã, wosusunɛ kokoko be menye nazã bum yewo le o.

Ðe wòanɔ eme be èbua nazã? Mía dometɔ geɖe tea ŋu dea dzesii ne ame bubuwo le nazã bum. Gake ate ŋu asesẽ be míade dzesii ne mía ŋutɔwoe le nazãa bum. Nyateƒeae nye be mí katã míebua nazã ɣeaɖewoɣi. Hadomeŋutinunya ƒe nufialagã David Williams gblɔ be: “Ne amewo bu susu manyomanyo ɖe ƒuƒoƒo aɖe me tɔwo ŋu eye wova do go ƒuƒoƒo ma me tɔ aɖe la, womawɔ nu ɖe eŋu nyuie o, evɔ woawo ŋutɔwo manya gɔ̃ hã be yewowɔ nu nenema o.”

Le kpɔɖeŋu me, le Balkan dukɔ aɖe si le Europa ƒe anyieheɣedzeƒe, afi si Jovica le me la, ame hatsotso aɖe le dukɔ ma me siwo ame geɖe mebuna ɖe naneke me o. Jovica gblɔ be: “Mebui be ame nyui aɖeke mele wo dome o. Gake nyemenya be nazã bumee menɔ o. Elabe mesusui be nenema koe wòle hã.”

Dziɖuɖu geɖe wɔ se be woatsɔ atsi vovototodede ame me kple nazãbubu ɖe sia ɖe ƒomevi nu. Gake amewo gabua nazã kokoko. Nu ka tae? Elabena amewo ƒe nuwɔnawo nu koe seawo xea mɔ ɖo. Se mawo mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe susu kple seselelãmewo dzi o. Evɔ ame ƒe dzi kple susu mee nazãbubu dzea egɔme tso. Ðe ema fia be manya wɔ be míaƒo asa na nazãbubu keŋkeŋ oa? Ðe nanewo li siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋua?

Nyati siwo gbɔna la aƒo nu tso nu vevi atɔ̃ siwo kpe ɖe ame geɖe ŋu wote ŋu ɖe nazãbubu ɖa le woƒe dzi kple susu me la ŋu.