Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòanɔ Te Ðe Tɔtrɔ Siwo Ava Esi Wòle Tsitsim Nu

Kpe Ðe Viwò Ŋu Wòanɔ Te Ðe Tɔtrɔ Siwo Ava Esi Wòle Tsitsim Nu

KUXIA

Ðeko wòle abe etsɔ si va yi koe nèkɔ viwòa ɖe asi ene. Gake fifia viwòa enye ema le gegem ɖe eƒe ƒewuiwo me, togbɔ be eganye ɖevi hã la, madidi o, tɔtrɔ siwo aɖee afia be ele tsitsim la adze egɔme le eƒe agbe me.

Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòŋutsuvi alo viwònyɔnuvi ŋu wòanɔ te ɖe tɔtrɔ ɖedzesi siawo siwo nana ame tɔtɔna alo vɔ̃na la nu?

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Ɣeyiɣi li si tɔtrɔawo dzea egɔme. Tɔtrɔawo tea ŋu dzea egɔme kaba tso ƒe enyi alo tsia megbe hedzea egɔme tso ƒe wuiatɔ̃ heyina. Agbalẽ si nye Wɔe Kple Lɔlɔ̃ Kpakple Kakaɖedzi (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be, ɖevi ɖe sia ɖe kple ɣeyiɣi si tɔtrɔ siawo dzea egɔme nɛ.

Tɔtrɔawo ate ŋu ana ɖevia natɔtɔ. Ne ɖeviwo le ɖekakpui kple ɖetugbui me ɖom la, wotsia dzi ɖe ale si amewo bua woe ŋu vevie. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Jared * gblɔ be, “metsi dzi ɖe nye dzedzeme kple ale si mewɔa nui ŋu. Ne mele amewo dome la, ewɔna nam be nye nuwɔnawo mele ga dzi dzem o.” Le ɖevi siawo gome la, ne nyatsu do ɖe mo na wo la, dzi ɖena le wo ƒo. Kellie si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be nye mo gblẽ. Meɖo ŋkui be mefaa avi hegblɔna be nyemegadze tugbe o.”

Ðevi siwo ƒe tɔtrɔwo dzea egɔme kaba la doa go kuxi tɔxɛ aɖewo. Esia nye nyateƒe le nyɔnuviwo koŋ gome, vevietɔ ne wodze notete, eye wole kpe ɖom; esia nana amewo koa wo. Agbalẽ si nye Mɔfiame Na Dzilawo Le Ƒewuiviwo Hehe Ŋu (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be, “ŋutsuvi tsitsi siwo kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kpɔ la ate ŋu anɔ ahiã dim wo.”

Tɔtrɔ siawo mefia be ɖevi zu ame tsitsiwo o. Lododowo 22:15 gblɔ be: “Bometsitsi bla ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu.” Ne ɖevi le ɖekakpui alo ɖetugbui zum la, mefia be magawɔ bometsinu o. Agbalẽ si nye Wò Kple Wò Ƒewuivi (si le Eŋlisigbe me) gblɔ be, “tsitsi adze le ɖevi ŋu gake ema mefia be awɔ nyametsotso nyuiwo, awɔ nu le nunya me, aɖu eɖokui dzi alo awɔ nu bubu siwo fia be etsi o.”

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Ðo dze tso tɔtrɔ siawo ŋu na viwòa hafi woadze egɔme. Na viwòa nanya nu siwo wòakpɔ mɔ na, ne nyɔnuvi wònye la, na wòanya be ava ɖo asi anyi, eye ne ŋutsuvi wònye la, na wòanya be anyè tsi to eƒe ŋutsu me le alɔ̃ me. To vovo na tɔtrɔ bubu siwo vana vivivi la, asiɖoɖoanyi kple tsinyenye ya vana le vo me, eye ate ŋu ana ame natɔtɔ alo vɔvɔ̃ nalée gɔ̃ hã. Ne miele dze ɖom tso nya siawo ŋu la, tsɔ susu nyui ƒo nu tso eŋu be ehiã be tɔtrɔ siawo nava godoo hafi wòazu ame tsitsi.—Biblia ƒe mɔfiame: Psalmo 139:14.

Ƒo nu tso nu sia nu ŋu. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye John gblɔ be, “esi dzinyelawo nɔ nu ƒom tso tɔtrɔ siawo ŋu nam la, wonɔ axadzi tom na nyaa, nenye ɖe woyi nyaa gbɔ tẽe la anye ne ede dzinye wu.” Alana, nyɔnuvi si xɔ ƒe 17 hã se le eɖokui me nenema. Egblɔ be: “Danye kpe ɖe ŋunye mese nu siwo le dzɔdzɔm ɖe dzinye la gɔme, gake ne ɖe wòyi edzi kpe ɖe ŋunye menɔ te ɖe enu be magatsi dzi o la ne enyo wu.” Nu kae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso esia me? Togbɔ be akpe lãme na mi be miaƒo nu tso tɔtrɔ siawo ŋu hã la, ele be miawɔe godoo.—Biblia ƒe mɔfiame: Dɔwɔwɔwo 20:20.

Bia nya siwo ana wò kple viwòa miaɖo dze. Be nàkpe ɖe eŋu wòaƒo nu la, bia nyae tso ale si tɔtrɔawo dze egɔme le ɖevi bubuwo gome la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abia viwònyɔnuvi be, “ɖe wò sukuhatiwo dometɔ aɖewo gblɔ be yewodze asiɖoɖo anyia?” “Ðe ɖeviwo ɖua fewu le nyɔnuvi siwo dze notete la ŋua?” Àte ŋu abia viwòŋutsuvi be, “ɖe ɖeviwo ɖua fewu le ŋutsuvi siwo ŋu tɔtrɔ aɖeke medze le o la ŋua?” Ne viwòa dze nuƒoƒo tso tɔtrɔ siwo le vavam le ɖevi bubuwo gome ŋu la, anɔ bɔbɔe nɛ be wòaƒo nu tso eya ŋutɔ ƒe seselelãmewo kple tɔtrɔ siwo le vavam le eya ŋutɔ ŋu la hã ŋu. Ne wòle nu ƒom tso eŋu la, wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi. Egblɔ be, ‘ɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.’—Yakobo 1:19.

Kpe ɖe viwòa ŋu be ‘nunya vavãtɔ kple tamebubuŋutete’ nasu esi. (Lododowo 3:21) Ne ɖeviwo le ɖekakpui alo ɖetugbui me ɖom la, menye woƒe dzedzeme kple seselelãme gome koe tɔtrɔawo vana le o. Le ɣeyiɣi siawo me la, ɖeviwo tua tamebubuŋutete si ava kpe ɖe wo ŋu woawɔ nyametsotso nyui siwo akpe ɖe wo ŋu le woƒe tsitsime la hã ɖo. Wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ nyuie nàfia viwòa be wòatu nɔnɔme nyuiwo ɖo.—Biblia ƒe mɔfiame: Hebritɔwo 5:14.

Mègana ta o. Ðekakpui kple ɖetugbui geɖe medina be yewoaƒo nu tso tɔtrɔ siawo ŋu na wo dzilawo o, gake dzi megaɖe le ƒowò o. Agbalẽ si nye Wò Kple Wò Ƒewuivi gblɔ be, “ne edze abe viwòa metsɔ ɖeke le eme o, nyaa le etim hele ŋu nyɔm nɛ, eye wòwɔ abe mele nyaa sem ene o hã la, anɔ nya sia nya si gblɔm nèle la lém ɖe susu me.”

^ mm. 8 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.