Dzo kpo yi emenuwo dzi

Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ŋuti Mɔfiamewo

Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ŋuti Mɔfiamewo

Emenyawo

1. Mɔfiame siwo le agbalẽ sia me aɖe vi na ame siwo katã awɔ dɔ le Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea me. Ame siwo si dɔdeasi le la nato mɔfiame siwo ku ɖe akpa si woawɔa ŋu me le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa kple mɔfiamegbalẽ sia me hafi adzra woƒe dɔdeasia ɖo. Mikpe gbeƒãɖelawo katã be woaŋlɔ ŋkɔ awɔ dɔ le sukua me. Ne ame bubu siwo le ha dem kple hamea lɔ̃ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi eye wole agbe nɔm ɖe Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo nu la, ke woawo hã ate ŋu awɔ dɔ le sukua me. Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Dzikpɔla nadzro nudidi siwo gbɔ wòle be woaɖo hafi awɔ dɔ le sukua me la kple ame si menye gbeƒãɖela o gake wòdi be yeawɔ dɔ le sukua me eye wòana amea nanya nenye be edze. Ele be ame si le Biblia srɔ̃m kplii (alo edzila si nye xɔsetɔ) nanɔ eteƒe hafi woawɔ esia. Nu siwo wodi tso ame siwo di be yewoazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo si la kee wodi tso ame siawo hã si.—od ta 8 mm. 8.

 ŊGƆDONYAWO

2. Miniti 1. Kwasiɖa ɖe sia ɖe, ne wodzi ha hedo gbe ɖa vɔ la, Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea ƒe zimenɔla ade dzo nɔviawo me ɖe nu siwo me woadzro le kpekpea me ŋu. Zimenɔlaa nahe susu ayi nya vevi siwo aɖe vi na hamea wu la dzi.

  NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

 3. Nuƒo: Miniti 10. Nuƒoa ƒe tanya kple nya vevi eve alo etɔ̃ siwo dzi woatui ɖo adze le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa me. Woade nuƒo sia asi na hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla si dze. Ne kwasiɖa aɖe ƒe Biblia xexlẽa dze egɔme kple Biblia gbalẽ yeye la, woaɖe video kpui aɖe ku ɖe Biblia gbalẽ ma ŋu atsɔ adze dɔdeasia gɔme. Nuƒolaa ate ŋu ahe susu ayi ale si videoa de nu nuƒoa ƒe tanya mee dzi. Gake ele be wòaƒo nu tso nya vevi siwo le nusrɔ̃gbalẽa me ŋu. Azɔ hã, ele be wòaƒo nu tso nɔnɔmetata kple foto siwo le eme la hã ŋu ale si ɣeyiɣia aɖe mɔe, elabena ɖe wotrɔ asi le wo ŋu be woana nyatia me nakɔ nyuie. Ate ŋu ade nyatsoƒe bubuwo hã me nyawo eme nenye be woagakɔ nyatia me ɖe edzi ko.

 4. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo: Miniti 10. Anye nyabiabia kple ŋuɖoɖo eye womagblɔ ŋgɔdonya alo nyataƒonya o. Hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla si dze nawɔe. Nuƒolaa nabia nyabiase eveawo nyaselawo. Azɔ hã ate ŋu atiae be yeana woaxlẽ mawunyakpukpuia loo alo womaxlẽe o. Ame sia ame ƒe nyaŋuɖoɖo naxɔ sɛkɛnd 30 alo made o.

 5. Biblia Xexlẽ: Miniti 4. Woade dɔ sia asi na ŋutsu. Sukuvia axlẽ akpa si wode esi, eye magblɔ ŋgɔdonya alo nyataƒonya aɖeke o. Kpekpea ƒe zimenɔla atsi dzi ɖe kpekpeɖeŋunana sukuviawo ŋu be woaxlẽ nu nyuie, eme nakɔ, nyawo nazɔ tẽe, woate gbe ɖe nya siwo hiã dzi, woanya ale si woatrɔ gbe vovovoe, woagbɔ ɖe eme le afi siwo wòhiã le, eye woaxlẽ nua wòasɔ ɖe dzɔdzɔme nu. Esi Biblia xexlẽ ƒe dɔdeasi aɖewo le kpuie, eye ɖewo hã didi ta la, ele be Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea dzikpɔla nabu sukuviawo ƒe ŋutetewo ŋu ne ele dɔa mam.

 NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

6. Miniti 15. Wotrɔ asi le akpa sia ŋu be wòakpe ɖe ame sia ame ŋu wòadzra ɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu ahana woƒe dzeɖoɖowo kpakple gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ŋutetewo naganyo ɖe edzi. Woate ŋu ade sukuvi ƒe dɔwo asi na hamemetsitsiwo hã, ne ehiã. Sukuviawo dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ dɔ tso Nufiafia alo Lɔ̃ Amewo gbalẽ gbadzaa me nudidi si dze le kpɔtɔtɔ me le dɔdeasia gbɔ le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa me la ŋu. Ɣeaɖewoɣi woate ŋu abia be dɔdeasia nanye numedzodzro. Ne nenemae la, ke hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla si dze nawɔe.—Mikpɔ  memama 15 hena akpa siwo nye numedzodzro ŋuti mɔfiamewo.

 7. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze: Woade sukuvi ƒe dɔ sia asi na ŋutsu alo nyɔnu. Ŋutsu ƒe aƒemenɔla nanye ŋutsu eye nyɔnu hã tɔ nanye nyɔnu, alo woanye ƒometɔwo. Sukuvia kple eƒe aƒemenɔla ate ŋu anɔ anyi alo anɔ tsitrenu.—Miakpɔ dzeɖonya kple ɖaseɖiɖimɔnu si woazã na dɔdeasi sia ŋuti mɔfiame bubuwo le  memama 12 kple  13.

 8. Dzeɖoɖoa Dzi Yiyi: Woade sukuvi ƒe dɔ sia asi na ŋutsu alo nyɔnu. Ŋutsu ƒe aƒemenɔla nanye ŋutsu eye nyɔnu hã tɔ nanye nyɔnu. (km 5/97 axa 2) Sukuvia kple eƒe aƒemenɔla ate ŋu anɔ anyi alo anɔ tsitrenu. Sukuvia newɔ ale si woayi dzeɖoɖo si gɔme wodze va yi la dzi ƒe wɔwɔfia.—Miakpɔ dzeɖonya kple ɖaseɖiɖimɔnu si woazã na dɔdeasi sia ŋuti mɔfiame bubuwo le  memama 12 kple  13.

 9. Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ: Woate ŋu ade sukuvi ƒe dɔ sia asi na ŋutsu alo nyɔnu. Ŋutsu ƒe aƒemenɔla nanye ŋutsu eye nyɔnu hã tɔ nanye nyɔnu. (km 5/97 axa 2) Sukuvia kple eƒe aƒemenɔla ate ŋu anɔ anyi loo alo anɔ tsitrenu. Woawɔe wòanye Biblia nusɔsrɔ̃ si gɔme wodze xoxo. Womagblɔ ŋgɔdonya alo nyataƒonya o, negbe ɖe wobia tso sukuvia si be wòawɔ dɔ tso nudidi ma ŋu ko hafi. Togbɔ be woate ŋu axlẽ memamaawo hã la, mehiã be woaxlẽ wo katã kokoko o.

 10. Wò Dzixɔsewo Me Ðeɖe: Ne anye nuƒo la, woadee asi na ŋutsu. Ne woawɔe wòanye wɔwɔfia la, woate ŋu adee asi na ŋutsu alo nyɔnu. Ŋutsu ƒe aƒemenɔla nanye ŋutsu eye nyɔnu hã tɔ nanye nyɔnu, alo woanye ƒometɔwo. Sukuvia nazã nyatsoƒe si wona la me nyawo atsɔ aɖo tanya ƒe nyabiasea ŋu aɖaŋutɔe eme nakɔ. Sukuvia ate ŋu atiae nenye be yeakpɔ agbalẽ si woyɔ la me loo alo makpɔ eme o.

 11. Nuƒo: Woade sukuvi ƒe dɔdeasi sia asi na ŋutsu eye awɔe wòanye nuƒo na hamea. Ne wotu nuƒoa ɖe Lɔ̃ Amewo gbalẽ gbadzaa ƒe megbenya A me nyati aɖe dzi la, ele be sukuvia nagblɔ ale si woate ŋu azã mawunyakpukpuia(wo) le subɔsubɔdɔa mee. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu gblɔ ɣeyiɣi si woazã kpukpui aɖe, aɖe mawunyakpukpuia me, ahagblɔ ale si woazãe aɖo dze kple ame aɖee. Ne wotu nuƒoa ɖe Lɔ̃ Amewo gbalẽ gbadza ƒe nusɔsrɔ̃ aɖe dzi la, sukuvia nagblɔ ale si woawɔ nyatia ŋu dɔe le gbeadzi. Ate ŋu ahe susu ayi kpɔɖeŋu si dze le nusɔsrɔ̃a ƒe dzesi gbãtɔ me dzi alo aƒo nu tso mawunyakpukpui bubu siwo dze le nusɔsrɔ̃a me ŋu, ne ema aɖe vi.

   12. Dzeɖonya: Nya siwo le memama sia kple esi kplɔe ɖo me la ku ɖe “Dzeɖoɖo Gɔmedzedze” kple “Dzeɖoɖoa Dziyiyi” ƒe dɔdeasiwo ŋu. Ele be sukuvia ƒe taɖodzinu nanye be yeagblɔ Biblia me nyateƒe kpui aɖe si aɖe vi na ame si wòle dze ɖom kplii eye wòaɖo gɔmeɖoanyi na tɔtrɔyi, negbe ɖe wona mɔfiame bubu ko hafi. Sukuvia natia nyati si sɔ na ɣeyiɣia eye wòaɖe vi le mia gbɔ. Ate ŋu atiae be yeana agbalẽ alo aɖe video aɖe tso Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui me. Le esi teƒe be sukuvia nalé nyawo ɖe susu me agblɔ la, ele be wòasrɔ̃ dzeɖoɖomɔnu nyuiwo, le kpɔɖeŋu me ale si woaƒo nu tso nu si amea di ŋu alo agblɔ nya si sɔ ɖe nɔnɔmea nu.

   13. Ale Si Woawɔe: Sukuvia nazã ɖaseɖimɔnu si wotia nɛ la wòasɔ ɖe mia gbɔ nɔnɔmewo nu. Le kpɔɖeŋu me:

  1.  (1) Tso Aƒeme Yi Aƒeme: Efia gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu—ate ŋu anye ŋkume kple ŋkume, to telefon dzi, alo lɛtaŋɔŋlɔ—kple dzeɖoɖo dziyiyi kple ame aɖe si woɖi ɖase na va yi le aƒeme yi aƒeme dɔa me.

  2.  (2) Vomeɖaseɖiɖi: Ðaseɖimɔnu sia bia be woawɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋu dɔ atsɔ atrɔ dzeɖoɖo wòazu ɖaseɖiɖi. Ate ŋu anye Ŋɔŋlɔawo me nya vevi aɖe gbɔgblɔ na ame si nèdo goe le dɔ me, suku, nutoa me, ʋu me, alo teƒe bubuwo le wò gbe sia gbe dɔwɔwɔwo me.

  3.  (3) Dutoƒoɖaseɖiɖi: Ate ŋu anye ɖaseɖiɖi le kekevi ŋu, ɖaseɖiɖi le dɔwɔƒewo, ablɔdziɖaseɖiɖi, alo ɖaseɖiɖi le modzakaɖeƒewo, ʋutɔɖoƒewo, alo afi sia afi si míate ŋu akpɔ amewo le.

 14. Videowo Kple Agbalẽwo Zazã: Sukuvia ate ŋu atiae be yeazã video alo agbalẽ, le mia gbɔ nɔnɔmewo nu. Ne video le sukuvi ƒe dɔdeasia me alo ne wòtiae be yeazã video la, newɔ abe ɖe wòɖe videoa ene eye woadzro eme gake megaɖee o.

  KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

15. Ne miedzi ha vɔa, kpekpea ƒe miniti 15 si akplɔe ɖo la anye dɔdeasi ɖeka alo eve siwo ŋu wotrɔ asi le be wòakpe ɖe nɔviawo ŋu woatsɔ Mawu ƒe Nyaa ade dɔwɔwɔ me. Ne míena mɔfiame bubu aɖeke o la, woate ŋu ade dɔ siawo asi na hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla si dze, gake ne enye miaƒe nuhiahiãwo la, ekema hamemetsitsi nawɔe, negbe ɖe míena mɔfiame bubu ko hafi. Ne dɔdeasia nye numedzodzro la, nuƒolaa ate ŋu abia nya bubuwo le dɔdeasi bliboa me kpe ɖe biabia siwo wona la ŋu. Ele be eƒe ŋgɔdonya nanɔ kpuie ale be wòakpɔ ɣeyiɣi aƒo nu tso nya veviawo ŋu ahaɖe mɔ nyaselawo naɖo nyawo ŋu. Ne gbebiame le dɔdeasia me la, anyo be ame si woabia gbee la nanɔ nuƒolanɔƒea tsɔ wu be wòanɔ enɔƒe, ne anya wɔ.

  16. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃: Miniti 30. Woade akpa sia asi na hamemetsitsi si dze. (Ne hamemetsitsiwo mesɔ gbɔ o la, woate ŋu adee asi na subɔsubɔdɔwɔla siwo dze, ne ehiã.) Hamemetsitsiwo ƒe haa natia nɔvi siwo dze akpɔ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ dzi. Ele be nɔvi siwo wotia nate ŋu akpɔ nusɔsrɔ̃a dzi nyuie wòazɔ ɖe game dzi, woate gbe ɖe Ŋɔŋlɔ veviawo dzi ahakpe ɖe nɔviwo ŋu woakpɔ ale si nusɔsrɔ̃a ka woe. Anyo be nɔvi siwo wotia nato mɔfiame siwo wona ku ɖe ale si woakpɔ akpa siwo nye nyabiabia kple ŋuɖoɖowo dzii la me. (w23.04 axa 24, aɖaka) Ne miedzro kwasiɖaa ƒe nusɔsrɔ̃a me nyuie vɔ la, mehiã be miagagblẽ ɣeyiɣi adidi nusɔsrɔ̃a ɖe edzi o. Ne anya wɔ la, mizã nusɔsrɔ̃dzikpɔla kple nuxlẽla vovovowo kwasiɖa ɖe sia ɖe. Ne Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea ƒe zimenɔla gblɔ be woatso nusɔsrɔ̃a dzi la, ke ame si le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm ŋutɔ nakpɔ ale si wòawɔe. Ate ŋu ana woaxlẽ memama aɖewo ko.

  NYATAƑONYAWO

17. Miniti 3. Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea ƒe zimenɔla agato kpekpea me nya veviwo me. Azɔ hã, ele be wòahe susu ayi nu siwo me woadzro le kwasiɖa si akplɔe ɖo me dzi. Ne ɣeyiɣi li la, ate ŋu ayɔ sukuvi siwo awɔ dɔ le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la ƒe ŋkɔwo. Zimenɔlae awɔ gbeƒãɖeɖe alo axlẽ lɛta siwo hiã la na hamea le eƒe nyataƒoƒoa me, negbe ɖe míena mɔfiame bubu aɖe ko hafi. Migawɔ gbeƒãɖeɖe nyanyɛwo, abe gbeadziyiɖoɖowo kple akpataa me dzadzraɖo ŋuti gbeƒãɖeɖewo le kplɔ̃a ta o, ke boŋ miklãe ɖe nyatakakaʋuƒoa dzi. Ne edzɔ be ɣeyiɣi si woɖo na nyataƒonyawo masu woatsɔ awɔ gbeƒãɖeɖewo alo axlẽ lɛtawo o la, ke zimenɔlaa nabia tso nɔvi siwo le Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ ƒe dɔdeasiawo wɔm la si be woatso woƒe dɔdeasiawo dzi ale si dze. (Mikpɔ  memama 16 kple  19.) Woatsɔ hadzidzi kple gbedodoɖa awu kpekpea nu.

  SUKUVIAWO KAFUKAFU KPLE AÐAŊUÐOÐO NA WO

18. Ne sukuviawo dometɔ ɖe sia ɖe wu eƒe dɔ nu la, Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea ƒe zimenɔla azã abe miniti ɖeka anɔ te ɖe nudidi si wode asi na wo dzi akafu wo ahaɖo aɖaŋu na wo. Ne zimenɔlaa le sukuvi aɖe kpem la, mayɔ nudidi si wode asi nɛ o. Gake ne sukuvia wu eƒe dɔdeasia nu eye zimenɔlaa kafui ale si dze vɔ la, ayɔ nudidi si ŋu sukuvia wɔ dɔ le, eye wòagblɔ nu siwo koŋ ta sukuvia wɔ nudidi ma ŋu dɔ nyuie, alo aɖe nu si tae sukuvia agate ŋu atrɔ asi le nudidi ma ŋu wòanyo ɖe edzi kple ale si wòawɔe la me dɔmenyotɔe. Zimenɔlaa ate ŋu aƒo nu tso dɔdeasia ƒe akpa bubuwo hã ŋu ne ekpɔe be esia aɖe vi na sukuvia alo nyaselawo. Le sukuvi ɖe sia ɖe ƒe hiahiã nu la, agate ŋu anɔ te ɖe Lɔ̃ Amewo gbalẽ gbadzaa, Nufiafia agbalẽ gbadzaa alo Subɔsubɔ Suku gbalẽa dzi aɖo aɖaŋu tuameɖo bubuwo na eya ɖeɖe dzaa le kpakpã megbe alo ɣebubuɣi, ku ɖe nuƒoƒo ƒe nudidi si wode asi nɛ ŋu loo alo le nudidi bubu ŋu.—Mikpɔ  memama 19,  24, kple  25 hena mɔfiame siwo wona ku ɖe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea ƒe zimenɔla kple aɖaŋuɖola kpeɖeŋutɔ ƒe dɔwo ŋu.

     GAMEDZINƆNƆ

19. Dɔdeasi aɖeke megagbɔ gamea dzi o, Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea ƒe zimenɔla ƒe nyawo hã le eme. Togbɔ be woŋlɔ ɣeyiɣi si dɔdeasi ɖe sia ɖe axɔ la ɖe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea ƒe Nusrɔ̃gbalẽa dzi hã la, ne ame aɖe wɔ eƒe dɔdeasia vɔ hafi game si wonɛ de la, mehiã be wòadidi dɔdeasia be wòaxɔ gamea katã o. Ne nɔvi siwo wɔ dɔdeasi bubuawo dometɔ aɖe ɖu game la, Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔ Kpekpea ƒe zimenɔla alo aɖaŋuɖola kpeɖeŋutɔa naɖo aɖaŋu na eya ɖeɖe. (Mikpɔ  memama 24 kple  25.) Kpekpe bliboa axɔ gaƒoƒo 1 miniti 45, hadzidziwo kple gbedodoɖawo hã le eme.

 NUTOME SUE DZIKPƆLA ƑE SASRÃKPƆ

20. Ne nutome sue dzikpɔla va srã hame aɖe kpɔ la, ɖoɖo si le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽa me ke dzie kpekpea azɔ ɖo, negbe tɔtrɔ siwo gbɔna koe woawɔ: Nutome sue dzikpɔla ƒe subɔsubɔnuƒo si axɔ miniti 30 la axɔ ɖe Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ si le akpa si nye Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ te la teƒe. Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea ƒe zimenɔla agato nu siwo wosrɔ̃ ƒe nya veviwo me, ahe susu yi kwasiɖa si kplɔe ɖo tɔwo dzi eye wòawɔ gbeƒãɖeɖe alo axlẽ lɛta siwo hiã hafi akpe nutome sue dzikpɔlaa be wòaƒo eƒe subɔsubɔnuƒoa. Le nuƒoa megbe la, nutome sue dzikpɔla awu kpekpea nu kple hadzidzi si wòtia. Ate ŋu akpe nɔviŋutsu bubu be wòava do gbe ɖa woatsɔ aƒo kpekpea ta. Hamea mawɔ kpekpe le gbegbɔgblɔ ma ke me le sukuxɔ evelia me ne nutome sue dzikpɔla va o. Ne ƒuƒoƒo aɖe le hamea si la, woate ŋu awɔ woƒe kpekpewo le sukuxɔ evelia me ne nutome sue dzikpɔla le hamea ŋutɔ gbɔ gɔ̃ hã. Gake ƒuƒoƒoa nawɔ ɖeka kple hamea ase nutome sue dzikpɔla ƒe subɔsubɔnuƒoa.

 TAKPEKPE ƑE KWASIÐA

21. Womawɔ hame ƒe kpekpe aɖeke le takpekpe ƒe kwasiɖawo me o. Ele be woaɖo ŋku edzi na hamea be ame ɖe sia ɖe alo ƒome ɖe sia ɖe nadzro kwasiɖa ma ƒe kpekpea me le eɖokui si.

 ŊKUÐODZI ƑE KWASIÐA

22. Ne Ŋkuɖodzia dze kwasiɖa domedome ƒe ŋkeke aɖe dzi la, womawɔ Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea o.

 AGBENƆNƆ KPLE SUBƆSUBƆDƆ KPEKPEA DZIKPƆLA

23. Hamemetsitsiwo ƒe haa natia hamemetsitsi ɖeka wòanye Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea dzikpɔla. Eyae akpɔ egbɔ be kpekpea zɔ ɖe ɖoɖo nu nyuie hewɔ ɖeka kple mɔfiame siwo míena fifia. Ele be dzeɖoɖo nanɔ eya kple aɖaŋuɖola kpeɖeŋutɔa dome ku ɖe kpekpea ŋu. Ne Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ yeye do ko la, Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea dzikpɔla nama ɣleti eve ƒe dɔdeasi siwo katã le nusrɔ̃gbalẽa me. Esia fia be eyae ama sukuviwo ƒe dɔdeasiwo kple esiwo menye sukuviwo ƒe dɔdeasiwo o la siaa, eye wòatia ame siwo dzi hamemetsitsiwo ƒe haa da asi ɖo be woanye zimenɔlawo (Mikpɔ  memama 3-16 kple  24.) Ne ele sukuviwo ƒe dɔdeasiwo mam la, ele be wòabu sukuviawo ƒe ƒexɔxɔ, nuteƒekpɔkpɔ, kple ale si woate ŋu aƒo nu tso nyatia ŋu faa ŋu. Ele be wòawɔe alea ne ele kpekpea me dɔdeasi bubuawo mam. Ele be dɔdeasiawo naka dɔa wɔlawo si kwasiɖa etɔ̃ ya teti hafi gbe si gbe woawɔ dɔa naɖo. Eye wòaŋlɔ sukuviwo ƒe dɔdeasiawo ɖe Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Dɔdeasigbalẽvia (S-89) dzi atsɔ ana wo. Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea dzikpɔla nakpɔ egbɔ be woklã dɔdeasiawo ƒe ɖoɖowɔɖi bliboa ɖe nyatakakaʋuƒoa dzi. Hamemetsitsiwo ƒe haa ate ŋu atia hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla aɖe wòanɔ kpekpem ɖe eŋu. Gake hamemetsitsiwo koe ama dɔdeasi siwo menye sukuviwo ƒe dɔwo o.

    AGBENƆNƆ KPLE SUBƆSUBƆDƆ KPEKPEA ƑE ZIMENƆLA

24. Le kwasiɖaa me la, hamemetsitsi ɖeka anye Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea ƒe zimenɔla. (Ne hamemetsitsiwo mesɔ gbɔ o la, ke miate ŋu adee asi na subɔsubɔdɔwɔla siwo dze, ne ehiã.) Adzra ɖo ɖe kpekpea ƒe ŋgɔdonya kple nyataƒonya siwo wòagblɔ ŋu. Eyae ayɔ ame siwo katã awɔ dɔ le kpekpea me la ava kplɔ̃a ta, eye le hamemetsitsiwo ƒe agbɔsɔsɔ nu la, ate ŋu ahiã be wòawɔ dɔdeasi bubuwo le kpekpea me, vevietɔ le akpa siwo woaɖe video aɖe si me womadzro o. Mele be wòaƒo nu fũu le kpekpea dzi kpɔkpɔ me o. Hamemetsitsiwo ƒe haa natia hamemetsitsi siwo dze anye kpekpea ƒe zimenɔlawo. Woana hamemetsitsi siwo dze la nanɔ zimenɔla ƒe dɔa wɔm ɖe wo nɔewo yome. Gake le ale si nɔnɔmeawo le nu la, ate ŋu adzɔ be Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea dzikpɔla nanɔ zimenɔla ƒe dɔa wɔm kabakaba wu hamemetsitsi bubu siwo wotia. Ne hamemetsitsi aɖe dze akpɔ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ dzi la, ke anɔ eme be edze anye kpekpea ƒe zimenɔla hã. Gake míeɖe kuku miɖo ŋku edzi be ahiã be hamemetsitsi si anye zimenɔla la nakafu ame siwo wɔ sukuviwo ƒe dɔdeasiawo ahaɖo aɖaŋu tuameɖowo na wo ne ehiã. Zimenɔla kee akpɔ egbɔ be kpekpea wu enu ɖe game dzi. (Mikpɔ  memama 17 kple  19.) Ne zimenɔlaa lɔ̃ eye teƒe le nuƒolanɔƒea la, woate ŋu aglã nuƒomɔ̃ bubu nɛ ale be ne eva kplɔ̃a ta be yeayɔ ame si kplɔe ɖo la, ame si awɔ dɔdeasia hã ava nuƒolanɔƒea hafi zimenɔlaa nawu eƒe nyawo nu. Nenema kee ne zimenɔlaa lɔ̃ la, ate ŋu anɔ anyi ɖe kplɔ̃ ŋu le nuƒolanɔƒea ne wole sukuvi ƒe Biblia xexlẽ kple kpekpea ƒe akpa si nye Na Wò Subɔsubɔdɔ Nanyo Ðe Edzi ƒe dɔdeasiawo wɔm. Esia ana womagblẽ ɣeyiɣi o.

   AÐAŊUÐOLA KPEÐEŊUTƆ

25. Ne anya wɔ la, anyo be woatia hamemetsitsi si nye nuƒola bibi be wòawɔ dɔ sia. Aɖaŋuɖola kpeɖeŋutɔa ƒe dɔe nye be, ne ehiã la, wòaɖo aɖaŋu na hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla siwo awɔ dɔ le kplɔ̃a ta eɖanye le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea me, ne woƒo dutoƒonuƒowo, ne wokpɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ alo Hamea Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ dzi, alo xlẽ memamawo le nusɔsrɔ̃a wɔɣi. (Mikpɔ  memama 19.) Ne hamemetsitsi siwo nye nuƒola bibiwo kple nufiala nyuiwo sɔ gbɔ le hamea me la, ke woate ŋu aɖɔli aɖaŋuɖola kpeɖeŋutɔa ƒe sia ƒe. Mehiã kokoko be aɖaŋuɖola kpeɖeŋutɔa naɖo aɖaŋu na nɔviawo ɣesiaɣi si wowɔ dɔdeasi aɖe o.

 SUKUXƆ BUBUWO

26. Ne sukuviwo sɔ gbɔ le hame aɖe me la, woate ŋu awɔ ɖoɖo awɔ sukuviwo ƒe dɔdeasiwo le sukuxɔ bubuwo hã me. Aɖaŋuɖola bibi aɖe nakpɔ sukua dzi le sukuxɔ bubuawo me, eye anyo ŋutɔ be wòanye hamemetsitsi. Le afi si wòhiã le la, woate ŋu azã subɔsubɔdɔwɔla si dze nyuie. Hamemetsitsiwo ƒe haa natia ame si dze awɔ dɔ sia eye woakpɔe ɖa ne ehiã be woadee asi na ame vovovowo ɖe wo nɔewo yome. Aɖaŋuɖolaa nawɔ ɖe mɔfiame siwo le  memama 18 lia me dzi. Ne wowu Nu Xɔasi Siwo Le Mawu Ƒe Nyaa Me ƒe dɔdeasi si nye Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo nu ko la, woana sukuvi siwo si dɔ le le sukuxɔ bubu me la nayi afi ma. Woagawɔ ɖeka kple hamea ne sukuvi mamlɛa wɔ eƒe dɔdeasi vɔ.

 VIDEOWO

27. Woawɔ video aɖewo koŋ be míaɖe le kpekpe sia me. Woada video siwo míaɖe le kwasiɖa domedome kpekpea me la ɖe JW Library® dɔwɔnua dzi ame sia ame nakpɔ.

© 2023 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

S-38-EW 11/23