Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 ÐE WOWƆEA?

Adoglo Ƒe Asike

Adoglo Ƒe Asike

ADOGLO tea ŋu tia kpo tso teƒe gbadza ɖakuna ɖe gli ŋu bɔbɔe. Gake ne teƒea zrɔ̃ la, adogloa ƒe afɔwo ɖiɖina, ke hã etea ŋu tia kpo kuna ɖe glia ŋu dzidzedzetɔe. Aleke wòwɔnɛ? Eƒe asikea ye wòzãna.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Ne teƒe si adogloa ti kpo tso la le glidzaglidza la, eƒe afɔwo lia anyi nyuie, eya ta ɖeko wòdzɔa eɖokui heɖiɖia eƒe asike vaa anyi me hetia kpo. Esia wɔnɛ be wòtea ŋu trɔna nyuie le ya me. Gake ne afi si wòti kpo tso la zrɔ̃ la, eƒe afɔwo ɖiɖina, si wɔnɛ be metea ŋu trɔna nyuie le ya me o. Gake ne ele ya me la, ekɔa eƒe asike yia dzi, si wɔnɛ be wòdzɔna nyuie. Ale si nɔnɔmea le la nue wòtrɔa asikea ɖo. Le California Yunivɛsiti si le Berkeley ƒe nyatakaka nu la, “adogloa mate ŋu adzɔ eɖokui le ya me o, negbe ɖeko wòle eƒe asikea trɔm nyuie ale si dze.” Ale si gbegbe wòdoa eƒe asikea ɖe dzii la nɔa te ɖe teƒea ƒe zɔzrɔ̃ dzi. Aleae wòwɔna be wòtea ŋu dzea glia ŋu dedie.

Nusɔsrɔ̃ tso adoglo ƒe asike ŋu ate ŋu akpe ɖe mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo ŋu woawɔ robot siwo mamu adze anyi bɔbɔe o, siwo woate ŋu atsɔ adi agbetsilawo le anyigbaʋuʋu alo afɔku bubu aɖe dzɔdzɔ vɔ megbe. Numekula Thomas Libby gblɔ be: “Le kelili gome la, lãwo de ŋgɔ sãsãsã wu robotwo, eya ta nu sia nu si ate ŋu ana robotwo nali ke wu la nye ŋgɔyiyi.”

Nu kae nèsusu? Ðe adoglo ƒe asike la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?