Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Bar-Tailed Godwit Xe Dzodzoea Ƒe Ŋutete Tɔxɛ La

Bar-Tailed Godwit Xe Dzodzoea Ƒe Ŋutete Tɔxɛ La

Bar-Tailed Godwit Xe Dzodzoea Ƒe Ŋutete Tɔxɛ La

DZODZO ƒe ŋutete tɔxɛ si le bar-tailed godwit si la wɔa nuku na ame geɖe ŋutɔ. Elabena xevi sia tea ŋu dzona kilometa 11,000 sɔŋ, si xɔa ŋkeke enyi kple edzivɔ.

De Ŋugble Tso Eŋu: Numekulawo gblɔ be anyigba ƒe nuheŋusẽe kpena ɖe xevi aɖewo ŋu wote ŋu dzona le mɔ tɔxɛ siawo nu. Wowɔa nu abe ɖe wowɔ taɖoƒefianu de woƒe ahɔhɔ̃ me ene. Anɔ eme hã be godwit xevia zãna ɣe ƒe keklẽ le ŋkeke me, kple ɣletiviwo ƒe keklẽ le zã me tsɔ fiaa mɔ eɖokui. Ewɔ abe xevi sia nyana ne ya sesẽ aɖe ƒo gbɔna ene, eye wònana yaƒoƒoa kpena ɖe eŋu wòdzona yia afi si yim wòle. Dzodzo ƒe ŋutete tɔxɛ si le xevi siawo si la kpɔtɔ wɔa nuku na xe dzodzoe ŋuti ŋunyalawo kokoko. Nugbagbeŋutinunyala Bob Gill gblɔ be: “Ƒe 20 enye esia si mele nu srɔ̃m tso xevi siawo ŋu gake woƒe nuwɔna kpɔtɔ wɔa nuku nam kokoko.”

Nu Kae Nèsusu? Nɔnɔmetɔtrɔ dzie dzodzo ƒe ŋutete tɔxɛ si le xevi sia si la to va dzɔa? Alo Wɔla lae wɔea?