Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SIWO NÀGATE ŊU ASRƆ̃

Do Vevie Nusɔsrɔ̃ Be Nànɔ Ŋudzɔ

Do Vevie Nusɔsrɔ̃ Be Nànɔ Ŋudzɔ

Xlẽ Daniel 9:​1-19 be nàkpɔ nu si tae wòle vevie be nàdo vevie nusɔsrɔ̃.

Bu nudzɔdzɔ bliboa ŋu. Nu kawoe dzɔ do ŋgɔ kpuie, eye aleke esia kpɔ ŋusẽ ɖe Daniel dzi? (Dan. 5:29–6:5) Ne wòe nye Daniel ɖe, aleke nàse le ɖokuiwò me?

Ku nu me yi ŋgɔe. ‘Agbalẽ kɔkɔe’ kawo mee Daniel anya dzro? (Dan. 9:​2, etenuŋɔŋlɔ; w11 1/1 22 ¶2) Nu ka tae Daniel ʋu Israel dukɔa kple eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo me? (3 Mose 26:​39-42; 1 Fia. 8:​46-50; dp 182-184) Aleke Daniel ƒe gbedodoɖaa ɖee fia be edoa vevie Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃?—Dan. 9:​11-13.

De dzesi nufiameawo. Bia ɖokuiwò be:

  • ‘Nu kae mawɔ be xexemenudzɔdzɔwo nagahe nye susu o?’ (Mika 7:7)

  • ‘Ne medoa vevie Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ abe Daniel ene la, aleke wòaɖe vi nam?’ (w04 8/1 12 ¶17)

  • ‘Nyati kawo mee mate ŋu adzro le nye ɖokuisinusɔsrɔ̃ me ale be mayi edzi anɔ “ŋudzɔ”?’ (Mat. 24:​42, 44); w12 8/15 5 ¶7-8)