Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anyikpe si dzi woɖe Belsazar ƒe ŋkɔ ɖo (Eƒe lolome ŋutɔŋutɔ)

Ènyaa?

Ènyaa?

Aleke nu siwo ŋu woke ɖo le blemaduwo nɔƒe kuku me la ɖo kpe Belsazar si nɔ Babilon la ƒe ɖoƒe dzi?

ƑE GBOGBO aɖewo va yi la, ame siwo ɖea ɖeklemi le Biblia ŋu la gblɔ be Fia Belsazar, si ŋu woƒo nu tsoe le Daniel ƒe agbalẽa me la, menɔ anyi kpɔ o. (Dan. 5:1) Nu si tae wosusui nenemae nye be, blemaduwo nɔƒe kulawo mete ŋu ke ɖe kpeɖodzi aɖeke si ɖee fia be Belsazar nɔ anyi kpɔ la ŋu o. Ke hã, esia trɔ le ƒe 1854 me. Nu ka tae?

Le ƒe ma me la, Britaintɔwo ƒe dziɖuɖuteƒenɔla aɖe si ŋkɔe nye J. G. Taylor yi ɖaku nu me le blema dugã Ur ƒe glikpo siwo le egbegbe anyiehe Iraq la ŋu. Esi numekula sia yi afi ma la, eke ɖe anyikpe gbogbo aɖewo ŋu le mɔ́ kɔkɔ aɖe me. Kpeawo dometɔ ɖe sia ɖe didi sentimeta ewo, eye woɖe kunifɔm nuŋɔŋlɔ ɖe wo katã dzi. Woŋlɔ gbe aɖe si wodona ɖa ɖe Babilon-fia Nabonido kple via tsitsitɔ, Belsazar, ta be woanɔ agbe didi la ɖe kpeawo dometɔ ɖeka dzi. Eva hiã be ɖeklemiɖelawo gɔ̃ hã nalɔ̃ ɖe edzi be: Esia nye kpeɖodzi be Belsazar nɔ anyi kpɔ.

Ke hã, menye ɖeko Biblia gblɔ be Belsazar nɔ anyi kpɔ ko o, ke egblɔ hã be enye fia. Ðeklemiɖelawo gake ɖi nya sia hã. Le kpɔɖeŋu me, Eŋlisiawo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe si ŋkɔe nye William Talbot, si nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia me la, ŋlɔ bena ame aɖewo gblɔ be “Bel-sar-ussur [Belsazar] ɖu fia esime fofoa Nabonido hã nɔ fia ɖum. Gake kpeɖodzi ɖeka pɛ gɔ̃ hã mele nya sia ŋu o.”

Ke hã, wokpɔ ɖeklemiɖenya sia hã gbɔ esime nuŋɔŋlɔ siwo dze le anyikpeawo dometɔ bubuwo dzi la ɖee fia be, ɣeaɖeɣi la, Fia Nabonido, si nye Belsazar fofo, dzo le fiadua me ƒe aɖewo. Nu kae dzɔ esi menɔ anyi o? Numekugbalẽ si nye Encyclopaedia Britannica gblɔ be: “Esi Nabonido nɔ dukɔ bubu me la, etsɔ Belsazar ɖo fiazikpuia dzi eye wòtsɔ eƒe asrafowo dometɔ akpa gãtɔ de eƒe kpɔkplɔ te.” Eya ta, Belsazar ɖu fia esime fofoa Nabonido kpɔtɔ nye Babilon-fia vavã. Esia wɔe be, tomenukula kple gbegbɔgblɔŋutinunyala Alan Millard gblɔ be esɔ be “Daniel Ƒe Agbalẽa yɔ Belsazar be ‘fia.’”

Ke hã, le Mawu subɔlawo ya gome la, nu si koŋ ɖo kpe edzi be kakaɖedzi le Daniel ƒe agbalẽa me nyawo ŋu eye wotso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la dze le Biblia la ŋutɔ me.—2 Tim. 3:16.