Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

To vovo na nya si Biblia gblɔ be Israel-viwo nye kluviwo le Egipte kpɔ la, kpeɖodzi bubu kawoe ɖee fia be Israel-viwo nye kluviwo le Egipte kpɔ nyateƒe?

Biblia gblɔ be, esi Midiantɔwo kplɔ Yosef yi Egipte megbe la, blemafofo Yakob kple eƒe aƒekɔa va ʋu le Kanaan ɖanɔ Egipte. Wonɔ Egipte ƒe nuto si woyɔna be Gosen, si te ɖe teƒe si Nil-tɔsisia de nu atsiaƒua me le la ŋu. (1 Mose 47:1, 6) Israel-viwo ‘va nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi henɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi.’ Le esia ta, Egiptetɔwo va de asi Israel-viwo vɔvɔ̃ me eye wozi wo dzi wova zu kluviwo.—2 Mose 1:7-14.

Biblia me ŋutinya sia ɖia kokoe na ɖeklemiɖela aɖewo egbea eye wogblɔna be nyakpakpawoe wonye. Ke hã, kpeɖodziwo li siwo ɖee fia be Sem viwo * nye kluviwo le blema Egipte kpɔ vavã.

Le kpɔɖeŋu me, blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖe nanewo ŋu le to me siwo ɖee fia be, blemaduwo nɔ dziehe Egipte kpɔ. Ðɔkta John Bimson gblɔ be, kpeɖodzi 20 alo esiwo wu nenema la li siwo ɖee fia be, Sem viwo nɔ dziehe Egipte nuto ma me kpɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Aƒetɔ James K. Hoffmeier, si nye blema Egipte ŋuti numekula la gblɔ be: “Tso ƒe 1800 me va ɖo ƒe 1540 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) ƒe ɣeyiɣi mawo me la, Egipte nye teƒe si dzroa ɣetoɖoƒe Asiatɔ siwo nye Sem viwo ƒe gbe dolawo wodina be yewoaʋu ayi.” Egblɔ kpee be: “Ɣeyiɣi ƒe didime sia ye nye blema ‘Fofowo Ƒe Anyinɔɣi’ eye esɔ ɖe ɣeyiɣia kple nudzɔdzɔ siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me la nu tututu.”

Kpeɖodzi bubu si wokpɔ le anyiehe Egipte la hã li. Woke ɖe aƒlagbalẽ aɖe si woanya ŋlɔ ɣeaɖeɣi le ƒe 2000 va ɖo ƒe 1600 D.Y. domedome lɔƒo la ŋu eye kluvi siwo wɔ dɔ le aƒe ɖeka me le anyiehe Egipte la ƒe ŋkɔwo le edzi. Ŋkɔawo dometɔ siwo wu 40 la nye Sem viwo ƒe ŋkɔwo. Kluvi siawo nyea nuɖalawo, avɔlɔ̃lawo, kple dɔ bubu wɔlawo. Blema Egipte ŋuti numekula, Aƒetɔ Hoffmeier de dzesii be: “Esi wònye be Sem vi siwo wu blaene ye wɔa dɔ le aƒe ɖeka me le Thebaid [anyiehe Egipte] la, ekema, Sem vi siwo nɔ Egipte dukɔa katã me, vevietɔ, esiwo nɔ afi si Nil-tɔsisia de nu atsiaƒua me le la ƒe xexlẽme anya sɔ gbɔ ŋutɔ.”

Aƒetɔ David Rohl, si nye blemaduwo nɔƒe kula la, ŋlɔ bena, kluvi siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbalẽa dzi la dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwo “le abe Biblia mee woɖe wo tsoe tẽe ene.” Le kpɔɖeŋu me, ŋkɔ siwo le aƒlagbalẽ kakɛa dzi la sɔ kple Biblia me ŋkɔ siwo nye Isakar, Aser, kple Sifra. (2 Mose 1:3, 4, 15) Aƒetɔ Rohl ƒo nya ta be: “Esia nye kpeɖodzi vavã si li ku ɖe ɣeyiɣi si me Israel-viwo nye kluviwo le Egipte la ŋu.”

Ðɔkta Bimson gblɔ be: “Kpeɖodzi sẽŋu siwo ku ɖe blemaŋutinyawo ŋu la li siwo ɖee fia be Biblia me ŋutinya si ku ɖe Israel-viwo ƒe kluvinyenye me nɔnɔ le Egipte kple woƒe ʋuʋu tso Egipte ŋu la nye nyateƒe.”

^ mm. 4 Sem, si nye Noa viŋutsu etɔ̃awo dometɔ ɖeka la, ƒe ŋkɔ mee woɖe ŋkɔnya Sem viwo tsoe. Anɔ eme be, Sem ƒe dzidzimeviwoe Elamtɔwo, Asiriatɔwo, Kaldeatɔ gbãtɔawo, Hebritɔwo, Siriatɔwo, kple Arabiatɔwo ƒe to vovovoawo hã nye.