Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Meɖoe Kplikpaa Be Manye Kristo Ƒe Asrafo

Meɖoe Kplikpaa Be Manye Kristo Ƒe Asrafo

Esi mekpɔ ale si tu nɔ ɖiɖim sesĩe le afi si meɣla ɖokuinye ɖo la, mekɔ takuvi ɣi aɖe ɖe dzi blewu. Asrafo siwo nɔ tua dam la blu ɖe tanye be mado le afi ma. Mewɔ ɖɔɖɔɖɔ te ɖe wo ŋu, eye nyemenya nenye be matsi agbe alo maku o. Aleke wòdzɔe be meva ge ɖe nɔnɔme sesẽ sia me?

MÍ AME enyie wodzi, eye nyee nye vi adrelia. Mía dzilawo nye dɔ sesẽ wɔla siwo nɔ Karítsa, si nye kɔƒe sue aɖe si le Greece. Wodzim le ƒe 1926 me.

Le ƒe si do ŋgɔ me la, dzinyelawo do go John Papparizos, si nye Biblia Nusrɔ̃vi dovevienu aɖe si ƒoa nu fũu. Tsã la, woyɔa Yehowa Ðasefowo be Biblia Nusrɔ̃viwo. Ale si John ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyuie la wɔ dɔ ɖe dzinyelawo dzi ŋutɔ, eya ta wova nɔ Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe kpekpewo dem le míaƒe kɔƒea me. Danye xɔ Yehowa Mawu dzi se ale gbegbe, eye togbɔ be menya nuxexlẽ o hã la, ewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ ƒoa nu tso nu siwo srɔ̃m wònɔ ŋu na amewo. Nublanuitɔe la, fofonye tsɔ eƒe susu ɖo amewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye vivivi la, eva dzudzɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede.

Nye kple nɔvinyewo míedea bubu Biblia ŋu, gake sɔhɛmenɔɣi ƒe dzidzɔdonamenuwo va he míaƒe susu. Emegbe esi Xexemeʋa Evelia fe ati le Europa le ƒe 1939 me la, nane dzɔ le míaƒe kɔƒea me si do voɖi na mí. Greece srafowo va lé míaƒe aƒelika Nicolas Psarras, si mía kplii míenye tɔgãtɔɖiviwo, si zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔ medidi o la be yewoazi edzi wòazu asrafo. Nicolas, si xɔ ƒe 20 la gblɔ na asrafomegãwo dzinɔameƒotɔe be, “Nyemate ŋu ayi aʋa o, elabe Kristo ƒe asrafoe menye.” Wodrɔ̃ ʋɔnui, eye woka ƒe ewo nɛ be wòatsɔ anɔ gaxɔ me. Míaƒe nu ku ale gbegbe!

Gake dzidzɔtɔe la, le ƒe 1941 me esi Dukɔ Wɔɖekawo ƒe asrafowo va Greece la, woɖe asi le Nicolas ŋu. Etrɔ yi Karítsa, eye fonye Ilias bia nya geɖee tso Biblia ŋu. Esi wonɔ dze ɖom la, menɔ to ɖom vevie. Emegbe nye, Ilias kple Efmorfia si nye mía nɔvinyɔnu suetɔ míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, eye míenɔ Ðasefowo ƒe kpekpeawo dem edziedzi. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, mí ame etɔ̃a míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ. Eye emegbe mía nɔvi ene bubuwo hã va zu Ðasefo wɔnuteƒewo.

Le ƒe 1942 me la, ɖekakpui kple ɖetugbui asieke, siwo xɔ tso ƒe 15 va ɖo 25 ye nɔ Karítsa Hamea me. Mí katã míenyae be dodokpɔ sesẽwo ava mía dzi. Eya ta, ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, míeƒoa ƒu srɔ̃a Biblia hedzia gbɔgbɔmehawo eye míedoa gbe ɖa tsɔ doa ŋusẽ mía ɖokuiwo. Esia na xɔse sẽŋu va su mía si.

Demetrius kple exɔlɔ̃awo le Karítsa

DUKƆMEVIƲA

Esi wòsusɔ vie Xexemeʋa Evelia nake la, kɔmiunisttɔ siwo le Greece la dze aglã ɖe Greece dziɖuɖua ŋu, eye esia he dukɔmeviʋa dziŋɔ aɖe vɛ. Kɔmiunist adzameʋawɔlawo nɔ tsatsam le kɔƒenutowo me nɔ amewo dzi zim be woava wɔ ɖeka kpli yewo. Esi wova dze míaƒe kɔƒea dzi la, wolé Ðasefo sɔhɛ etɔ̃—Antonio Tsoukaris, Ilias kple nye ŋutɔ. Míeɖe nu me na wo kukuɖeɖetɔe be míenye Kristotɔ siwo medea akpa aɖeke dzi le aʋa me o; ke hã, wozi mía dzi be míazɔ kpli yewo ayi ɖe Olympus-toa gbɔ. Afi ma didi tso míaƒe kɔƒea gbɔ gaƒoƒo 12.

Esia megbe kpuie la, kɔmiunisttɔwo ƒe amegã aɖe ɖe gbe na mí be míawɔ ɖeka kple adzameʋawɔlawo ƒe ha aɖe si nɔa amewo dzi dzem. Esi míeɖe eme nɛ be Kristotɔ vavãwo metsɔa lãnu ɖe wo havi ŋu o la, asrafomegãa do dɔmedzoe eye wòhe mí yi eƒe amegã aɖe gbɔe. Esi míegagblɔ nya mawo ke na eya hã la, egblɔ na mí be, “Ekema mikplɔ tedzi ɖe asi miatsɔ anɔ ame siwo xɔ abi le aʋaa me la kɔm anɔ kɔdzi yim.”

Míeɖo eŋu nɛ be, “Ke ne dziɖuɖua ƒe asrafowo lé mí ya ɖe? Ðe womasusu be míawo hã míenye aʋawɔlawo oa?” Egblɔ be, “Ekema mitsɔ abolo yi na ame siwo le aʋakpeƒea.” Míegblɔ nɛ be, “Ke ne asrafomegã aɖe kpɔ mí kple tedzia eye wòɖe gbe na mí be míatsɔ aʋawɔnuwo ayi aʋakpeƒea ɖe?” Asrafomegãa yi ŋugble me ʋĩi. Mlɔeba, egblɔ be: “Ke miate ŋu akplɔ alẽwo ya ɖe! Minɔ toa dzi ne mianɔ alẽawo kplɔm.”

Eya ta, esi dukɔmeviʋaa nɔ edzi yim la, mí ame etɔ̃a míekpɔe be míaƒe dzitsinya aɖe mɔ na mí be míanɔ alẽawo kplɔm. Esi wònye be Ilias ye nye viŋutsu tsitsitɔ ta la, le ƒe ɖeka megbe la, woɖe mɔ nɛ be wòatrɔ ayi aɖakpɔ mía dada si zu ahosi la dzi. Antonio hã va dze dɔ eye woɖe asi le eŋu. Ke nye ya womeɖe asi le ŋunye o.

Le ɣeyiɣi ma me la, Greece srafowo nɔ to ɖem ɖe kɔmiunisttɔwo vivivi. Aʋawɔla siwo sikam ɖi la kplɔm ɖe asi míesi to towo dzi ɖo ta Albania, elabena etsɔ teƒea gbɔ. Esi míegogo dea dzi la, kasia míekpɔe be Greece srafowo ɖe to ɖe mí. Vɔvɔ̃ ɖo aʋawɔlaawo eye wosi le Greece srafowo nu. Nye ya mebe ɖe ati aɖe si mu la xa, eye esiae na meɖo nɔnɔme si ŋu meƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la me.

Esi megblɔ na Greece srafowo be kɔmiunisttɔwoe ɖe aboyom la, wokplɔm yi woƒe asaɖa aɖe si te ɖe Véroia ŋu la me. Enye blemadu si woyɔ le Biblia me be Beroia. Le afi ma la, woɖe gbe nam be maɖe ʋe siwo me asrafowo anɔ bebem ɖo. Esi megbe be nyemawɔ dɔ sia o la, asrafomegãa na wokplɔm yi ƒukpo si nye Makrónisos (si wogayɔna be Makronisi) la dzi. Afi siae wohea to na nu vlo wɔlawo le eye ŋɔdzi le teƒe ma ŋu ŋutɔ.

ƑUKPO SI ŊU ŊƆDZI NƆ

Makrónisos Ƒukpoa, si le Attica ƒuta la kple Athens dome didi kilometa 50, eye wònye kuɖiɖikpenyigba si ƒu kplakplakpla. Ƒukpo la ƒe didime nye kilometa 13 pɛ ko eye eƒe akpa si keke wu la didi kilometa eve kple afã. Ke hã, tso ƒe 1947 va ɖo ƒe 1958 me la, woɖe aboyo ame 100,000 yi afi ma. Wo dometɔ aɖewo nye kɔmiunisttɔwo alo ame siwo wobu be wonye wo dzi delawo, ame siwo nɔ aʋa wɔm tsi tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu kple Yehowa Ðasefo nuteƒewɔla gbogbo aɖewo.

Esi meva ɖo afi ma le ƒe 1949 ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, woma gamenɔlawo me ɖe asaɖa vovovowo me. Wode nye kple ŋutsu alafa geɖewo asaɖaawo dometɔ ɖeka si ŋu womedzɔna atraɖii o la me. Mí ame siwo ade 40 míemlɔa anyigba le avɔgbadɔ aɖe si me wòle be ame 10 pɛ ko namlɔ hafi la me. Tsi si míenona la nɔ ʋeʋẽm, eye veyi (alo bɔbɔ) kple agbitsa koŋue míeɖuna. Ʋuʋudedi kple ya sesẽ si ƒona le afi ma ɣeawokatãɣi la na agbea sesẽ na mí ale gbegbe. Gake ne mede ɖeke o la, womena míawo ya míenɔ kpe gãgãwo fɔm nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm o. Kpe siawo fɔfɔ nye fuwɔwɔ ame ƒe mɔnu vɔ̃ɖi aɖe si gbãa lãme na gamenɔlawo henana agbe tia kɔ na wo.

Nye kple Ðasefo bubu siwo woɖe aboyoe yi Makrónisos Ƒukpoa dzi

Gbe ɖeka esime menɔ zɔzɔm le ƒuta la, medo go Ðasefo bubu geɖe siwo tso asaɖa bubuwo me. Dzi dzɔ mí ale gbegbe! Míeva ƒoa ƒu srɔ̃a nu ɣesiaɣi si wòanya wɔ, gake míeɖɔa ŋu ɖo etɔxɛe be woagakpɔ mí o. Azɔ hã, míeɖea gbeƒã na gamenɔla bubuwo ŋuɖɔɖotɔe, eye wo dometɔ aɖewo va zu Yehowa Ðasefowo emegbe. Nu siawo wɔwɔ kple gbedodoɖa vevie kpe ɖe mía ŋu míeli ke le xɔse me.

METO DZO ME

Le ƒukpo dziŋɔ ma dzi nɔnɔ ɣleti ewo megbe la, ame siwo lém la bui be metrɔ susu, eya ta wogblɔ nam azɔ be mado asrafowu. Esi megbe la, wohem yi asaɖaa dzi kpɔla ŋkume. Metsɔ nya aɖe si meŋlɔ ɖe agbalẽ dzi la fiae. Nya si le agbalẽa dzie nye, “Kristo ƒe asrafo ko medi be manye.” Edo ŋɔdzi nam, eyome etsɔm de asi na eƒe gɔmenɔla si nye Greece Orthodɔks Sɔlemehaa ƒe bisiɔpgã si do woƒe osɔfowu ʋlayaa aɖe. Esi metsɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo nya siwo wòbiam la ŋu dzinɔameƒotɔe la, eɖe gbe sesĩe be: “Mikplɔe dzoe le ŋkunyeme. Zazɛ̃nyahelae wònye!”

Le ŋufɔke la, asrafowo gaɖe gbe nam be mado asrafowu, gake megbe. Eya ta, wotu kɔm heƒom kple atikpo. Eyome wokplɔm yi dɔdaƒea be yewoakpɔe ɖa be nye ƒuwo ŋe hã, eye wotem le anyigba yi nye avɔgbadɔa me. Wowɔ funyafunyam alea gbe sia gbe hena ɣleti eve.

Esi megakpɔtɔ lé nye xɔse me ɖe asi sesĩe ta la, dzi ku asrafoawo eye wogate mɔnu bubu kpɔ. Wobla nye asiwo ɖe megbenye eye wotsɔ ka titriwo nɔ afɔƒome ƒom nam tagbɔsesẽtɔe. Esi menɔ veve sem helĩhelĩ la, meɖo ŋku nya si Yesu gblɔ dzi be: ‘Dzidzɔtɔwoe mianye ne amewo doa vlo mi hetia mia yome. Mitso aseye, eye migli kple dzidzɔ, elabena miaƒe fetu lolo le dziƒo, elabena nenema kee woti nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi hã yome.’ (Mat. 5:11, 12) Woƒom ʋuu ale gbegbe be eva dze nam abe ɖe wonɔ ƒoyem tegbee ene. Mlɔeba meku ƒenyi.

Meva nyɔ le gaxɔ aɖe si me fa miamiamia, si me nuɖuɖu, tsi alo kuntru menɔ o la me. Ke hã, nye susu dze akɔ anyi eye meɖe dzi ɖi. Abe ale si Biblia do ŋugbee ene la, “Mawu ƒe ŋutifafa” nɔ nye ‘dzi kple tamesusuwo ŋu dzɔm.’ (Flp. 4:7) Le ŋufɔke la, asrafo dɔmenyotɔ aɖe na nuɖuɖu, tsi kple vuvɔmewum. Eye asrafo bubu hã nɔ eƒe nuɖuɖu tsɔm nam. Esiawo kple bubu geɖewo na mekpɔ ale si Yehowa nɔ be lém nam lɔlɔ̃tɔe.

Tatɔawo bum be menye aglãdzela si mate ŋu atrɔ o, eye wokplɔm yi asrafowo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe le Athens. Woka ƒe etɔ̃ nam be matsɔ anɔ gaxɔ me le Yíaros (alo Gyaros), si nye ƒukpo aɖe si didi tso Makrónisos gbɔ kilometa 50 le ɣedzeƒe gome.

“MÍATE ŊU AKA ÐE MIA DZI”

Yíaros gaxɔ la nye xɔ gã aɖe si wotsɔ anyikpe dzĩwo tu, si me gamenɔla siwo wu 5,000 nɔ le esi wobu wo dziɖuɖua ƒe futɔwoe ta. Yehowa Ðasefo adre hã nɔ afi ma le esi womedea akpa aɖeke dzi le aʋa me o ta. Mí ame adrea míeƒoa ƒu le adzame srɔ̃a Biblia, togbɔ be wode se ɖe esia nu vevie hã. Míexɔa Gbetakpɔxɔ siwo woɣlana nyuie heɖona ɖe mí le gaxɔa me la edziedzi, eye míegbugbɔ ŋlɔa wo me nyawo kple asi be míazã le míaƒe nusɔsrɔ̃ me.

Gbe ɖeka esime míenɔ nua srɔ̃m le adzame la, dzɔla aɖe va ke ɖe mía ŋu le manyamanya me eye wòxɔ míaƒe agbalẽwo le mía si. Ekplɔ mí yi gaxɔdzikpɔlaa ƒe kpeɖeŋutɔ gbɔ, eye míebu xaa bena woadidi míaƒe gamenɔɣia ɖe edzi. Gake egblɔ boŋ be: “Míenya ame siwo mienye, eye míedea bubu mia ŋu le ale si miedea akpa aɖeke dzi o ta. Míenya be míate ŋu aka ɖe mia dzi. Mitrɔ yi miaƒe dɔwo gbɔ.” Eɖo dɔ si le bɔbɔe wu na mía dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. Míaƒe dziwo yɔ fũu kple akpedada, elabena míaƒe nuteƒewɔwɔ le gaxɔ me gɔ̃ hã nye kafukafu na Yehowa.

Nu nyui bubuwo do tso míaƒe nuteƒewɔwɔ tamanamanae la me. Esi akɔntanyala bibi aɖe si nɔ gaxɔa me la lé ŋku ɖe ale si míenɔa agbe nyui ŋu la, eʋãe wòbia nya mí tso míaƒe dzixɔsewo ŋu. Esi woɖe mí Ðasefoawo le gaxɔ me le ƒe 1951 ƒe gɔmedzedze la, woɖe asi le eya hã ŋu. Eva zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔ emegbe hewɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa.

MEGAKPƆTƆ NYE ASRAFO

Nye kple srɔ̃nye Janette

Esi woɖe asi le ŋunye la, metrɔ yi nye ƒomea gbɔ le Karítsa. Emegbe nye kple míaƒe dukɔmevi geɖewo míeʋu yi Melbourne, le Australia. Afi mae medo go Janette, si nye nɔvinyɔnu Kristotɔ nyui aɖe le, eye míeɖe mía nɔewo. Míehe mía viŋutsua kple mía vinyɔnu etɔ̃awo wova zu Kristotɔwo.

Mexɔ ƒe 90 kple edzivɔ fifia eye mekpɔtɔ nye hamemetsitsi si le agbanɔamedziwo tsɔm. Ale si wowɔ nu vevim va yi la wɔe be nye lãme kple afɔwo venam ɣeaɖewoɣi, vevietɔ ne meyi gbeadzi gbɔ. Ke hã, meɖoe kplikpaa be ‘Kristo ƒe asrafo’ ko manye ɖaa.—2 Tim. 2:3.