Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Me Ŋkɔ Le Blema Anyize Aɖe Ŋu

Biblia Me Ŋkɔ Le Blema Anyize Aɖe Ŋu

Anyize aɖe si xɔ ƒe 3,000, si ƒe kakɛwo ŋu woke ɖo le to me le ƒe 2012 me la va nye nu si ŋu numekulawo trɔ woƒe susu ɖo vevie nyitsɔ laa. Nu kae ɖe dzesi le nu si ŋu woke ɖo la ŋu? Menye ze la ƒe kakɛawo ŋutɔwoe nye nu siwo ɖe dzesi o, ke boŋ nu si woŋlɔ ɖe wo dzi lae.

Esi blemaduwo nɔƒe kulawo te ŋu fɔ zea ƒe kakɛawo tsiã wòzu ze blibo azɔ la, wote ŋu xlẽ blema Kanaantɔwo ƒe asinuŋɔŋlɔ si le edzi. Nu si woŋlɔ ɖe edzie nye: “Esbaal Ben Beda,” si fia “Beda [viŋutsu] Esbaal.” Esiae nye zi gbãtɔ si blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖe ŋkɔ sia ŋu le blemanuŋɔŋlɔ si woɖe ɖe nu dzi me.

Le nyateƒe me la, woyɔ Esbaal bubu aɖe hã le Biblia me—eyae nye Fia Saul viŋutsuwo dometɔ ɖeka. (1 Kron. 8:33; 9:39) Numekulagã Yosef Garfinkel, si hã kpɔ gome le zea ƒe kakɛawo kuku le toa me me la, gblɔ be: “Enyo ŋutɔ be míade dzesii be ŋkɔ Esbaal dze le Biblia me, eye ŋkɔ sia va le blemaduwo nɔƒe kulawo ƒe nudzraɖoƒe hã azɔ, eye wonye ŋkɔ siwo wozã le Fia David ƒe dziɖuɣi ko.” Ame aɖewo susu be ɣemaɣi koŋue wozã ŋkɔ ma. Esia hã ganye kpeɖodzi bubu be nu siwo ŋu blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖo la ɖo kpe Biblia me nyawo dzi.

Le Biblia ƒe akpa bubu la, woyɔ ŋkɔ Esbaal be Is-Boset, si me wotsɔ “boset” ɖɔ li “baal” le. (2 Sam. 2:10) Nu ka tae? Numekulawo ɖe eme be: “Le Samuel ƒe agbalẽ evelia me la, edze abe nuŋlɔlaa medi be yeazã Esbaal, si he susu yi Kanaantɔwo ƒe ahom mawu Baal dzi o ene, ke hã, ŋkɔa ŋutɔŋutɔ . . . dze le Kronika Ƒe Agbalẽawo me.”