Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 ÐE WOWƆEA?

Kedzokedzo Ƒe Kaɖisinu La

Kedzokedzo Ƒe Kaɖisinu La

TSRO aɖe nɔa kedzokedzo ƒomevi aɖe ƒe kaɖisinu ŋu abe akpatsro ene si nana be ne nudzodzoevi sia si dzo la, eklẽna eteƒe mekɔna o. *

Tsro dzekpodzeʋewo

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Numekulawo va de dzesii be tsro falɛfalɛ siwo le kedzokedzo ƒe kaɖisinu ŋu la fɔ kpo dze ʋe abe zingli siwo wotsɔ gba xɔ ene. Tsroawo ƒe nugbɔ xa anɔ abe mikrometa 3 pɛ ko ene. Esia anye amegbetɔ ƒe ɖakui ƒe titrime me mama ɖe akpa blaeve ƒe ɖeka. Ke hã, tsro sue sia nana kaɖisinu sia klẽna zigbɔzi eve kloe wu ale si wòanɔ ne ɖe tsroa mele abe zingli ene o.

Ðe woate ŋu awɔ aɖaŋu sia ŋu dɔ atsɔ awɔ elɛktrik-kaɖimenu si woyɔna le yevugbe me be LED, si wozãna le elɛtronik-nuwo me, wòagaklẽ wua? Esi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo di be yewoate esia kpɔ la, wotre nane si dze kpo dze ʋe ɖe LED la ŋu abe kedzokedzo ƒe kaɖisinu tɔ ene. Nu kae do tso eme? LED la ƒe keklẽa nu sẽ wu zigbɔzi eve! Dzɔdzɔmeŋusẽŋutinunyala Annick Bay gblɔ be: “Nu vevitɔ si dodokpɔ sia ɖe fiae nye be míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe ne míeléa ŋku ɖe dzɔdzɔmenuwo ŋu nyuie.”

Nu kae nèsusu? Ðe kedzokedzo ƒe kaɖisinu la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?

^ mm. 3 Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mekpɔ srɔ̃ nu tso nudzodzoevi sia ƒomeviwo katã ŋu vɔ o.