Dzo kpo yi emenuwo dzi

“Yehowa Na Wokpɔ Dzidzɔ”

Le video sia me la, àkpɔ ale si Zerubabel, Nunɔlagã Yosua, kple Israel-vi siwo trɔ gbɔ tso Babilon la ɖu kuxi siwo na womegava nɔ dzidzɔ kpɔm o la dzi. Àkpɔ ale si wote ŋu ɖu kuxi mawo dzi esime woɖe dzinɔameƒo kple xɔse fia togbɔ be amewo tsi tsitre ɖe wo ŋu gɔ̃ hã la le eme. Woɖe video sia me nyawo tso mawunyakpukpui siawo me: Ezra 1:1-6; 3:1-6, 10-13; 4:1-7, 11-16; 5:3-5; 6:6-12, 22; Hagai 1:2-11; 2:3-9; Zakariya 1:12-16; 2:7-9; 3:1, 2; 4:6, 7.