Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 ÐE WOWƆEA?

Ƒumexegã Ƒe Fuwo

Ƒumexegã Ƒe Fuwo

XE SIA ƒua tsi sesĩe nukutɔe hetia kpo va dzea keke sno babla dzi ke. Aleke wòtea ŋu dzɔnɛ?

Ƒumexegã ƒe fu

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Ƒumexegã (emperor penguin alo manchot empereur) sia lɔa ya ɖe eƒe fuwo me. Ya sia wɔnɛ be fafa melénɛ o, eye wòkpena ɖe eŋu hã be wòtea ŋu ƒua tsi zi gbɔ zi eve alo etɔ̃ wu ale si wòaƒui yaa manɔmee. Aleke wòtea ŋu wɔnɛ? Ƒumexewo ŋuti nunyala aɖe gblɔ be anɔ eme be ewɔa esia to asiɖeɖe le ya siwo wòlɔ la ŋu vivivi to eƒe fuwo me. Ya siawo ƒe dodo nana be nu siwo awɔe be eƒe fuwo mate ŋu ato tsia me bɔbɔe o la dzi ɖena kpɔtɔna si wɔnɛ be wòtea ŋu ƒua tsia kabakaba.

Dzidzɔtɔe la, mɔɖaŋununyalawo le nu srɔ̃m tso mɔnu aɖe si dzi woato awɔ do suesuesue siwo me ya anɔ totom anɔ dodom la ɖe meli ŋu si ana wòate ŋu aƒu du sesĩe kplamatsɛdonu aɖeke manɔmee. Ke hã numekulawo lɔ ɖe edzi be yewomete ŋu le kekem ɖe mɔnu sia ŋu o, elabena “asesẽ be amegbetɔwo nawɔ nane si me do suesuesuewo anɔ abe ƒumexegã ƒe fuwo tɔ ene.”

Nu kae nèsusu? Ðe ƒumexegã ƒe fuwo dzɔ le wo ɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?